Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒomegbenɔnɔ Kple Xɔlɔ̃wo

Ƒomegbenɔnɔ Kple Xɔlɔ̃wo

Esesẽna na ame geɖe be woadze xɔlɔ̃wo eye woana wo kpli wo dome navivi. Bu Biblia ƒe mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàna wò kple amewo dome navivi ŋu kpɔ.

MÈGADI ÐOKUIWÒ TƆ O

BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

NU SI WÒFIA: Mía kple amewo dome anyo ɖe edzi wu ne míenana míaƒe susu nɔa nu si míate ŋu awɔ na wo, tsɔ wu nu si woawɔ na mí ŋu. Ne ɖokuiwò tɔ ko nèdina la, wò kple amewo dome agblẽ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔ si dia eɖokuitɔ la, mawɔ nuteƒe na srɔ̃a o. Azɔ hã, ame aɖeke medina be yeadze xɔ̃ ame si dana le nu siwo le esi ta alo le nu si wònya ta o. Agbalẽ aɖe (The Road to Character) gblɔ be, “ame siwo dia wo ɖokui ɖeɖe ko tɔ la va toa kuxi vovovowo me.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Kpe ɖe amewo ŋu. Kakaɖedzi kple ɖokuitsɔtsɔna ye nana xɔlɔ̃wo dome sẽna ɖe edzi. Numekuku aɖe ɖee fia be ame siwo kpena ɖe amewo ŋu la meléa blanuiléledɔ kaba o, eye enana amewo dea bubu wo ŋu.

  • Se veve ɖe amewo nu. Woɖe veveseɖeamenu gɔme be enye vevesese si sem ame bubu le la sese le wò dzi me. Ne èsea veve ɖe ame nu la, awɔe be mànɔ hatsekanya siwo tɔa ame gblɔm ɖe amewo ŋu be wòave wo o.

    Ne èsea veve ɖe amewo nu la, màna woƒe nuwɔnawo nanɔ fu ɖem na wò o. Veveseseɖeamenu akpe ɖe ŋuwò be màbu nazã ɖe amewo ŋu o, azɔ hã, àdze xɔlɔ̃ ame siwo tso dukɔ kple teƒe vovovowo faa.

  • Kpɔ vovo ɖe amewo ŋu. Ne èkpɔa vovo ɖe amewo ŋu la, awɔe be nànya wo nyuie wu. Ahiã be nàɖo dze tuameɖowo kple amewo, esia awɔe be nàte ŋu adze xɔ̃ wo. Eya ta nye toɖola nyui. Ðee fia xɔ̃wòa be yetsɔ ɖe le eme nɛ. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa gblɔ be “dze tuameɖowo ɖoɖo kple amewo nana wokpɔa dzidzɔ.”

TIA WÒ ZƆHƐWO LE NUNYA ME

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Korintotɔwo 15:33.

NU SI WÒFIA: Ame siwo nèdea ha kplii la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwò. Ame siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔmewo ŋu lɔ̃ ɖe edzi be ame siwo míedea ha kplii la kpɔa ŋusẽ gã ɖe mía dzi. Akpatɔgbɔnɔla mesea akpa dzena o, le kpɔɖeŋu me, ne èdea ha kple ame siwo noa sigaret alo ame siwo gbea wo srɔ̃wo la, wò hã adze sigaret yɔyɔ alo àdi be yeagbe ye srɔ̃.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Dze xɔ̃ ame siwo dea asixɔxɔ nu siwo ŋu nèdea asixɔxɔe siwo ɖea nɔnɔme siwo dzea ŋuwò fiana alo nàdi be yeasrɔ̃ la. Le kpɔɖeŋu me, dze xɔ̃ ame siwo ɖɔa ŋu ɖo, dea bubu ame ŋu, nye dɔmenyolawo kple amedzrowɔlawo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Srɔ̃tɔwo, sɔhɛwo kple ɖeviwo ate ŋu akpɔ video siwo wotu ɖe Biblia dzi be wòakpe ɖe wo ŋu le ƒomea me

TSRI NYA TƆAMEWO GBƆGBLƆ.

“Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene.”—LODODOWO 12:18.

NYO DƆME.

“Eme anyo na dɔmenyotɔ.”—LODODOWO 11:25.

WƆ NU ÐE AMEWO ŊU ABE ALE SI NÀDI BE WOAWƆ NA YE ENE.

“Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—MATEO 7:12.