Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | TIMOTEO

“Vinye Lɔlɔ̃a Kple Nuteƒewɔla Le Aƒetɔ La Me”

“Vinye Lɔlɔ̃a Kple Nuteƒewɔla Le Aƒetɔ La Me”

TIMOTEO le afɔ ɖem kakaɖedzitɔe le mɔa dzi le tetem ɖa le aƒe ŋu, eye wòle mɔ kpɔm na nu siwo le ŋgɔ la vevie. Eƒe zɔhɛawo dze eŋgɔ esi wole agblemɔ siwo Timoteo nya nyuie la dzi yina. Wole Listra ɖem ɖe megbe vivivi; du sia le togbɛ sue aɖe dzi, le bali me. Timoteo ko alɔgbɔnu esi eƒe susu yi dadaa kple mamaa dzi esime wonɔ hedenyuie dom nɛ. Ekpɔe be togbɔ be yeƒe dzodzoa nye dada na wo hã la, wolé wo ɖokuiwo be yewomagafa avi o. Ðe wòaganyè kɔ aʋuʋu asi na wo zi mamlɛtɔa?

Sẽe kple sẽe la, apostolo Paulo trɔna kpɔa Timoteo hekoa alɔgbɔnu ɖee tsɔ dea dzi ƒo nɛ. Enyae be ŋu gakpena Timoteo vie kokoko, si dzi wòle be wòaɖu. Ke hã dzi dzɔe ɖe ɖekakpuia ŋu le dzo si le eme ta. Timoteo metsi boo o, ɖewohĩ esusɔ vie wòaxɔ ƒe blaeve alo etsi to eŋu vie, eye elɔ̃ Paulo hedea bubu eŋu ŋutɔ. Fifia Timoteo le ŋutsu wɔnuteƒe sia si me dzo le ale gbegbe la ŋu wole mɔzɔzɔ si akplɔ wo ayi didiƒe ʋĩi tso aƒe gbɔ agbadroƒe alafa geɖe la dzi. Woazɔ afɔ, woaɖo tɔdziʋu, eye woaɖo afɔku me zi geɖe le mɔa dzi. Timoteo menya gɔ̃ hã nenye be yeagagbɔ va aƒe gbe ɖeka o.

Nu kae ʋã ɖekakpuia wòɖe afɔ sia? Viɖe kawoe wòakpɔ si tae wòlɔ̃ faa be yeato kuxi mawo gbegbe me? Eye aleke Timoteo ƒe xɔse ate ŋu atu míaƒe xɔse ɖoe?

“TSO ÐEVIME KEE”

Na míatrɔ ayi megbemegbe ƒe eve alo etɔ̃ aɖewo le Timoteo ƒe agbe me le Listra, eye míatsɔe be afi mae nye wo de, abe ale si wòdze ƒãa ene. Listra nye kɔƒedu sue tsoabo aɖe si le bali si me tsi bɔ ɖo la me. Anɔ eme be dua me tɔwo se Helagbe, gake wogadoa woawo ŋutɔwo degbe si nye Likaoniagbe. Gbe ɖeka, zi tɔ le dua me. Kristotɔ dutanyanyuigblɔla eve siwo nye, apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ, Barnaba, wotso Ikonio dugã si medidi tso Listra gbɔ o la va. Esi wonɔ gbeƒã ɖem le dutoƒo la, Paulo kpɔ ŋutsu aɖe si nye tekunɔ le ameawo dome eye wòde dzesii be xɔse vavã le esi. Eya ta Paulo da gbe le ŋutsua ŋu nukutɔe!—Dɔwɔwɔwo 14:5-10.

Edze ƒãa be Listratɔ geɖewo xɔ wo gbɔ xotutu si nye be mawuwo trɔ wo ɖokuiwo zu amegbetɔwo va nutoa me le blema la dzi se. Eya ta wobui vodadatɔe be Paulo ye nye Hermes, eye Barnaba ye nye Zeus! Bebli hafi Kristotɔ ɖokuibɔbɔla eve siawo te ŋu xe mɔ na dua me tɔwo be woagasa vɔ na yewo o.—Dɔwɔwɔwo 14:11-18.

