Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Akpedada

Akpedada

Wova de dzesii be ne míenye akpedalawo la, eɖea vi geɖe na mí le ŋutilã, susu kple seselelãme gome, eya ta anyo be ame sia ame nadze agbagba anye akpedala le eƒe agbe me.

Viɖe kawoe nàkpɔ ne ènye akpedala?

NYA SI ATIKEŊUTINUNYALAWO GBLƆ

Le nyati aɖe si wota ɖe agbalẽ aɖe (Harvard Mental Health Letter) me ƒe nya nu la, “ame siwo daa akpe nyea dzidzɔmewo. Ne míenye akpedalawo la ekpena ɖe mía ŋu míaƒe dzi dzea eme, nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo sua mía si, míenɔa lãmesẽ me, nɔa te ɖe xaxawo nu eye mía kple amewo dome nɔna nyuie.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia de dzi ƒo na mí be míanye akpedalawo. Apostolo Paulo si ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi la gblɔ be: “Minye akpedalawo.” Le kpɔɖeŋu me, Paulo ‘da akpe na Mawu madzudzɔmadzudzɔe’ ɖe ale si amewo xɔ gbedeasi si wògblɔ na wo la ta. (Kolosetɔwo 3:15; 1 Tesalonikatɔwo 2:13) Ne míenyea akpedalawo ɣeawokatãɣi hekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ke menye ɣeaɖewoɣi ko o la, esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ. Eye akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na bubu be míedze na nanewo wu ame bubuwo, míaƒo asa na ŋuʋaʋã kple dzikuléle ɖi si ana amewo naka le mía ŋu si awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me o.

Mía Wɔlaa gɔ̃ hã daa akpe na mí amegbetɔ tsɛwo tsɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí! Hebritɔwo 6:10 gblɔ be: ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta be o.’ Ɛ̃, mía Wɔlaa buna akpemadamada be enye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ alo be mesɔ o.

‘Dzi nedzɔ mi ɖaa. Mida akpe ɖe nu sia nu ta.’1 Tesalonikatɔwo 5:16, 18.

Ne míenye akpedalawo la, vi kae wòaɖe na mí kple ame bubuwo?

NU SI WÒ ŊUTƆ NÈNYA

Ne míeda akpe tso dzi me ɖe nunana, nya tuameɖo aɖe alo kpekpeɖeŋu aɖe ta la, enana amea sena le eɖokui me be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si yewɔ la ŋu eye wòxɔ asi na mí. Amedzrowo gɔ̃ hã wɔa nu ɖe ame siwo womenya o siwo daa akpe na wo ne wowɔ nanewo tsɔ kpe ɖe wo ŋu abe ʋɔtru ʋuʋu na wo be woage ɖe eme ene la ŋu nyuie.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Yesu Kristo gblɔ be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba akɔ ɖe avɔ me na mi.” (Luka 6:38) De ŋugble tso Rose, ɖetugbui si nye tokunɔ le Vanuatu si le Anyiehe Pasifik ŋu kpɔ.

Rose dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo, gake kpekpeawo meɖea vi boo nɛ o, elabena mese tokunɔgbe o eye ame aɖeke hã mesee le hamea me o. Esi atsu kple asi aɖe si nya tokunɔgbe ɖi tsa va hamea me la, wode dzesi kuxia eye wodze tokunɔgbe fiafia nɔviawo gɔme. Rose kpɔ ŋudzedze ɖe nu sia ŋu ale gbegbe. Egblɔ be, “Dzi dzɔam ŋutɔ be xɔlɔ̃ gbogbo siwo lɔ̃m la le asinye.” Ale si Rose kpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ nɛ ŋu kple ale si wòle gome kpɔm le kpekpeawo me azɔ teƒe kpɔkpɔ naa dzi dzɔa atsu kple asia ŋutɔ. Rose kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo hamea me tɔwo hã dze hesrɔ̃ tokunɔgbe ale be woate ŋu aɖo dze kplii la ŋu vevie.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

“Ame si saa akpedavɔ la, eyae [doa Mawu] ɖe dzi.”Psalmo 50:23.

Aleke nàwɔ anye akpedala?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Míaƒe seselelãmewo do ka kple nu siwo ŋu míebuna. Biblia ŋlɔla David do gbe ɖa na Mawu be: “Mede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu; mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 143:5) Ɛ̃, David ƒe susu nɔa nu ŋu eye wòléa ŋku ɖe nu ŋu hã. Esi David tu nɔnɔme si nye ŋugbledede tso Mawu ƒe mɔwo ŋu ɖo edziedzi le eƒe agbe me katã tae wònye akpedala ɖo.—Psalmo 71:5, 17.

Biblia ɖo aɖaŋu nyui sia na mí be: ‘Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.’ (Filipitɔwo 4:8) Nya siwo nye “minɔ nu siawo ŋu bum” gahe susu yi ale si wòhiã be míanɔ ŋugble dem edziedzi si awɔe be míanye akpedalawo dzi.

“Nye dzimesusuwo aɖe gɔmesese afia.”Psalmo 49:3.