Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Mawu Lia?

Ðe Mawu Lia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃, kpeɖodzi sẽŋuwo le Biblia me siwo ɖee fia be Mawu li. Edea dzi ƒo na mí be míaxɔ Mawu dzi ase, menye be míaxɔ mawusubɔla aɖewo ƒe nyagbɔgblɔwo dzi se tamemabumabui o. Ke nu si wòxlɔ̃ nu mí be míawɔ boŋue nye be míawɔ míaƒe “tamebubuŋutete” kple “nugɔmesese deto” ŋu dɔ. (Romatɔwo 12:1; 1 Yohanes 5:20) Na míadzro susu siawo siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la me kpɔ:

  •   Esi xexe sia le ɖoɖo nu eye nu gbagbewo le eme ta la, efia be Wɔla aɖe li. Biblia gblɔ be: “Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Togbɔ be numeɖeɖe sia le bɔbɔe ŋutɔ hã la, agbalẽnyala geɖe gblɔna be eɖe kpe ŋutɔ. a

  •   Mí amegbetɔwo míedina vevie be míase nu si ta míele agbe kple taɖodzinu si le agbea ŋu la gɔme. Eye ne míeɖi kɔ na míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã la, didi sia ya gakpɔtɔ nɔa mía me. Didi sia nye nu si Biblia yɔ be míaƒe ‘gbɔgbɔmenuhiahiãwo’ la ƒe akpa aɖe, elɔ didi be míanya Mawu ahasubɔe ɖe eme. (Mateo 5:3; Nyaɖeɖefia 4:11) Ale si míedina be míaɖi kɔ na míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ɖo kpe edzi be Mawu li, eɖee fia hã be Wɔla lɔ̃ame si di be míaɖi kɔ na didi ma lae wònye.​—Mateo 4:4.

  •   Nyagblɔɖiwo le Biblia me siwo me nyawo wogblɔ ɖi tsitotsito ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ eye wova eme pɛpɛpɛ. Ale si nyagblɔɖi mawo va eme pɛpɛpɛ kple ale si wogblɔ wo me nyawo tsitotsito la ɖee fia be ame aɖe si kɔ boo wu amegbetɔwo gbɔe wotso.​—2 Petro 1:​21.

  •   Biblia-ŋlɔlawo nya nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋu wòƒo wo ŋɔlimetɔwo tɔ ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, le blema la, ame geɖewo xɔe se be lã aɖewo dzie míaƒe anyigba la le, eye wogblɔna be lã siawo dometɔ aɖewoe nye atiglinyi, gbeha alo nyitsu. Gake Biblia ya gblɔ be Mawu “meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Nenema ke Biblia ɖɔ anyigba ƒe nɔnɔme wòde pɛpɛpɛ be ele “nogoo” alo “godoo.” (Yesaya 40:22, Eʋegbe Biblia) Ame geɖe xɔe se be nu si tae Biblia-ŋlɔlawo te ŋu nya nu mawo siwo ŋu wo ŋɔlimetɔwo menya naneke tsoe o gblɔ lae nye be Mawue ɖee fia wo.

  •   Biblia ɖo nyabiase sesẽ geɖe siwo ate ŋu awɔe be ame nazu mawudzimaxɔsela ne mekpɔ ŋuɖoɖo na wo o la ŋu. Nyabiase siawo dometɔ aɖewoe nye, Ne Mawu lɔ̃ ame eye wònye ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae fukpekpe kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ bɔ ɖe xexea me alea gbegbe? Nu ka tae zi geɖe la, mawusubɔsubɔhawo wɔe be amewo wɔa nu vɔ̃ esi woana be amewo nawɔ nu nyui boŋ?​—Tito 1:​16.

a Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋununyala Allan Sandage gblɔ tso míaƒe xexe gbahoo sia ŋu kpɔ be: “Esesẽ nam be maxɔe ase be ale si nuwo [xexea me nuwo] le ɖoɖo nui nye nu si dzɔ tso zitɔtɔ manɔɖoɖonu aɖe me. Ame aɖe kokokoe anya wɔ wo ɖe ɖoɖo nu. Le gonye me la, womate ŋu ase Mawu gɔme o, gake eyae trɔ asi le nuwo ƒe anyinɔnɔ manyatalenu sia ŋu.”