Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AspctStyle/stock.adobe.com

AMEWO KPEKPE NA ŊKUÐODZIA

Yesu Atsi Aʋawɔwɔwo Nu

Yesu Atsi Aʋawɔwɔwo Nu

 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, elɔ̃ amewo vevie, eye wòtsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta gɔ̃ hã. (Mateo 20:28; Yohanes 15:13.) Madidi o, agaɖee afia be yelɔ̃ amewo vevie ne ezã ŋusẽ si le esi abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene tsɔ ‘tsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’—Psalmo 46:9.

 De dzesi ale si Biblia ɖɔ nu si Yesu awɔ:

  •   “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12-14.

 Aleke míate ŋu aɖee fia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yesu wɔ kple esiwo wòava wɔ na mí la ta? Yesu gblɔ na eyomedzelawo le Luka 22:19 be woaɖo ŋku yeƒe kua dzi. Esia tae Yehowa Ðasefowo kpena ƒe sia ƒe le ŋkeke si dze eƒe kugbea dzi. Míele wò kpem be nàva wɔ ɖeka kpli mí ne míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi le Kwasiɖa, March 24, 2024 dzi.

Di Ŋkuɖodzia