Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Easter (Pâques) Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Easter (Pâques) Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Easter (Pâques) metso Biblia me o. Gake ne èlé ŋku ɖe azã sia ƒe ŋutinya ŋu nyuie la àde dzesi gɔmesese si le azã sia si. Wotui ɖe blemavidzidzi ƒe kɔnu aɖe dzi. Lé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu.

  1.   Ŋkɔa: Numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Míenya Eŋlisigbe me ŋkɔ si nye Easter ƒe dzɔtsoƒe tututu o; Anglo-Saxontɔwo ƒe mawununɔla Venerable Bede si nɔ anyi le ƒe 700 mee ɖe ŋkɔ sia tso Anglo-Saxontɔwo ƒe adamemawunɔ Eostre ƒe ŋkɔ me.” Ame bubuwo gblɔna be azã sia do ƒome kple Foiniketɔwo ƒe vidzidzimawunɔ Astarte si Babiloniatɔwo ya yɔna be Ishtar.

  2.   Nukpui, Fɔmizi: Esiawo nye vidzidzi ƒe dzesi “siwo dzɔ tso Europatɔwo kple Asiatɔwo ƒe blemakɔnuwo kple dzesi siwo wowɔna le trɔ̃zã siwo woɖuna le adame me la me.”​—Encyclopædia Britannica.

  3.   Azi: Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Easter-zi siwo wosusu be Easter-fɔmiziwo hena vanɛ didi “menye ɖeviwo ƒe fefe dzro ko o, ke boŋ vidzidzikɔnu siwo wowɔna le blema dzi yiyie.” (Funk & Wagnalls Standard Dictionary of Folklore, Mythology and Legend) Le dukɔ aɖewo me la, amewo susui be Easter-zi siwo wosi aŋɔ na nyuie “ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ, nudzedziname, lãmesẽ kple takpɔkpɔ vɛ na ame nukutɔe.”—Traditional Festivals.

  4.   Easter-wu yeyewo: “Wobui be enye amemabumabu kple dzɔgbe vɔ̃e be woanɔ awu xoxowo me ado gbe na Scandinaviatɔwo ƒe Adamemawunɔ alo Eastre.”—The Giant Book of Superstitions.

  5.   Ɣe ƒe dzedze ƒe sɔlemewɔwɔ: Wogblɔ be kɔnu sia do ka kple blemaɣesubɔlawo ƒe kɔnu siwo “wowɔna le adame tsɔ doa dzaa na ɣe la kple eƒe ŋusẽ gã la be wòana agbe yeye nu miemiewo katã.”—Celebrations—The Complete Book of American Holidays.

 Agbalẽ si nye The American Book of Days ɖɔ Easter ƒe dzɔtsoƒe wòsɔ nyuie be: “Ðikeke mele eme o be le Sɔlemeha ƒe gɔmedzedze la, eda asi ɖe blematrɔ̃subɔsubɔ ƒe kɔnuwo dzi eye wòtsɔ Kristotɔwo ƒe gɔmesese na wo.”

 Biblia xlɔ̃ nu mí tso tadede agu na Mawu to kɔnyinyi kple kɔnu siwo medzea eŋu o dzi la ŋu. (Marko 7:6-8) Eye 2 Korintotɔwo 6:17 gblɔ be: “‘Miɖe mia ɖokui ɖa,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.’” Easter nye trɔzã, eye ele be ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la natsrii.