Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU 1

Viɖe Siwo Le Ðokuidziɖuɖu Me

Viɖe Siwo Le Ðokuidziɖuɖu Me

NU KAE NYE ÐOKUIDZIÐUÐU?

Ðokuidziɖuɖu fia be

  • ame nalala

  • ame nazi eɖokui dzi

  • ame nawɔ nane awu enu ne medzɔa dzi nɛ o gɔ̃ hã

  • ame natsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ

NU KA TAE ÐOKUIDZIÐUÐU LE VEVIE?

Ðevi siwo tea ŋu ɖua wo ɖokui dzi la tea ŋu nɔa te ɖe tetekpɔwo nu, ne edze abe tetekpɔa aɖe vi na wo ɣeyiɣi kpuie aɖe hã. Gake ɖevi siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o la

  • va nɔa dziku dom kabakaba

  • va léa blanuiléledɔ

  • va noa atama alo mua aha alo nɔa atike vɔ̃ɖiwo zãm

  • meva léa fɔ ɖe nu ŋu ɖuna nyuie o

Numekuku aɖe ɖee fia be ɖevi siwo ɖua wo ɖokui dzi la, nɔa lãmesẽ me, wometsia dzi ɖe ga ŋu o, eye wowɔna ɖe se dzi wu le woