Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kae Nye Mawudɔla Gãtɔ Mikael?

Ame Kae Nye Mawudɔla Gãtɔ Mikael?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Edze ƒãa be Mikael, si subɔsubɔha aɖewo yɔna be “Mikael Kɔkɔe,” ye nye ŋkɔ si wona Yesu le dziƒo hafi wòva anyigba dzi kple esi wòtrɔ yi dziƒo. a Mikael ʋli nya kple Satana le Mose ƒe kukua ŋu, eye wògakpe ɖe mawudɔla aɖe hã ŋu wòtsɔ Mawu ƒe gbedeasi yi na nyagblɔɖila Daniel. (Daniel 10:13, 21; Yuda 9) Ŋkɔ Mikael gɔmee nye “Ame Kae Le Abe Mawu Ene,” eye Yesu nɔ agbe wòsɔ kple ŋkɔ ma, elabena eʋli Mawu ƒe dziɖulanyenye ta eye wòwɔ aʋa kple Mawu ƒe futɔwo.​—Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 12:7.

 Kpɔ susu siwo tae wòsɔ be woaƒo nya ta be Yesue nye mawudɔla gãtɔ Mikael la ɖa.

  •   Mikael ye nye “mawudɔla gãtɔ” la. (Yuda 9) Dzesideŋkɔ “mawudɔla gãtɔ,” si fia “mawudɔlawo ƒe tatɔ” la dze le Biblia me zi eve pɛ ko. Le go evea siaa me la, womegblɔ be “mawudɔla gãtɔwo” abe ɖe wosɔ gbɔ ene o; esia fia be mawudɔla ɖeka ŋu koe ŋkɔ ma le. Kpukpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ be Aƒetɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la “atsɔ gbeɖeɖe sesẽ kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe . . .  aɖi tso dziƒo.” (1 Tesalonikatɔwo 4:16) “Mawudɔla gãtɔ ƒe gbe” le Yesu si, elabena eyae nye mawudɔla gãtɔ Mikael.

  •   Mikael ye le mawudɔlawo ƒe aʋakɔa nu. “Mikael kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la,” si nye Satana. (Nyaɖeɖefia 12:7) Ŋusẽ geɖe le Mikael si le dziƒonutowo me, elabena woyɔe be “amegã,” kple “amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka.” (Daniel 10:13, 21; 12:1) Dzesideŋkɔ siawo fia be Mikael ye nye “mawudɔlawo ƒe aʋakɔa ƒe tatɔ” abe ale si Nubabla Yeyea ŋuti nunyala David E. Aune gblɔe ene.

     Teƒe bubu ɖeka aɖe koe Biblia gagblɔ le be ame aɖe kpɔ ŋusẽ ɖe mawudɔlawo ƒe aʋakɔa dzi. Eƒo nu tso “Aƒetɔ Yesu kple eƒe dɔla sẽŋuwo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo . . . , esime wòabia hlɔ̃” ŋu. (2 Tesalonikatɔwo 1:7, 8; Mateo 16:27) Yesu yi “dziƒo, . . . eye wotsɔ mawudɔlawo kple dziɖulawo kpakple ŋusẽtɔwo de ete.” (1 Petro 3:21, 22) Fia eve menɔa zikpui ɖeka dzi o, eya ta Mawu mate ŋu aɖo ame vovo eve, siwo nye Yesu kple Mikael, be woanye mawudɔla kɔkɔewo ƒe tatɔ o. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be ŋkɔ evea siaa, Yesu kple Mikael, yi na ame ɖeka.

  •   Mikael “ado” le “xaxaɣi” si meva kpɔ o la me. (Daniel 12:1) Le Daniel ƒe agbalẽa me la, wozãa nya ‘do’ wòkuna ɖe fia aɖe si tso be yeaɖe afɔ vevi aɖe ŋu. (Daniel 11:​2-4, 21) Yesu Kristo si wogayɔna be “Mawu Ƒe Nya La,” eye wònye “fiawo dzi Fia” la aɖe afɔ vevi aɖe atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã ahakpɔ Mawu ƒe amewo ta. (Nyaɖeɖefia 19:11-16) Awɔ esia le “xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o” la me.​—Mateo 24:21, 42.

a Woyɔ ŋkɔ si wu ɖeka na ame bubuwo hã le Biblia me. Wo dometɔ aɖewoe nye Yakob (si wogayɔna be Israel), Petro (si wogayɔna be Simon), kple Tadeo (si wogayɔna be Yuda).​—1 Mose 49:1, 2; Mateo 10:2, 3; Marko 3:18; Dɔwɔwɔwo 1:13.