Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Aleke nàwɔ anye dzila nyui?

Ðe nèfiaa nu viwòwo be woalɔ̃ Mawua?

Aƒe si me dzilawo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu le la nyea dedienɔƒe si ɖeviwo tsina le nyuie. (Kolosetɔwo 3:14, 19) Dzila nyuiwo lɔ̃a wo viwo eye wokafua wo, abe ale si ko Yehowa Mawu kafu Via ene.—Xlẽ Mateo 3:17.

Mía Fofo si le dziƒo la ɖoa to esubɔlawo ne wole nu ƒom nɛ eye wòsea woƒe seselelãmewo gɔme na wo. Anyo be dzilawo nasrɔ̃ eyama eye woaɖo to wo viwo ne wole nu ƒom na wo. (Yakobo 1:19) Ne ɖeviawo ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ la, ele be woase egɔme na wo, nenye be womegblɔe nyuie o hã.—Xlẽ 4 Mose 11:11, 15.

Aleke nàhe viwòwo be woava zu ame ɖɔʋuwo?

Esi wònye be wòe nye dzila ta la, ŋusẽ le asiwò be nàde sewo le aƒea me. (Efesotɔwo 6:1) Srɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋua. Mawu ɖenɛ fiana na be yelɔ̃ ye viwo esi wòdea se siwo me kɔ nyuie heɖea nu gbegblẽ siwo ado tso eme ne womeɖo to o la me na wo. (1 Mose 3:3) Mawu mezia amewo dzi akpasesẽtɔe be woaɖo to ye o, ke boŋ ɖe wòɖea ale si eme anyo na wo ne wowɔ nyui la me na wo.—Xlẽ Yesaya 48:18, 19.

Ðoe wò taɖodzinui be yeana ye viwo nalɔ̃ Mawu. Esia awɔe be woawɔ nu le nunya me ne mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã. Ale si ko Mawu toa kpɔɖeŋu nyui siwo wòɖona dzi fiaa nu míi la, wò hã àte ŋu afia nu viwòwo be woalɔ̃ Mawu ne ŋutɔ èɖo kpɔɖeŋua ɖi na wo.—Xlẽ 5 Mose 6:5-7; Efesotɔwo 4:32; 5:1.