Gake Listratɔ ʋɛ aɖewo ya kpɔe be menye trɔ̃subɔlawo ƒe xotutu me mawuwoe Paulo kple Barnaba nye o, ke boŋ amegbetɔwoe wonye tsɔ gbedeasi wɔnuku aɖe vɛ na yewo. Le kpɔɖeŋu me, Eunike, si nye nyɔnu Yudatɔ, si ɖe ŋutsu aɖe si nye Helatɔ * la kple dadaa, Loide, ya ɖo to Paulo kple Barnaba ƒe nyawo vevie kple dzidzɔ. Nya nyui si Yudatɔ wɔnuteƒewo katã nɔ mɔ kpɔm na be yewoase lae nye esia mlɔeba—Mesia la va, eye wòna nya geɖe siwo wogblɔ ɖi tso eŋu le Ŋɔŋlɔawo me la va eme!

Bu ale si Paulo ƒe vavaa wɔ dɔ ɖe Timoteo dzii ŋu kpɔ. “Tso ɖevime kee” wofia Timoteo be wòalɔ̃ ŋɔŋlɔ kɔkɔe siwo nye Hebri Ŋɔŋlɔawo. (2 Timoteo 3:15) Eya hã te ŋu kpɔe dze sii be nyateƒe si ku ɖe Mesia la ŋue Paulo kple Barnaba ƒo nu tsoe, abe dadaa kple mamaa ke ene. Bu tekunɔ si ŋu Paulo da gbe le la hã ŋu kpɔ. Tso ɖevime ke la, Timoteo anya kpɔ ŋutsu ma zi gbɔ zi geɖe le Listra ƒe ablɔwo me. Gake fifia, Timoteo kpɔ ŋutsu sia wòle azɔli zɔm zi gbãtɔ le eƒe agbe me! Eya ta mewɔ nuku o be Timoteo, Eunike kple Loide siaa va zu Kristotɔwo. Nu geɖe li tɔgbuiwo, mamawo kple dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Loide kple Eunike gbɔ. Ðe miawo hã miate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu nenema?

“XAXA GEÐEWO ME TO GE MÍALA”

Dzi anya dzɔ ame siwo va zu nusrɔ̃la Kristotɔwo la ŋutɔ esi wose nu tso mɔkpɔkpɔ si wotsɔ ɖo Kristo yomedzelawo ŋkume la ŋu. Gake wose egɔme hã be yewole xaxawo me to ge le esi yewova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ta. Yudatɔ tsitretsiɖeŋula siwo nye zazɛ̃nyahelawo la tso Ikonio kple Antiokia va dua me, eye wode zi dua me tɔwo dome hena wotso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Kasia, ameha siwo adã ɖo mo na la ti Paulo yome heƒu kpee. Woƒu kpee ʋuu keke wòtsi anyigba. Eyome ameha la hee yi dua godo, elabena wosusu be eku.—Dɔwɔwɔwo 14:19.

Ke hã nusrɔ̃la siwo le Listra la do go yi ɖaƒo xlã Paulo. Kpɔ ale si woƒe dzi adze emee esime wokpɔe be Paulo te ʋaʋã, eye kasia wòtso heɖo ta Listra dua me dzinɔameƒotɔe ɖa! Esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodze mɔ yi Derbe heyi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Esi wowɔ nusrɔ̃la yeyewo le afi ma hã vɔ la, wolé dzi ɖe ƒo gatrɔ yi Listra ake, togbɔ be afɔku le esia wɔwɔ me hã. Susu ka tae wotrɔ yi ɖo? Biblia gblɔ be: “Wodo ŋusẽ nusrɔ̃laawo hede dzi ƒo na wo be woayi edzi anɔ xɔse la me.” Wò ya kpɔe ɖa ko be Timoteo ye nye ema le to ɖom heke ŋku le Paulo kple Barnaba kpɔm dũu esi wole gbɔgblɔm na Kristotɔ mawo be woƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ si me ŋutikɔkɔe le la nye nu si ta woaxa ɖo ato fu siwo kpem wole fifia la me. Wogblɔ na wo be: “Xaxa geɖewo me to ge míala hafi ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”—Dɔwɔwɔwo 14:20-22.

