Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?

 Biblia ƒe mɔfiamewoe kpena ɖe mía ŋu míenyana ale si míabu sukudenyawo. Ðasefo ɖe sia ɖe wɔa eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na heheea ŋu dɔ ale be wòanya ale si wòatsɔ gɔmeɖose siwo gbɔna la awɔ dɔe. a

 Sukudede le vevie

 Sukudede kpena ɖe ame ŋu be “nunya vavãtɔ” kple “tamebubuŋutete” sua ame si, eye Biblia ƒo nu nyui tso nɔnɔme siawo ŋu. (Lododowo 2:10, 11; 3:21, 22) Tsɔ kpe ɖe eŋua, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woafia nu siwo ƒe se yede na woa ame bubuwo. (Mateo 28:19, 20) Eya ta míedea dzi ƒo na míaƒe hamewo me tɔwo be woade suku ale si dze, eye woasrɔ̃ nu vovovowo abe nuxexlẽ, nuŋɔŋlɔ kple nuƒoƒo nyuie ene, b eye woanya nu tso dekɔnuwo kple subɔsubɔhawo hã ŋu.—1 Korintotɔwo 9:20-22; 1 Timoteo 4:13.

 Dziɖuɖuwo hã kpɔe be sukudede le vevie eye zi geɖea, wodea se be ɖeviwo nade suku ase ɖe titinasuku ya teti. Míewɔna ɖe se siawo dzi, elabe Biblia gblɔ be: “Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo [alo, dziɖuɖuwo] te.” (Romatɔwo 13:1) Gawua, míedea dzi ƒo na mía viwo be woado vevie nu le suku awɔ woƒe ŋutetewo katã eye woagawɔ kuvia o. c Nu si tae nye be, Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23.

 Sukudede kpena ɖe mía ŋu míekpɔa míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Biblia gblɔ be, “ne ame aɖe mekpɔa eya ŋutɔ tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ o, vevietɔ eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (1 Timoteo 5:8) Sukudede ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ Mawu ƒe nudidi si nye be míakpɔ míaƒe ƒomewo dzi. Numekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be, taɖodzinu vevi aɖe si le sukudede ŋue nye be “wòakpe ɖe amewo ŋu dɔwɔɖui nasu wo si . . . eye woawɔ dɔ siwo aɖe vi na dukɔa.” Ame si de suku ale si dze eye wòsrɔ̃ dɔa, ate ŋu akpɔ eƒe ƒomea dzi nyuie wu ame si mede suku alo srɔ̃ dɔ aɖeke o.—Lododowo 22:29.

 Nuhiahiã vevi aɖe si gbɔ dzilawo kpɔna na wo viwo ye nye be wokpena ɖe wo ŋu be woava su te anɔ wo ɖokui si ne wotsi, eye sukudede wɔa akpa vevi aɖe le esia me. (2 Korintotɔwo 12:14) Míedea dzi ƒo na dzilawo be woana wo viwo nade suku ne sukudede famaxee ƒe ɖoɖo mele wo gbɔ o, ne esesẽna be woakpɔ suku ade, alo ne woƒe dekɔnuwo medea sukudede ƒe dzi ƒo o gɔ̃ hã. d Eye míeɖoa aɖaŋu nyui siwo afia dzilawo ale si woakpe ɖe wo viwo ŋu le woƒe sukudenyawo me. e

 Ele be míada asɔ le sukudenyawo me

 Míebua nuwo ŋu nyuie hafi tiaa suku si míade. Biblia gblɔ be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.” (Lododowo 14:15) Ale si míewɔna ɖe gɔmeɖose sia dzie nye be míeléa ŋku ɖe suku vovovo siwo ame ate ŋu ade le sekɛndri suku (lycée) dede vɔ megbe ŋu nyuie, eye míebua ga si wòabia kple ale si wòaɖe vii hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋudɔ alo asinudɔ sɔsrɔ̃ mebia ɣeyiɣi geɖe akpa o, gake eɖea vi ŋutɔ.

 Nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu ɖea vi geɖe wu sukunusɔsrɔ̃. Nu siwo míesrɔ̃na le Biblia me tso Mawu ŋua ate ŋu ana míakpɔ agbe mavɔ, gake mele nenema le sukunɔsɔsrɔ̃ ya gome o. (Yohanes 17:3) Efiaa agbe nyui nɔnɔ hã mí, si fia be ekpena ɖe mía ŋu míenyaa “nu si le dzɔdzɔe, nu si sɔ, kple nu si le eteƒe” eye míesea “mɔ nyuiwo katã gɔme.” (Lododowo 2:9) Míate ŋu atsɔ hehe si apostolo Paulo xɔ asɔ kple hehe si amewo xɔna le yunivɛsiti egbea, gake egblɔ be ‘Kristo Yesu ŋuti sidzedze xɔ asi sãsãsã wu.’ (Filipitɔwo 3:8; Dɔwɔwɔwo 22:3) Nenema kee egbea, togbɔ be Yehowa Ðasefo geɖe de suku kɔkɔ gɔ̃ hã, woxɔe se be nu siwo yewosrɔ̃ le Biblia mea xɔ asi sãsãsã wu. f

Biblia sɔsrɔ̃ wɔnɛ be nɔnɔme nyuiwo sua mía si

 Suku kɔkɔ dede ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu

 Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Yehowa Ðasefowo kpɔe be ale si nuwo yia edzi le yunivɛsiti aɖewo kple suku kɔkɔ mawo tɔgbi mea ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Le susu ma ta, Ðasefo geɖe tiae be yewo ŋutɔwo alo yewo viwo made suku mawo o. Wode dzesii be wodoa susu totro siwo gbɔnaa ɖe ŋgɔ le suku kɔkɔ mawo me zi geɖe:

