Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yesue Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔa?

Yesue Nye Mawu Ŋusẽkatãtɔa?

Ale si Bibia ɖo eŋui

 Yesu ƒe futɔwo tsɔ nya ɖe eŋu be etsɔ eɖokui sɔ kple Mawu. (Yohanes 5:18; 10:30-33) Ke hã Yesu megblɔ kpɔ be yele tasɔsɔ me kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Egblɔ be: “Fofo la lolo wum.”—Yohanes 14:28.

 Yesu yomedzelawo mebu Yesu be esɔ kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ ɖi be esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, “Mawu [do Yesu] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe.” Eme kɔ ƒãa be Paulo mebui be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Ne menye nenema o la, aleke wɔ Mawu agado Yesu ɖe dzi wòava nɔ ɖoƒe kɔkɔ?—Filipitɔwo 2:9.