Timoteo ʋu eƒe dzi faa be yeaɖo to apostolo Paulo ƒe nufiafiawo

Timoteo kpɔe be Paulo ŋutɔ hã nɔ agbe ɖe nya mawo nu, elabena Paulo to xaxawo me dzinɔameƒotɔe be yeagblɔ nya nyui la na amewo. Eya ta Timoteo nyae be ne yeto Paulo ƒe afɔtoƒewo la, Listratɔwo atsi tsitre ɖe ye ŋu, eye ɖewohĩ ye fofo ŋutɔ hã atsi tsitre ɖe ye ŋu. Gake Timoteo meɖe mɔ amewo ƒe tsitretsiɖeŋu xe mɔ nɛ be wòagasubɔ Mawu o. Egbea, sɔhɛ geɖe le abe Timoteo ene. Wodze nunya be wotia xɔlɔ̃ siwo sẽ ŋu le xɔse me, ame siwo ate ŋu ade dzi ƒo na wo ahado ŋusẽ wo. Eye womeɖea mɔ amewo ƒe tsitretsiɖeŋu xea mɔ na wo be woagasubɔ Mawu vavã la o!

‘NƆVIAWO ƑO NU NYUI LE EŊU’

Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ƒe eve alo etɔ̃ aɖewo va yi hafi Paulo gatrɔ yi Listra. Kpɔ ale si gbegbe Timoteo ƒe aƒemetɔwo akpɔ dzidzɔe esi Paulo va ɖo la ɖa, eye fifia ya, eya kple Sila ye va. Paulo hã akpɔ dzidzɔ godoo. Eya ŋutɔ kpɔ kutsetse nyui siwo do tso nyateƒea ƒe ku siwo wòƒã le Listra la me. Loide kple vianyɔnu, Eunike, siaa zu nyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒewo fifia, eye woƒe “xɔse si me alakpa mele o” la dze Paulo ŋu ŋutɔ. (2 Timoteo 1:5) Ke Timoteo ɖekakpuia ya ɖe?

Paulo se be ɖekakpuia tsi nyuie le xɔse me tso esime yeva Listra zi gbãtɔ. ‘Nɔviawo ƒo nu nyui le’ Timoteo ŋu, menye le Listra ɖeɖe ko o, ke le Ikonio, si le dzieheɣedzeƒe gome abe kilometa 32 ene la gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 16:2) Aleke wòwɔ hafi wɔ ŋkɔ nyui ma gbegbe na eɖokui?

Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo nyo na ɖeviwo kple sɔhɛwo siaa la hã le “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,” siwo Timoteo dada kple mamaa tsɔ fia nui ‘tso ɖevime ke’ la me. (2 Timoteo 3:15) Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi: “Ðo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi.” (Nyagblɔla 12:1) Gɔmesese vevi aɖe va nɔ nya mawo ŋu na Timoteo tso esime wòzu Kristotɔ. Ekpɔe be mɔ nyuitɔ siwo dzi yeato aɖo ŋku ye Wɔla Gã la dzi la dometɔ ɖekae nye be yeaɖe gbeƒã nya nyui si ku ɖe Mawu ƒe Vi, Kristo la, ŋu. Ne Timoteo kpea ŋu le dzɔdzɔme nu hã la, vivivi la, eva srɔ̃ ale si wòaɖu edzi ahagblɔ Yesu Kristo ŋuti nya nyui la dzinɔameƒotɔe.

Ŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le hameawo me la de dzesi ale si Timoteo tsi le xɔse mee. Ðikeke mele eme o be esi wokpɔ ale si ɖekakpuia doa ŋusẽ ame siwo dome wòle kple ale si wòdea dzi ƒo na woe la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi. Gake nu si le vevie wue nye be Yehowa de dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedzea. Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo wogblɔ nya ɖi le eŋu—ɖewohĩ esia ku ɖe subɔsubɔdɔ si ƒomevi wɔ ge wòala gbe ɖeka le hame geɖewo me la ŋu. Esi Paulo va azɔ la, ekpɔe be Timoteo ate ŋu anye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe na ye le yeƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔawo me. Nɔvi siwo le Listra la lɔ̃ ɖe edzi. Woda woƒe asiwo ɖe ɖekakpuia dzi, eye esia wɔwɔ fia be wona mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee be wòawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa Mawu.—1 Timoteo 1:18; 4:14.

