Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Fia Nu Viwòwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu

Fia Nu Viwòwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu

KUXIA

Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, dzilawo sie mɔnukpɔkpɔa suna gbã woƒoa nu tsoa gbɔdɔdɔ ŋu na wo viŋutsu alo wo vinyɔnu. Esia nana wotea ŋu ɖea nuwo me na wo viawo vivivi le woƒe ƒexɔxɔ kple woƒe hiahiãwo nu.

Gake fifia nuwo trɔ. Agbalẽ aɖe (The Lolita Effect) gblɔ be: “Ðeviwo megale tsitsim hafi va le nu siwo me gbɔdɔnuwɔnawo le la kpɔm o, eye gbɔdɔnuwɔna siwo dzena le nyakakamɔnu siwo ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo la le dzidzim ɖe edzi.” Ðe esia le kpekpem ɖe ɖeviwo ŋu loo alo le nu gblẽm le wo ŋu?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Gbɔdɔnuwɔnawo dzena le nu sia nu me. Aƒenɔ Deborah Roffman gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Gblɔe Nam Gbã (si le yevugbe me) me be, “gbɔdɔnuwɔnawo dzena le dzeɖoɖowo, boblododowo, sinimawo, agbalẽwo, hagbewo, television dzi wɔnawo, text messagewo, fefewo, boblodoʋuƒowo, asitelefonwo kple kɔmpiuta dzi fũu ale gbegbe be ame geɖe [ƒewuiviwo kple ɖevi siwo gogo ƒewuiwo kpakple ɖevi suewo gɔ̃ hã] ƒoa nya ta le manyamanya me be gbɔdɔdɔ anya nye . . . nu vevitɔ kekeake.”

Vodadaa ƒe ɖe tso asitsalawo gbɔ. Boblodolawo kple nudzralawo doa ɖeviwo ƒe nudodo siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me ɖe ŋgɔ eye wohea woƒe susu yia dzedzeme dzi tso woƒe ɖevime ke be ele vevie. Agbalẽ aɖe (So Sexy So Soon) gblɔ be, “Asitsalawo nya ale si ɖeviwo dina be yewoƒe nu nadze yewo hatiwo ŋu eya ta wowɔa didi sia ŋu dɔ. Menye asitsalawo ƒe susue nye be yewoazã nu siawo atsɔ ana ɖeviwo nazu gbolowo o, ɖeko wodi be woaƒle yewoƒe nuawo.”

Nunyanya tso eŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ale si ko vovototo le ale si ʋu wɔa dɔ nyanya kple ʋukula nyui nyenye dome la, nenema kee vovototo le nunyanya tso gbɔdɔdɔ ŋu kple nunya ma zazã atsɔ atso nya me nyuie dome.

Nya vevitɔ: Ele be nàkpe ɖe viwòwo ŋu fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be woana hehe woƒe “nugɔmeseseŋutetewo” ale be woate ŋu “ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kpe ɖe eŋu. Togbɔ be ate ŋu asesẽ hã la, wò dɔe wònye be nàƒo nu tso gbɔdɔdɔ ŋu na viwòwo. Lɔ̃ nàwɔe.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 22:6.

Ƒo nu tso eŋu vivivi. Le esi nàgblɔ nyaa katã nɛ zi ɖeka teƒe la, wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi la ŋu dɔ atsɔ aɖo dze tso eŋu, ɖewohĩ ne wò kple viwòa ɖeɖe miele wò ʋu me le mɔ zɔm alo le aƒemedɔ aɖe wɔm. Be nàkpe ɖe eŋu wòaƒo nu la, bia eƒe susu tso nanewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le esi nàgblɔ be, “Ðe boblododo mawo dzɔa dzi na wòa?” teƒe la, bia boŋ be, “Èsusu be nu ka tae boblodolawo zãa nu mawo tsɔ dzraa woƒe nuwo?” Ne ɖevia ɖo eŋu vɔ la, àgate ŋu abiae be, “Nu kae nèsusu tso eŋu?”—Biblia ƒe mɔfiame: 5 Mose 6:6, 7.

Wò susu nenɔ ɖevia ƒe ƒexɔxɔ ŋu. Àte ŋu afia vidzinuwo ƒe ŋkɔ ɖevi siwo medze suku gɔme haɖe o kple ale si woakpɔ wo ɖokui ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me hã. Ne wole tsitsim la, woate ŋu afia ale si wowɔna dzia vi la wo. Kaka woaɖo ɖekakpui alo ɖetugbui me la, ele be woanya nu sia nu tso gbɔdɔdɔ ŋu eye woanya ale si woanɔ agbe nyui le gbɔdɔnyawo gome.

Fia agbe nyui nɔnɔ wo. Fia nyateƒetoto, nuteƒewɔwɔ kple bubudede ame ŋu viwòwo tso woƒe ɖevime ke, ekema anɔ bɔbɔe na wò be nàƒo nu tso gbɔdɔdɔ ŋu na wo. Azɔ hã, ƒo nu tso agbe nyui nɔnɔ ŋu eme nakɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne èbua gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe be mesɔ o la, gblɔe na wo. Eye nàɖe nu si ta afɔku le eme eye mesɔ o la me. Agbalẽ aɖe (Beyond the Big Talk) gblɔ be: “Zi geɖe la, ƒewuivi siwo gblɔna be yewonya be yewo dzilawo meda asi ɖe edzi be ƒewuiviwo nakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o la, mekpɔa gome le eme o.”

Ðo kpɔɖeŋu. Nɔ agbe ɖe nu siwo nèfiaa wo la nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèkpɔa dzidzɔ ɖe fefenya ƒaƒãwo ŋu, doa awu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me, alo nɔa ahiãmo ɖoma? Nu mawo wɔwɔ awɔe be ɖeviawo matsɔ agbe nyui nɔnɔ si fiam nèle wo la nya vevii o.—Biblia ƒe mɔfiame: Romatɔwo 2:21.

Ƒo nu nyui tso eŋu. Nunanae gbɔdɔdɔ nye tso Mawu gbɔ, eye ne ame ɖe srɔ̃ la, ate ŋu ase vivi na gbɔdɔdɔ. (Lododowo 5:18, 19) Gblɔ na viwòa be gbe ɖeka la, ava ɖe srɔ̃, eye wòase vivi na nunana ma, eye mahiã be wòatsi dzi ɖe kuxi siwo dona tsoa gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la ŋu o.—1 Timoteo 1:18, 19.