Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Kpe Ðe Viwò Ŋu Be Wòagakpɔ Amamaɖeɖenuwɔnawo O

Kpe Ðe Viwò Ŋu Be Wòagakpɔ Amamaɖeɖenuwɔnawo O

 “Míenya afɔku siwo le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me nyuie, gake míenya kura be anɔ bɔbɔe nenema be mía vinyɔnuvi nakpɔ nu mawo o.”—Nicole.

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nu si wòle be nànya

 Ate ŋu adzɔ be ɖevi suewo gɔ̃ hã nakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo. Numekukuwo ɖee fia be kaka ɖevi geɖe naxɔ ƒe 11 lɔƒo la, wodzea amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gɔme.

 Ele bɔbɔe be ɖeviwo nake ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu le vo me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ava ke ɖe nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ŋu ne wole numekuku siwo meku ɖe nu mawo ŋu gɔ̃ hã o la wɔm le Internet dzi alo ne wole hahoo kadoƒewo zãm. Amamaɖeɖenuwɔnawo ŋuti boblododowo ate ŋu adze le vo me ne wole Internet dzi video fefewo ƒom. Nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me vana le mɔ vovovowo nu, gake esiwo bɔ wue nye fotowo kple videowo. Ke hã, ŋutinya siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me hã le Internet dzi amewo xlẽna alo ƒona ɖoa toe.

 Ele be dzilawo nade dzesii hã be amewo ate ŋu aɖo nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ɖe wo viwo to fon dzi. Le numekuku aɖe si me wobia gbe sɔhɛ siwo ade 900 me la, nyɔnuvi siwo ade 90 le alafa me kple ŋutsuvi siwo ade 50 le alafa me gblɔ be yewoƒe sukuhatiwo ɖoa amamaɖeɖefotowo kple videowo ɖe yewo edziedzi.

 Wowɔa ŋutasẽnuwo le amamaɖeɖenuwɔna geɖewo me. Amamaɖeɖenuwɔna siwo bɔ wu siwo ŋu amewo tea ŋu kena ɖo bɔbɔe wu la nye esiwo me wowɔa ŋutasẽnuwo ɖe nyɔnuwo ŋu le zi geɖe.

 Amamaɖeɖenuwɔnawo gblẽa nu le ɖeviwo ŋu. Numekuku ɖee fia be ɖevi siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la doa go kuxi siawo bɔbɔe wu:

  •   womedzea agbagba le suku o

  •   wotsia dzimaɖi, woléa blanui, eye wosena le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o

  •   wosusuna be menye nu gbegblẽe wònye be woawɔ gbɔdɔnuwo ɖe ame ŋu sesẽe o

 Nya vevitɔ: Nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpɔkpɔ, esese, alo exexlẽ ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋu vevie, eye wo dzilawoe dze nyuie wu be woakpɔ wo ta.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Nya siwo ƒe se dem mele na wò egbe la, natsi dzi me na wò, ku wo ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, ne èle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—5 Mose 6:6, 7.

 Ale si nàkpe ɖe viwò ŋu be wòagakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo o

 Nya Internet kple elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dɔ wɔwɔ. Bu eŋu kpɔ be teƒe kawoe viwòa ate ŋu akpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo le, eye ɣekaɣie wòate ŋu adzɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòtea ŋu zãa Internet faa ale si wòdi le suku ƒe ɖiɖiɖemeɣiwoa?

Viwòa ate ŋu ake ɖe nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ŋu to mɔ vovovowo dzi

 Nya ale si nàtrɔ asi le eƒe fon ŋu be amamaɖeɖenuwɔnawo nagadze le edzi o, eye nànya fon dzi dɔwɔnu siwo wòzãna kple fefe siwo le eƒe fon dzi. Le kpɔɖeŋu me, fon dzi kadodo ƒe dɔwɔnu aɖewo li siwo ŋu woate ŋu atrɔ asi le ale be ne ame aɖe ɖo amamaɖeɖe foto alo video aɖe ɖee la, nu si woɖo ɖa la abu le fona dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Eye le Internet dzi videofefe siwo va le bɔbɔm fifia me la, eƒolawo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo eye woƒoa videofefea wòfiana be wole gome kpɔm le gbɔdɔnuwɔnawo me.

 “Le nu siwo teƒe mekpɔ va yi ta la, magblɔ be ne asitelefon le viwò si la, ele be wò dzilaa nànya ezazã kple ale si nàtrɔ asi le eŋu be nanewo nagadze le edzi o, eye nàna wò ŋku nanɔ ale si viwòa le mɔ̃a zãmee ŋu.”—David.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Sidzedze sua nugɔmesela ƒe dzi si.”—Lododowo 18:15.

