Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Nya Ŋutiklɔdzo Dze Le Biblia Mea?

Ðe Nya Ŋutiklɔdzo Dze Le Biblia Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao. Nya “ŋutiklɔdzo” medze le Biblia me o, eye Biblia mefia nu be wokɔa ame siwo ku ƒe luʋɔwo ŋu le ŋutiklɔdzo me o. a Bu nu si Biblia fia ku ɖe nu vɔ̃ kple ku ŋu, kple ale si ŋutiklɔdzo ƒe nufiafiaa tsi tsitre ɖe nufiafia mawo ŋu la ŋu kpɔ.

  •   Yesu ƒe ʋu dzi xɔxɔsee klɔa nu vɔ̃ ɖa le ame ŋu, ke menye ŋutiklɔdzo me nɔnɔe o. Biblia gblɔ be, “[Mawu Vi] Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu” eye be ‘Yesu Kristo na ablɔɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eya ŋutɔ ƒe ʋu me.’ (1 Yohanes 1:7; Nyaɖeɖefia 1:5) Yesu ‘tsɔ eƒe agbe na wònye tafe na ame geɖewo.’​—Mateo 20:28.

  •   Ame siwo ku la meganya naneke o. “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o.” (Nyagblɔla 9:5) Ame si ku la megasea veve aɖeke o, eya ta womate ŋu atsɔ ŋutiklɔdzo ƒe tohehe akɔ eŋu o.

  •   Nu vɔ̃ ŋuti tohehe aɖeke meli na ame si ku o. Biblia gblɔ be “nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku” eye be “ame si ku la, wotso afia nɛ ɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.” (Romatɔwo 6:7, 23) Ku ye nye nu vɔ̃ ƒe tohehe.

a Agbale si nye Orpheus: A General History of Religions gblɔ tso ŋutiklɔdzo ŋu be “nya aɖeke medze le Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe ŋutiklɔdzo ŋu o.” Nenema kee, New Catholic Encyclopedia hã gblɔ be: “Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi dzie wotu Katolikotɔwo ƒe nufiafia si nye ŋutiklɔdzo la ɖo, ke menye ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dzi o.”​—Tata Evelia, Babla 11, axa 825.

b Kpɔ New Catholic Encyclopedia, Tata Evelia, Babla 11, axa 824.

Etso Gustav Doré ƒe agbalẽ si nye Dante’s Purgatory and Paradise, Dover Publications me.