Míate ŋu aka ɖe edzi be ale si gbegbe nɔviawo ka ɖe Timoteo dzi kple agbanɔamedzi gã si wode asi nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòse le eɖokui me be yemedze o. Ke hã enɔ klalo be yeayi. * Gake aleke Timoteo fofo si menye xɔsetɔ o la wɔ nui esi wòva nya be ye viŋutsua xɔ yɔyɔ be wòazu Kristotɔ dzikpɔla mɔzɔla? Anɔ eme be ɖoɖo bubu kurae wòwɔ ɖe via ƒe etsɔme ŋu hafi. Ke Timoteo dada kple mamaa hã ɖe? Ðe wònye dada na woa? Eye ɖe womedi be wòadze le yewo ŋu be yewotsi dzi ɖe ɖekakpuia ƒe dedienɔnɔ ŋu oa? Esɔ le dzɔdzɔme nu be woase le wo ɖokui me nenema.

Nu si dzi míeka ɖoe nye be Timoteo yi dɔa gbe. Le ŋdi ma si ŋu míeƒo nu tsoe le nyatia ƒe gɔmedzedzea me la, elɔ̃ faa be yeanɔ mɔ zɔm kple apostolo Paulo. Esi Timoteo ɖe Listra ɖe megbe azɔ la, afɔ ɖe sia ɖe si ɖem wòle, eɖanye le kpenyigba dzi alo gbememɔ dzi o, tetem ɖa ko wòle tso aƒe gbɔ yina tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Esi ŋutsu etɔ̃awo zɔ mɔ didi ŋkeke bliboa la, wova ɖo Ikonio. Azɔ Timoteo te ŋkuléle ɖe ale si Paulo kple Sila wogblɔ dɔdzikpɔha si le Yerusalem la ƒe mɔfiame yeyeawo na xɔsetɔ siwo le Ikonio kple ale si wodze agbagba do ŋusẽ woƒe xɔsee la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Gake dɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ema.

Esi woyi ɖasrã hame siwo le Galatia kpɔ vɔ la, dutanyanyuigblɔlaawo dzo le Roma-mɔ tata gbadzawo dzi hedze mɔzɔzɔ to Frigia tonyigba gbadzaa si keke kilometa alafa geɖe la dzi ɖo ta dziehe gome, eye emegbe wotrɔ ɖe ɣetoɖoƒe gome. Esi woɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ mɔ fiam wo ta la, woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi yi Troa, woɖo tɔdziʋu le afi ma heɖo ta Makedonia. (Dɔwɔwɔwo 16:6-12) Va ɖo afi sia la, Paulo kpɔ ale si gbegbe Timoteo doa vevie nui. Esia ta Paulo te ŋu gblẽ Timoteo ɖe Beroia hekpe ɖe Sila ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:14) Ɣebubuɣi la, edɔ ɖekakpuia ɖeɖe ɖe Tesalonika gɔ̃ hã. Esi Timoteo yi la, edo ŋusẽ Kristotɔ siwo le afi ma la ƒe xɔse abe ale si tututu wòsrɔ̃e tso Paulo gbɔ ene.—1 Tesalonikatɔwo 3:1-3.

Emegbe la, Paulo ŋlɔ tso Timoteo ŋu be: “Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o.” (Filipitɔwo 2:20) Timoteo mewɔ ŋkɔ nyui ma na eɖokui agbagbamadzemadzee o. Kutrikuku, amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽwo me dzie wòto be ŋkɔ nyui ma su esi. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wògblẽ ɖi na sɔhɛwo egbea! Mègaŋlɔ be gbeɖe o be wò ŋutɔ wò agbagbadzedze mee wòatso be ŋkɔ nyui nasu asiwò. Ne sɔhɛe nènye la, ke mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe le ʋuʋu ɖi na wò be nàwɔ ŋkɔ nyui na ɖokuiwò ne èna Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nu vevitɔ na wò le agbe me eye nènyoa dɔme na amewo hedea bubu wo ŋu.

