Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Nu Ka Tae Amewo Megaɖea Nɔnɔme Nyuiwo Fiana O?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu Ka Tae Amewo Megaɖea Nɔnɔme Nyuiwo Fiana O?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Ame geɖe megawɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie egbea o. Dɔnɔwo doa ɣli ɖe ɖɔktawo ta; ame siwo vae ɖua nu le nuɖuɖudzraƒewo meƒoa nu na ame siwo tsɔa nuɖuɖua va ɖoa kplɔ na wo la nyuie o; yameʋuɖolawo dzua ame siwo wɔa dɔ le yameʋuwo me eye wowɔa ŋlɔmi le wo ŋu; sukuviwo koa woƒe nufialawo, doa ŋɔdzi na wo eye wowɔa nu vevi wo gɔ̃ hã; dunyahela aɖewo wɔa nu fitifiti eye bubuwo hã wɔa nu sia nu be amewo nakpɔe be yewo nye ame nyuiwo.

 Bibliae nye agbalẽ nyuitɔ si akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu. Egblɔ nu si tae ame geɖe megaɖea nɔnɔme nyuiwo fiana egbea o hã na mí.

Nu ka tae amewo megaɖea nɔnɔme nyuiwo fiana o?

 Nɔnɔme nyui siwo ŋu amewo dea bubui zu dze bu ɖe ama me. Eye le xexea ƒe akpa sia akpa la, àde dzesii be amewo megawɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie kura o.

  •   Le numekuku aɖe si wòwɔ nyitsɔ laa me la, Amerikatɔwo gblɔ be agbe nyui nɔnɔ yi to kura le Amerika fifia wu ƒe 22 siwo va yi.—Gallup.

  •   Le numekuku bubu me la, ame siwo wu 32,000 siwo tso dukɔ 28 me la dometɔ 65 le 100 me gblɔ be ame ʋɛ aɖewo koe gawɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie egbea, eye yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ o.

 Biblia gblɔ ale si amewo ƒe nuwɔna le egbea ŋu nya ɖi.

  •   ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, xexea me le sesẽ ge. Amewo anye wo ɖokui ko tɔ dilawo, galɔ̃lawo, ame siwo anɔ wo ɖokui dom ɖe dzi, ɖokuiŋudzelawo, amedzulawo, ame siwo maɖo to wo dzilawo o, ame madakpewo, . . . ame siwo manyo dɔme na ame o [kple] adãwɔlawo.’—2 Timoteo 3:1-3, Eʋegbe Biblia.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si nyagblɔɖi sia le eme vam ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ðe Biblia Gblɔ Ale Si Amewo Bua Nu Ŋu Kple Ale Si Wowɔa Nui Egbea Ŋu Nya Ðia?” Ele yevugbe me.

Agbalẽ nyuitɔ si fia mí ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu

 Ame miliɔn geɖe kpɔe be Bibliae nye agbalẽ nyuitɔ si kpena ame ŋu be wòaɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo nye esi ŋu ‘woate ŋu aɖo ŋu ɖo ɖaa tegbee.’ (Psalmo 111:8) Kpɔ eƒe ɖewo ɖa:

  •   Nya si Biblia gblɔ: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

     Nu si wòfia: Ele be míade bubu amewo ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu nyuie abe ale si míadi be woawo hã nawɔe na mí ene.

  •   Nya si Biblia gblɔ: “Esi mieɖe amebeble ɖa azɔ la, mia dometɔ ɖe sia ɖe nato nyateƒe na ehavi.”—Efesotɔwo 4:25.

     Nu si wòfia: Ele be míaɖi anukware le nya siwo míegblɔna kple nu siwo míewɔna katã me.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nyati sia ŋu la, míeɖe kuku xlẽ: