Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIMAÐITSITSI—ALE SI NÀWƆ AÐU EDZI

Dzimaɖitsitsi Le Gakuxiwo Ta

Dzimaɖitsitsi Le Gakuxiwo Ta

Paul, si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo si si vi eve le la gblɔ be: “Esi ga si woɖuna le míaƒe dukɔa me ƒe asixɔxɔ ɖiɖi eye nuwo ƒe asi yi dzi bobobo la, ewɔe be nuɖuɖu xɔ asi, eye esesẽ ŋutɔ hafi nàkpɔ nuɖuɖu aƒle. Míenɔa fli me gaƒoƒo geɖe, gake zi geɖe la, nuɖuɖu si dzram wole la vɔna hafi wòva ɖoa mía dzi. Amewo ɖi ku glãŋui le dɔwuame ta, eye ame aɖewo ku ƒenyi le mɔ dome. Gbe sia gbe nuhiahiãwo ƒe home dzi ɖe edzi miliɔn geɖe, eye emegbe la, wova ɖo biliɔn geɖe. Mlɔeba, asixɔxɔ aɖeke meganɔ dukɔa ƒe ga ŋu o. Esia wɔe be ga si medzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe la dome gblẽ, viɖe aɖeke megale nugblẽfexeɖoɖo si mewɔ la ŋu o, eye nye dzudzɔxɔledɔmega hã fiã.”

Paul

Paul kpɔe be ele be yeawɔ “nunya vavãtɔ” ŋu dɔ hafi yeƒe ƒomea nate ŋu atsi agbe. (Lododowo 3:21) Eɖe eme be: “Elektrikdɔwɔlae menye eye mewɔa dɔ le ɖokuinye si hafi, ke hã mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko, ne fetua mede esi wòle be woaxe nam o gɔ̃ hã. Ame aɖewo tsɔa nuɖuɖu alo aƒemenuzazãwo xea fe nam. Ne wotsɔ adzalẽti ene xe fe nam la, mezãa eve eye medzraa eve susɔea. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, koklovi 40 va nɔ asinye. Esi wotsi la, medzra wo hegbugbɔ ƒle koklovi 300. Esi wotsi la, metsɔ koklo 50 ɖɔ li wɔ kotoku eve siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilogram 50 le ame aɖe si. Nye kple nye ƒomea míeɖu wɔ ma ɣeyiɣi didi aɖe eye mena wɔa ɖe ƒome aɖewo hã.”

Paul nyae hã be nu si me nunya vavãtɔ le, si wòle be ame nawɔe nye be wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ne míewɔ nu si Mawu bia tso mía si la, eya hã kpena ɖe mía ŋu. Yesu gblɔ tso míaƒe agbemenuhiahiã veviwo ŋu be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi fũu akpa; elabena . . . mia Fofo nyae be nu siawo hiã mi.”—Luka 12:29-31.

Nublanuitɔe la, Mawu ƒe futɔ gãtɔ, Satana, tsɔ eƒe mɔ̃ ɖe xexea me nɔla akpa gãtɔ wotsia dzimaɖi ɖe nunɔamesiwo ŋu hesusuna be nu mawo alé yewoƒe agbe ɖe te. Amewo tsia dzimaɖi fũu akpa le woƒe nuhiahiãwo ta—nuawo ɖahiã wo ŋutɔŋutɔ loo alo ɖeko wobu be wohiã yewo o—eye wonɔa kutri kum henɔa dagbadagbam be yewoƒe asi nasu nu siwo mehiã wo hafi o la dzi. Ame geɖe tsɔa wo ɖokuiwo dea fe me hafi va nyanae be “ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le.”—Lododowo 22:7.

Ame aɖewo wɔa nyametsotso siwo gblẽa nu le wo ŋu. Paul gblɔ be: “Nye aƒelika geɖewo gblẽ woƒe ƒomea kple wo xɔlɔ̃wo ɖi hezɔ mɔ yi duta be yewoaɖadi ‘kesinɔnu.’ Ame aɖewo zɔ mɔ evɔ mɔzɔgbalẽ si le se nu menɔ wo si o, eye womekpɔ dɔ aɖeke awɔ o. Wonɔa sisim le kpovitɔwo nu ɣesiaɣi, eye wotsia ablɔwo dzi dɔna. Womegbɔ dzi ɖi be Mawu nakpe ɖe wo ŋu o. Gake nye kple nye ƒomea ya míeɖoe be míawɔ dɔ aduadu ahakpɔ míaƒe gakuxiwo gbɔ le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me.”

YESU ƑE AÐAŊUÐOÐO DZI WƆWƆ

Paul yi edzi be: “Yesu gblɔ be: ‘Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.’ Eya ta gbe si medona ɖa gbe sia gbe koe nye be Mawu ‘nena míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí’ ale be míatsi agbe. Eye ekpe ɖe mía ŋu hã, abe ale si Yesu gblɔe ene. Ele eme be menye nu si míekpɔ mɔ na ye sua mía si ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka, mekpɔ be wole nuɖuɖu dzram le teƒe aɖe eye nye hã meɖo flia, evɔ nyemenya nu si dzram wole o. Esi wòva ɖo dzinye la, mekpɔe be yogo dzram wole. Yogo medzɔa dzi nam o. Ke hã nuɖuɖue wònye, eya ta yogo ye míeno zã ma me. Meda akpe na Mawu be le ɣeyiɣi mawo katã me la, nye ƒomea memlɔ anyi dɔmeɣi kpɔ o.” *

Mawu do ŋugbe be, “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5

“Fifia míaƒe ganyawo ka ɖe eme. Ke hã nu si me míeto na míekpɔe be, nu vevi si akpe ɖe mía ŋu míaɖu dzimaɖitsitsi dzie nye ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu. Zi ale si míeyi edzi le Yehowa * ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ko la, akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Míekpɔ nya si Psalmo 34:8 gblɔ be, ‘Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔe be Yehowa nyo; dzidzɔtɔe nye ame si sinɛ tsona’ la ƒe nyateƒenyenye teƒe. Eya ta ne míega do go gakuxi sesẽwo ake la, míele klalo.

Mawu kpena ɖe nuteƒewɔlawo ŋu wokpɔa woƒe ‛abolo si asu na wo le ŋkekea meʼ

“Fifia míese egɔme nyuie be menye dɔwɔɖui alo ga ye amegbetɔwo hiã hafi anɔ agbe o, ke boŋ nuɖuɖue. Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be, ‘Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba dzi’ la ava eme la vevie. Hafi ɣemaɣi naɖo la, ‘ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.’ Gakpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia doa ŋusẽ mí esi wògblɔ be: ‘Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu. Elabena egblɔ be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.”’” *

Ehiã be xɔse vavã nanɔ ame si hafi wòate ŋu ‘azɔ kple Mawu’ abe ale si Paul kple eƒe ƒomea wole ewɔm ene. (1 Mose 6:9) Míeɖale gakuxi sesẽwo me tom fifia alo woava mía dzi le etsɔme o, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso xɔse ƒe kpɔɖeŋu si Paul ɖo ɖi kple ale si wòɖe nunya vavãtɔ fia la me.

Ke ne ƒomekuxiwo na míele dzimaɖi tsim ya ɖe?

^ mm. 10 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.