  •   Susu totro: Gae ana ame nakpɔ dzidzɔ le agbe me eye wòanɔ dedie

     Amewo gblɔna zi geɖe be suku kɔkɔ dede koe ana ame nakpɔ dɔ si me ga geɖe le. Esia tae ame geɖe va le suku kɔkɔ dem ɖo. Ame geɖe susuna be gae ana yewoakpɔ dzidzɔ eye yewoanɔ dedie, gake Biblia ɖee fia be esia menye nyateƒe o. (Nyagblɔla 5:10) Gawua, Biblia na míenya hã be “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃,” eye zi geɖea, enana ame ƒe xɔse hã gbɔdzɔna. (1 Timoteo 6:10) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoagana “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ƒe mɔ̃a naɖe yewo o.—Mateo 13:22.

  •   Susu totro: Ele be nàde suku kɔkɔ ale be bubu nanɔ ŋuwò

     Le kpɔɖeŋu me, Nika Gilauri, si nye dziɖuɖumegã tsã le Georgia gblɔ tso susu si le ame geɖe si le woƒe dukɔa me ŋu ale: “Ne èdi be bubu nanɔ ŋuwò le Georgia la, ke ele be nàde yunivɛsiti godoo. . . . [Tsãa,] wobua sɔhɛ siwo mede yunivɛsiti o be wonye ŋukpe na woƒe ƒomewo.” g Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míagadi bubu le xexe sia me o. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, egblɔ na subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo dina be amewo nakafu yewoa be: “Aleke wɔ miaxɔ dzinye ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ?” (Yohanes 5:44) Yunivɛsitidede ate ŋu awɔe be ame nava nɔ eɖokui dom ɖe dzi, evɔ Mawu lé fu nɔnɔme sia.—Lododowo 6:16, 17; 1 Petro 5:5.

  •   Susu totro: Ame sia ame ate ŋu atso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu na eɖokui

     Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be Mawue wòle be wòaɖo nu si nye nyui kple vɔ̃ na yewo. (Yesaya 5:20) Agbalẽ aɖe (Journal of Alcohol and Drug Education) gblɔ be sɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu le yunivɛsitiwo wɔe be sukuvi geɖe “va nɔa agbe si to vovo na nu si woawo ŋutɔwo nya tso nyui kple vɔ̃ ŋu.” h Ðeko esia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Le yunivɛsitiwoa, nuwɔna siwo Mawu lé fui, abe aha tsu nono, atike vɔ̃ɖi zazã, kple gbɔdɔdɔ manɔsenu ene bɔ, eye wodea eƒe dzi ƒo gɔ̃ hã.—1 Korintotɔwo 6:9, 10; 2 Korintotɔwo 7:1.

  •   Susu totro: Suku kɔkɔ dede ye ana nuwo nanyo le xexea me

     Míede dzesii be ame geɖe dea suku kɔkɔ, menye ɖe ga, bubu, alo agbe blibaa nɔnɔ ta o, ke boŋ be agbea nade yewo dzi eye yewoana nuwo nanyo ɖe edzi le xexea me. Gɔmesese le esia ŋu ya, gake abe ale si wònɔ le Yesu gome enea, mí Yehowa Ðasefowo míeɖoa ŋu ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu be eya koe ate ŋu ana nuwo nanyo le xexea me. (Mateo 6:9, 10) Gake menye ɖeko míenɔa anyi naneke mawɔmawɔe anɔ mɔ kpɔm be Mawu Fiaɖuƒea nava ɖɔ xexea ƒe kuxiwo ɖo o. Ke boŋ abe Yesu enea, míegblɔa “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia” na amewo le xexea me godoo, eye ƒe sia ƒea, míekpena ɖe ame akpe alafa geɖewo ŋu wotrɔa woƒe agbenɔnɔ va nyea ame ɖɔʋuwo. iMateo 24:14.

a Ðasefo sɔhɛ siwo gakpɔtɔ le wo dzilawo gbɔ le aƒe mea wɔa wo dzilawo ƒe didiwo dzi le sukudenyawo gome, zi ale si wometsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o ko.—Kolosetɔwo 3:20.

b Le susu sia ta, míeta agbalẽ miliɔn 11 kple edzivɔ tsɔ fia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo, eye wo dometɔ ɖekae nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ gbalẽa. Azɔ hã, míewɔ ɖoɖo fiaa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ amewo femaxee le xexea me godoo le gbegbɔgblɔ 120 me. Tso ƒe 2003 va se ɖe ƒe 2017 la, míefia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ame siwo ade 70,000.

c Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Madzudzɔ Sukudedea?” Ele yevugbe me.

d Le kpɔɖeŋu me, míedea dzi ƒo na dzilawo be woade wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo suku. Kpɔ nyati si nye “Ðe Wòle Be Vinye Nade Sukua?” si dze le March 15, 2003 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

f Kpɔ jw.org ƒe akpa si nye “Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Afi Si Agbe Dzɔ Tso Ŋu.”

g Practical Economics: Economic Transformation and Government Reform in Georgia 2004—2012, axa 170.

h Babla 61, No. 1, April 2017, axa 72.

i Kpɔ jw.org ƒe akpa si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” be nàxlẽ amewo ƒe agbemeŋutinya siwo ana nàkpɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa kple Fiaɖuƒe gbedeasia ŋu.