Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mawu Ŋkɔe Nye Yesua?

Mawu Ŋkɔe Nye Yesua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Yesu yɔ eɖokui be “Mawu ƒe Vi.” (Yohanes 10:36; 11:4) Yesu megblɔ kpɔ be yenye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o.

 Gawu la, Yesu do gbe ɖa na Mawu. (Mateo 26:39) Esi Yesu nɔ gbedodoɖa fiam eyomedzelawo la, egblɔ be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Mateo 6:9.

 Yesu ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖe go esi wòyɔ nya tso blema Ŋɔŋlɔ aɖe me hegblɔ be: “Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.”—Marko 12:29; 5 Mose 6:4.