Dzo kpo yi emenuwo dzi

Afi Kae Kain Kpɔ Srɔ̃ Le Ðe?

Afi Kae Kain Kpɔ Srɔ̃ Le Ðe?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Atsu kple asi gbãtɔ ƒe ŋgɔgbevi si nye Kain la, anya ɖe nɔvianyɔnu loo, alo nyɔnu bubu si nye eƒe ƒometɔ kplikplikpli. Ne míedzro nya si Biblia gblɔ tso Kain kple eƒe ƒomea ŋu me la, míate ŋu aƒo nya ta alea.

Kain kple eƒe ƒomea ŋuti nya veviwo

  •   Amegbetɔwo katã dzɔ tso Adam kple Xawa me. Mawu ‘na dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka [Adam] me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Adam srɔ̃, Xawa, va nye “amegbetɔwo katã dada.” (1 Mose 3:20) Eya ta Kain anya ɖe Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviawo dometɔ ɖeka.

  •   Kain kple nɔvia Abel ye Xawa dzi gbã hafi va dzi vi bubuwo. (1 Mose 4:1, 2) Esi wonya Kain de gbe le esi wòwu nɔvia ta la, egblɔ be: “Ame sia ame si akpɔm la, awum kokoko.” (1 Mose 4:14) Ame kae Kain nɔ vɔvɔ̃m na? Biblia gblɔ be Adam ‘dzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.’ (1 Mose 5:4) Edze ƒãa be, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siawo dometɔ aɖe ate ŋu awu Kain.

  •   Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, enye nu si bɔ be ame naɖe eƒe ƒometɔ. Le kpɔɖeŋu me, nuteƒewɔla Abraham ɖe fofoa ƒe vi. (1 Mose 20:12) Ƒe alafa geɖe le Kain ƒe ku megbe hafi wova de se ɖe srɔ̃ɖeɖe sia tɔgbi ŋu le Mose ƒe Sea me. (3 Mose 18:9, 12, 13) Edze be dɔléle siwo ate ŋu aɖe fu na ɖevi siwo ƒometɔ kplikplikpli siwo ɖe wo nɔewo dzi mebɔ ɣemaɣi abe ale si wòle egbea ene o.

  •   Adam, Xawa, kple woƒe ƒomea ŋu nya si le Biblia me la nye ŋutinya si nye nyateƒe. Menye Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ si Mose ŋlɔ ko mee dzidzimeŋutinya deto si dze egɔme tso Adam dzi la le o, ke ele ŋutinyaŋlɔla Ezra kple Luka hã ƒe nuŋlɔɖiwo me. (1 Mose 5:3-5; 1 Kronika 1:1-4; Luka 3:38) Biblia ŋlɔlawo ƒoa nu tso Kain ƒe ŋutinya ŋu abe nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ ene.—Hebritɔwo 11:4; 1 Yohanes 3:12; Yuda 11.