 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be viwò nagakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo o. Ðe afɔ siwo hiã. Le kpɔɖeŋu me: Trɔ asi le viwòa ƒe asitelefon la kple mɔ̃ bubu siwo katã le aƒea me ŋu be amamaɖeɖenuwɔnawo nagadze le edzi o. Wɔ dɔwɔnu siwo ŋu wotrɔ asi le be dzilawo nazã atsɔ axe mɔ ɖe nu manyomanyowo kpɔkpɔ nu la ŋu dɔ. Eye nànya mɔ̃ʋunya (password alo mot de passe) siwo katã viwòa zãna.

 “Nu si mewɔe nye be metrɔ asi le míaƒe elektrɔnik mɔ̃wo ŋu be wòaxe mɔ ɖe nu manyomanyowo nu, metrɔ asi le míaƒe television la hã ŋu ale be mía viŋutsua mazãe atsɔ akpɔ nanewo le Internet dzi o, eye menya mɔ̃ʋunya si wòzãna na eƒe asitelefona hã. Mede dzesii be nu siawo wɔwɔ ɖe vi ŋutɔ.”—Maurizio.

 “Nyemeɖea mɔ be vinyeŋutsuviawo natu woƒe ʋɔ hafi anɔ video kpɔm le xɔa me o. Ne anyimlɔɣi ɖo la, nyemeɖea mɔ na wo be woatsɔ woƒe mɔ̃wo ayi woƒe xɔgã me o.”—Gianluca.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.

 Dzra viwòa ƒe susu ɖo. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Flavia gblɔ be: “Dzila aɖewo medina be yewoaƒo nu tso amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe nyaa ŋu o, elabena wosusuna be ɖevia mado go kuxi ma gbeɖe o.” Dzila aɖewo hã vɔ̃na hegblɔna be, ‘Ne meƒo nu tso eŋu la, vinyea ava nɔ edim be yeakpɔe.’ Nuwo ŋu bubu alea mesɔ o. Dzila siwo ɖɔa ŋu ɖo aƒo nu tso afɔku siwo le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me ŋu kple wo vi hafi wòayi go do ge kuxi ma. Aleke woate ŋu awɔ esiae?

 Fia viwò suewo nu si woawɔ ne woƒe ŋku kli nu si nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu amia ŋku enumake alo atsi woƒe mɔ̃a. Eye nàde dzi ƒo na wo be woagblɔ nu si wokpɔ alo se la na wò. a

 “Ðevi dzaa koe mía viŋutsuvia nye esi míete nuƒoƒo nɛ tso afɔku siwo le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me ŋu. Esi wòxɔ ƒe 11 la, amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe boblododo aɖe va nɔ dzedzem le videofefe aɖe si nɔ eƒe asitelefon dzi la me. Tsɔ kpe ɖe boblododoa ŋua, wobia tso esi hã be wòaɖe fotowo eɖokui aɖo ɖa. Esi wònye be míeɖo dze tso nu si wòle be wòawɔ ŋu xoxo ta la, eva gbɔnye enumake va gblɔ nu si dzɔ la nam.”—Maurizio.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

 Kpe ɖe viwò siwo tsi wu ŋu be woaɖu wo ɖokui dzi be woagakpɔ nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, aɖo to wo, alo axlẽ nu tso wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, kpe ɖe viwòa ŋu wòaŋlɔ afɔ si wòaɖe nenye be eƒe ŋku kli amamaɖeɖenuwɔnawo kple nu si tae wòaɖe afɔ ma, ale be wòanye nubabla. Eye se siwo mi dzilawo miede nɛ le ƒomea me hã nanɔ nubablaa me nyawo me. Azɔ hã, na wòaŋlɔ nu siwo ado tso eme ne eɖoe koŋ kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo. Le kpɔɖeŋu me, ase le eɖokui me be bubu megale ye ŋu o, edzilawo magaka ɖe edzi o, eye eƒe nu madze Mawu ŋu o. b

 “Ne ɖeviwo va le tsitsim la, kpe ɖe wo ŋu be woaɖu wo ɖokui dzi be woagakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo o, ke boŋ woabu nu si gbegbe wòagblẽ le wo ŋu la ŋuti.”—Lauretta.

 “Ne mía viwo nya afɔku siwo le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me kple vevietɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me tso eŋu la, akpe ɖe wo ŋu be woaƒo asa na nu mawo kpɔkpɔ.”—David.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Nunya kpɔa ame ta.”—Nyagblɔla 7:12.