“DZE AGBAGBA ÐE SIA ÐE NÀVA GBƆNYE”

Timoteo ƒo eɖokui ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me bliboe tso eƒe ɖekakpuime ke

Timoteo nɔ exɔlɔ̃a, apostolo Paulo, ŋu abe ƒe 14 sɔŋ ene hewɔ dɔ geɖe kplii le ɣeyiɣi mawo me. Woa kple Paulo woto xaxaɣiwo kple dzidzɔɣiwo siaa me. (2 Korintotɔwo 11:24-27) Wolé Timoteo de gaxɔ me ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã le eƒe xɔse ta. (Hebritɔwo 13:23) Ale si gbegbe Paulo lɔ̃ nɔvi Kristotɔwo vevie hetsɔ ɖe le eme na wo tso dzi blibo me la, nenema kee wònɔ le Timoteo hã gome. Esia tae Paulo te ŋu gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ nɛ la me be: “Meɖo ŋku wò aɖatsiwo dzi.” (2 Timoteo 1:4) Edze ƒãa be, abe Paulo ene la, Timoteo srɔ̃ ale si ‘wòafa avi kple ame siwo le avi fam’ kpakple ale si wòase veve ɖe wo nu ale be wòate ŋu ade dzi ƒo na wo ahafa akɔ na wo. (Romatɔwo 12:15) Mina mí katã míanɔ ewɔm alea!

Mewɔ nuku o be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Timoteo va zu Kristotɔ dzikpɔla nyui aɖe. Eya ta Paulo de dɔ asi nɛ be wòado ŋusẽ hameawo ahade dzi ƒo na wo. Gawu la, ena ŋusẽe be wòaɖo ŋutsu siwo dze la hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le hamewo me.—1 Timoteo 5:22.

Paulo lɔ̃ Timoteo ɖekakpui la ale gbegbe, eya ta efiaa mɔe heɖoa aɖaŋu nɛ abe ale si vifofo wɔnɛ ene. Ede dzi ƒo na Timoteo be wòatu ŋutete siwo wòxɔ tso Mawu gbɔ la ɖo eye wòanɔ tsitsim le xɔse me. (1 Timoteo 4:15, 16) Egade dzi ƒo nɛ hã be megaɖe mɔ gbeɖe be eƒe sɔhɛnyenye, kple ɖewohĩ ŋukpe vi aɖe si le eme la naxe mɔ nɛ ne eva hiã be wòatɔ afɔ to sesĩe awɔ nu si le dzɔdzɔe o. (1 Timoteo 1:3; 4:6, 7, 11, 12) Paulo ɖo aɖaŋu na ɖekakpuia gɔ̃ hã le nu si wòawɔ tso lãmesẽkuxi si ɖea fu nɛ enuenu la ŋu; anɔ eme be dɔmee ɖea fu nɛ.—1 Timoteo 5:23.

Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Paulo kpɔe be yeƒe kuɣi le ɖoɖom; edze ƒãa be wotso kufia nɛ eye ɣeyiɣia le dedem be woawui. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ agbalẽ mamlɛtɔ ɖo ɖe Timoteo. Eŋlɔ nya ʋãme sia hã nɛ le agbalẽa me be: “Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva gbɔnye kaba.” (2 Timoteo 4:9) Paulo lɔ̃ Timoteo vevie ŋutɔ; eyɔe be “vinye lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me.” (1 Korintotɔwo 4:17) Eya ta mewɔ nuku o be edi be ye xɔlɔ̃a nanɔ ye gbɔ esime yeƒe kuɣi le aƒe tum! Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ne amewo ɖo xaxa me la, ɖe wodia yonyememɔ be yewoakpɔ akɔfafa?’

Ðe Timoteo te ŋu ɖo Paulo gbɔ ɖe game dzia? Míenya o. Gake nu si míenya ye nye be ewɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe ɣeawokatãɣi be yeafa akɔ na Paulo kple ame bubu geɖewo ahade dzi ƒo na wo. Enɔ agbe wòwɔ ɖeka kple ŋkɔ Timoteo, si gɔmee nye, “Ame Si Dea Bubu Mawu Ŋu.” Eye eɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi na mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be míasrɔ̃.

^ mm. 9 Kpɔ nyati si nye “Ènyaa?” si dze le magazine sia me.

^ mm. 20 Timoteo lɔ̃ gɔ̃ hã be Paulo natso aʋa na ye—menye le esi wònye nu si wobia tso Kristotɔwo si tae o, ke boŋ Paulo medi be naneke naɖia Yudatɔ siwo yewoaɖe gbeƒã na la nu woaƒo nu tsi tre ɖe yewo ŋu le ɖekakpui sia, si fofo nye Dukɔwo me tɔ la ta o.—Dɔwɔwɔwo 16:3.