Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU 2

Ale Si Wòabɔbɔ Eɖokui

Ale Si Wòabɔbɔ Eɖokui

NU KAE NYE ÐOKUIBƆBƆ?

Ðokuibɔbɔlawo dea bubu ame ŋu. Womedana loo alo kpɔa mɔ be amewo nawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛ o. Ke boŋ ɖokuibɔbɔla tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo vevie, eye wòdina be yeasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.

Ame aɖewo bua ɖokuibɔbɔ vodadatɔe ɣeaɖewoɣi be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ. Gake menye gbɔdzɔgbɔdzɔe o, ke boŋ ekpena ɖe ame ŋu be wòade dzesi eƒe vodadawo eye wòanya afi si eƒe ŋutetewo se ɖo.

NU KA TAE ÐOKUIBƆBƆ LE VEVIE?

  • Ðokuibɔbɔ nana kadodowo me nyona. Agbalẽ aɖe (The Narcissism Epidemic) gblɔ be, “Zi geɖe la, ɖokuibɔbɔla tea ŋu dzea xɔ̃wo bɔbɔe.” Eyi edzi gblɔ be: “Enɔa bɔbɔe be wòade ha kple amewo le afi sia afi.”

  • Ðokuibɔbɔ ate ŋu aɖe vi na viwòa le etsɔme. Ne viwò srɔ̃ ɖokuibɔbɔ la, akpe ɖe eŋu fifia kple etsɔme—le kpɔɖeŋu me, ne eyi dɔ diƒe. Agbalẽnyalagã Leonard Sax gblɔ be: “Sɔhɛ si doa eɖokui ɖe dzi, evɔ medea dzesi eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o la, metea ŋu ɖoa nyawo ŋu wòdea dzi gbɔ na dɔtɔ ne ele dɔ dim eye wole gbe biamee o. Gake sɔhɛ si di tso dzi me be yeanya nu si le vevie na dɔtɔa la, ƒe asi tea ŋu sua dɔa dzi bɔbɔe wu.” *

ALE SI NÀFIA ÐOKUIBƆBƆ VIWÒ

Kpe ɖe viwòa ŋu be wòagabu eɖokui ŋu fũu o.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui ko blem wòle.”—Galatiatɔwo 6:3.

  • Mègaɖɔ kesekuku nɛ o. Nyawo abe “Wò asi ate ŋu asu nu sia nu dzi” kple “Àte ŋu ava nye nu sia nu si nèdi be yeava nye” ene gbɔgblɔ, adze dzideƒonyawo, gake zi geɖe la, eto vovo na ale si agbea ŋutɔ nɔna. Ke hã, ne eɖoa taɖodzinu nyui siwo gbɔ wòate ŋu aɖo eye wòdzea agbagba be yeaɖo wo gbɔ la, ate ŋu ava kpɔ dzidzedze.

  • Kafui ɖe nane koŋ ta. Ne ègblɔ na viwò be “ède ŋgɔ ŋutɔ” la, makpe ɖe eŋu wòabɔbɔ eɖokui o. Kafukafua neku ɖe nane koŋ ŋu.

  • Mègana wòazã Internet dzi hahoo kadodowo fũu akpa o. Zi geɖe la, Internet dzi hahoo kadodowo nana ame hea susu va eɖokui dzi—enana ame doa boblo eƒe ŋutetewo kple nu siwo wòte ŋu wɔna, eye esia fia be ame mebɔbɔ eɖokui o.

  • Fia viwòa be wòanye ame si ɖea kuku kaba. Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ afi siwo wòdze agɔ le, eye wòalɔ̃ ɖe edzi.

Fiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Minye akpedalawo.”—Kolosetɔwo 3:15.

  • Fiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ele be ɖevi nasrɔ̃ ale si wòakpɔ ŋudzedze ɖe nuwɔwɔwo ŋu kple ale si gbegbe woɖea vi na míi. Míehiã ya agbɔ, tsi ano kple nuɖuɖu be míaɖu. Zã kpɔɖeŋu siawo nàtsɔ aƒã ale si viwòa nakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnuku siwo le xexea me ŋu la ɖe eme, eye wòada akpe ɖe wo ta.

  • Fiae be wòakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu. Ðo ŋku edzi na viwòa be ame bubuwo nyo wui le mɔ aɖe nu eye le esi wòaʋã ŋu wo le woƒe ŋutetewo kple nu siwo wote ŋu wɔna ŋu teƒe la, ate ŋu asrɔ̃ nu tso wo gbɔ boŋ.

  • Fiae be wòanye akpedala. Fia viwòa wòasrɔ̃ ale si wòagblɔ be “akpe,” gake menye be wòagblɔe kple nu ko o, ke boŋ wòatso dzi me nɛ. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, enana míebɔbɔa mía ɖokui.

Kpe ɖe viwòa ŋu be wòawɔ nu si aɖe vi na ame bubuwo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Filipitɔwo 2:3, 4.

  • De aƒemedɔwo asi na viwòa. Ne mèdea aƒemedɔwo asi na viwòa le ƒomea me o la, ke èle gbɔgblɔm nɛ be, ‘Èle vevie wu dɔ mawo!’ Kpe ɖe eŋu wòawɔ aƒemedɔwo vɔ hafi afe fefe. Ƒo nu tso ale si aƒemedɔwo ɖea vi na ame bubuwoe kple ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe dɔa kpakple ewɔla siaa ŋu la ŋu nɛ.

  • Te gbe ɖe ale si wònyo be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu la dzi nɛ. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ana wòatsi le susu me. Eya ta kpe ɖe viwòa ŋu be eƒe susu nanɔ ame siwo hiã na kpekpeɖeŋu la ŋu. Gblɔ nu siwo wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu la nɛ. Ne ekpe ɖe ame aɖe ŋu la, kafui eye nàde dzi ƒo nɛ.

^ mm. 8 Etso agbalẽ si nye The Collapse of Parenting me.