Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Brazil

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Brazil

ƑE AÐEWOE nye esi va la, Rúbia, nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 30 fifia, yi ɖakpɔ Sandra, mɔɖela aɖe si le subɔsubɔm le hame sue aɖe me le anyiehe Brazil la ɖa. Esime Rúbia nɔ afi ma la, nane dzɔ si wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòtrɔ eƒe agbemetaɖodzinu. Nu kae dzɔ? Mina Rúbia ŋutɔ nagblɔe na ma mí.

“NYA SI MESE LA WƆ NUKU NAM ŊUTƆ”

“Sandra na míeyi nyɔnu aɖe si wònɔ Biblia srɔ̃m kplii la gbɔ. Esi míenɔ nua srɔ̃m la, nyɔnua gblɔ de eme ko be: ‘Sandra, ɖetugbui etɔ̃ aɖewo le míaƒe dɔwɔƒe, siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia, gake megblɔ na wo be ahiã be woalala va se ɖe esime wòɖo wo dzi. Menyae be èwɔ ɖoɖo ɖe ƒe bliboa ŋu xoxo.’ Nya si mese la wɔ nuku nam ŋutɔ. Ehiã be woaŋlɔ ame siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la ƒe ŋkɔwo ɖi woanɔ lalam va se ɖe esime wokpɔ vovo asrɔ̃ nu kpli wo! Le hame si me metso me la, bebli hafi nusrɔ̃vi ɖeka gɔ̃ hã sua asinye. Le ɣeyiɣi ma tututu dzi, le nyɔnu si míenɔ Biblia srɔ̃m kplii ƒe aƒea me la, didi sesẽ aɖe ɖo menye be mava kpe ɖe amewo ŋu le du vi sue si me wòle la me. Esia megbe kpuie la, meʋu tso dugã si me mele la me va tsi du si me Sandra le mɔɖeɖedɔa wɔm le me.”

Aleke nuwo va yi na Rúbia? Egblɔ be: “Esi meʋu yi afi ma ɣleti eve megbe la, menɔ Biblia srɔ̃m kple ame 15 eye—èxɔe se alo mèxɔe o—eteƒe medidi o, amewo va nɔ lalayem, abe ale si wònɔ le Sandra gome ene, be masrɔ̃ nu kpli yewo!”

EƲÃE WÒGBUGBƆ LÉ ŊKU ÐE EƑE SUBƆSUBƆDƆA ŊU

Diego, nɔviŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze fifia, yi ɖakpɔ atsu kple asi mɔɖela aɖewo ɖa le Prudentópolis, si nye du sue aɖe le anyiehe Brazil. Eƒe afi ma yiyi kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi; le nyateƒe me la, esia ʋãe wògbugbɔ lé ŋku ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm eya ŋutɔ nɔ la ŋu. Le eƒe hamea me la, gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko wòzãna le gbeadzi ɣleti sia ɣleti. Egblɔ be: “Gake esi meɖi tsa yi mɔɖela siawo gbɔ eye wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si nam la, eƒoe ɖe nunye mede ŋugble le ale si gbegbe wole dzidzɔ kpɔmee kple alɔgblɔlɔ si wɔm mele le subɔsubɔdɔa me la ŋu vevie. Esi mekpɔ woƒe dzidzɔ kple dzo si le wo me la, edzrom be taɖodzinu nanɔ nye agbe ŋu abe woawo ke ene.” Esi Diego trɔ gbɔ tso afi ma la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.

Abe ale si wòdzɔ ɖe Diego dzi ene la, ɖe nènye Ðasefo ɖekakpui alo ɖetugbui aɖe si kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me hedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, evɔ nèsena le ɖokuiwò me be ɖeko yewɔa subɔsubɔdɔa abe gbe sia gbe nuwɔna aɖe ko ene eye dzo aɖeke mele ye me ɖe eŋu oa? Ne nenemae la, ɖe nàte ŋu awɔ tɔtrɔwo le wò agbe me be nàte ŋu akpɔ asinu aɖɔ dzidzɔ si dona tso subɔsubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le la kpɔa? Eme kɔ be, ate ŋu adze nu sesẽ na wò be nàɖe asi le agbenɔnɔ si me dzidzeme le la ŋu. Ke hã nu ma tututue ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe tiae be yewoawɔ. Wotso nya me dzideƒotɔe be yewoawɔ asitɔtrɔ le yewoƒe agbemetaɖodzinuwo kple didiwo ŋu ale be yewoate ŋu asubɔ Yehowa kple yewoƒe ŋutete blibo. Bu ame bubu aɖe si ŋkɔe nye Bruno ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

HAƑOHADZIKPƆLAE LOO ALO SUBƆLAE WÒNYEA?

Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, Bruno, si xɔ ƒe 28 fifia la, srɔ̃ haƒoƒo le suku xɔŋkɔ aɖe, eye eƒe taɖodzinue nye be yeava zu haƒohadzikpɔla. Le nyateƒe me la, ewɔ ŋgɔyiyi ale gbegbe be, ɣeaɖewoɣi la, wokpenɛ be wòava kpɔ haƒola deŋgɔwo ƒe haƒohawo dzi. Edze ƒãa be ava zu haƒohadzikpɔla xɔŋkɔ aɖe. Bruno gblɔ be: “Togbɔ be nuwo nɔ alea hã la, nu si dim mele le agbe me la mesu asinye o. Metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa, gake menyae be nyemenɔ esubɔm kple nye ŋutete katã o, eye esia tena ɖe dzinye. Meɖe nye seselelãmea gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me, eye megblɔe na nɔvi kpɔnuteƒe siwo le hamea me la hã. Esi mede ŋugble le nɔnɔmea ŋu nyuie megbe la, metso nya me be matsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ, medzudzɔ hasrɔ̃sukua dede, eye meƒo ɖokuinye ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le ŋutɔŋutɔ la me.” Esi wòtso nya me alea la, aleke nuwo va yii?