 Minɔ dze ɖom edziedzi. Togbɔ be asesẽ be dzila aɖewo naxɔe ase hã la, enye nyateƒe be ɖeviwo dina be yewoaɖo dze kple yewo dzilawo tso ŋutsu kple nyɔnu dome nyawo kple nu siwo ku ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu la ŋuti. Aƒenɔ Dame Rachel de Souza, si nye Ðeviwo Ƒe Gomenɔamesi Taʋlila le England gblɔ be: “Nu vevitɔ si míede dzesii ye nye be ɖevi suewo gɔ̃ hã dina be yewoanɔ dze ɖom tso nya siawo tɔgbi ŋu kple yewo dzilawo edziedzi. Eye wodina be le ƒe si yewoxɔ nu la, woanɔ dze ɖom tso nyaa ƒe akpa vovovowo ŋu kpli yewo.”

 “Esime menɔ tsitsim la, nya aɖewo li siwo nye kple dzinyelawo míeɖoa dze le wo ŋu gbeɖe o. Edzrom be nye kpli wo míanɔ dze ɖom tso wo ŋu faa hafi. Fifia esi meva zu vidada la, mewɔa tɔnye si nua be manɔ dze ɖom kple vinyewo edziedzi tso ŋutsu kple nyɔnu dome nyawo ŋu faa.”—Flavia.

 Ne viwò kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo

 Gbɔ dzi ɖi. Ne èva nya be viwò kpɔ nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, alo eɖo toe, alo exlẽ nu tso eŋu la, mègawɔ nu dzikutɔe o. Ðewohĩ nu si dzɔ la le tetem ɖe edzi xoxo, dzidzi ƒoe, alo eƒe dzitsinya le fɔ bumee. Ne èkpɔ dziku ɖe eŋu la, ɖeko wòagase veve ɖe edzi eye magadi be yeaƒo nu tso nu mawo tɔgbi ŋu na wò azɔ o.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Nunyala kpɔa eƒe nuƒoƒo dzi, eye nugɔmesela gbɔa dzi ɖi blewu.”—Lododowo 17:27.

 Nya nu si tututu dzɔ. Le esi nàƒo nya ta be yenya nu si dzɔ teƒe la, bia nyawoe ŋuɖɔɖotɔe be nànya ale si wòdzɔe be viwòa kpɔ nu ma. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖee ɖo fotoa ɖeea, alo eya ŋutɔe dii ke ɖe eŋu? Zi ɖeka ma koe wòdzɔa, alo enɔa ekpɔm xoxo? Ðe wotrɔ asi le mɔ̃ si zãm wòle la ŋu be wòaxe mɔ ɖe nu mawo ŋu hafia? Ne nenemae la, ke ɖe eya ŋutɔe wɔ nane ale be mɔxeɖenu mawo nagawɔ dɔ oa? Ðo ŋku edzi be wò taɖodzinue nye be nàde dzi ƒo nɛ wòaƒo nu, ke menye be nàklẽ ŋku ɖee o.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ame ƒe dzimesusu le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.”—Lododowo 20:5.

 Ðe afɔ si hiã. Le kpɔɖeŋu me, ne meɖoe hafi kpɔ nu mawo o la, ke ɖewohĩ ahiã be nàgbugbɔ asi atrɔ le eƒe mɔ̃a dzi dɔwɔnu siwo xea mɔ ɖe nu mawo tɔgbi nu la ŋuti.

 Ne eya ŋutɔe di amamaɖeɖenuwɔnawo hafi kpɔe la, ke ɖɔe ɖo lɔlɔ̃tɔe, gake nàwɔe kple moveviɖoɖo. Dzro mawunyakpukpuiwo abe Hiob 31:1, Psalmo 97:10, kple Psalmo 101:3 ene me kplii be nàtsɔ ado ŋusẽ didi si le eme be wòatsri amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. c Azɔ hã, na wòanya be yeanɔ dze ɖom kplii kwasiɖa sia kwasiɖa be yeanya ale si nuwo le edzi yim ahakpɔ ɖa be nu bubuwo li yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu hã.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”—Efesotɔwo 6:4.

a Ne èdi aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe ŋuwò nàɖo dze kple viwò tso gbɔdɔnyawo ŋu le eƒe ƒexɔxɔ nu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Dzilawo Ate Ŋu Afia Nu Wo Viwo Tso Gbɔdɔnyawo Ŋu?

b Ne èdi aɖaŋuɖoɖo bubuwo tso nu siwo nàte ŋu aŋlɔ ɖe nubablaa me ŋu la, kpɔ dɔwɔgbalẽvi si ƒe tanyae nye “Ale Si Nàƒo Asa Na Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ (Pɔno).

c Mia kple viwòa miate ŋu adzro nyati si ƒe tanyae nye “Nu Ka Tae Wòle Be Matsri Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ?” hã me.