Bruno ʋu yi Guapiara du (si me ame 7,000 le), si didi tso São Paulo dua gbɔ abe kilometa 260 sɔŋ ene me. Tɔtrɔ gã aɖe ŋutɔe nye ema wòwɔ. Egblɔ be: “Meʋu yi aƒe sue aɖe si me nufamɔ, television, alo Internet mele o me. Ke hã nanewo siwo mesu asinye kpɔ o la nɔ aƒea me—abɔ nyui aɖe si me amagbewo le kple atikutsetsebɔ aɖe hã!” Esime Bruno nɔ subɔsubɔm le hame sue aɖe me le afi ma la, zi ɖeka le kwasiɖa me la, etsɔa nuɖuɖu, tsi, kple agbalẽ gbogbo aɖewo ɖe akplo me eye wòdoa dzokeke yia kɔƒenutowo me ɖaɖea gbeƒã. Ame siwo le nuto mawo me la dometɔ geɖe mese nya nyui la kpɔ o. Egblɔ be: “Biblia nusrɔ̃vi 18 sɔŋ su asinye. Ale si nusrɔ̃vi siawo wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me la teƒe kpɔkpɔ na mekpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ!” Egblɔ kpee be: “Ɣemaɣi la, nye asi su nu si dim mele le agbe me la dzi—dzidzeme vavãtɔ si tsoa Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me. Ne ɖe meti ŋutilãmenuwo yome la, nyemate ŋu akpɔ dzidzeme sia gbeɖe o.” Eye esi wobia Bruno be aleke wòwɔ te ŋu kpɔ eƒe ganyawo gbɔ le Guapiara hã la, eko alɔgbɔnu hegblɔ be: “Mefiaa dzitaƒoƒo amewo.” Egakpɔtɔ nye haƒoƒofiala le mɔ aɖe nu.

“ÐEKO WÒLE BE MATSI AFI MA”

Mariana, si le eƒe ƒe 20-awo ƒe nuwuwu lɔƒo fifia, hã to nu si me Bruno to la tɔgbi me. Senyalae wònye, eye togbɔ be enɔ dɔ si me ga geɖe le wɔm hã la, dzidzeme vavãtɔ mesu esi o. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be menɔ ‘dagbadagbam ɖe ya me.’” (Nyagb. 1:17) Nɔvi geɖewo de dzi ƒo nɛ be wòabu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Esi Mariana kple exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo nye Bianca, Caroline, kple Juliana wode ŋugble tso eŋu nyuie vɔ la, wotiae be yewoayi aɖakpe asi ɖe hame aɖe ŋu le Barra do Bugres. Enye du aɖe si te ɖe Bolivia ŋu, si gbɔ didi agbadroƒe akpe geɖe tso afi si wole gbɔ. Nu kae dzɔ kplɔ esia ɖo?

Mariana gblɔ be: “Nye susue nye be manɔ afi ma ɣleti etɔ̃. Gake kaka ɣeyiɣi ma nade la, Biblia nusrɔ̃vi 15 sɔŋ ye su asinye! Le nyateƒe me la, nusrɔ̃vi siawo hiã na kpekpeɖeŋu geɖe be woayi ŋgɔ le nyateƒea me. Eya ta nyemete ŋu do dzi gblɔ na wo be mele dzodzom o. Ðeko wòle be matsi afi ma.” Eye nenema tututue nɔvinyɔnu eneawo katã wowɔ. Ke ɖe Mariana ƒe dɔ yeyea na be dzidzeme su esi le agbe mea? Egblɔ be: “Nyateƒe si wònye be Yehowa le zãyem tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòanyo wu la na nye dzi dze eme. Yayra wònye nam be mele nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ zãm tsɔ le nane si ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ le la wɔm.” Caroline ɖɔ ale si wo ame eneawo katã wose le wo ɖokui me ale: “Ne memlɔ anyi le zã me la, nye dzi dzea eme ale gbegbe le esi mezã nye ŋusẽ tsɔ ti Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome ta. Ale si mawɔ akpe ɖe nye Biblia nusrɔ̃viwo ŋu la ŋu koe nye susu nɔna. Enya kpɔna nam ŋutɔ ne mekpɔ wo wole ŋgɔyiyi wɔm. Mele nya si Biblia la gblɔ be, ‘Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo,’ la ƒe nyateƒenyenye teƒe kpɔm.”—Ps. 34:9.

Aleke gbegbe Yehowa akpɔ dzidzɔe nye esi be wòakpɔe be nɔvi ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo ‘tsɔ wo ɖokuiwo ke faa’ le agbɔsɔsɔ gã aɖe me le xexea me godoo be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le didiƒewo ke! (Ps. 110:3; Lod. 27:11) Yehowa hã yraa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo geɖe.—Lod. 10:22.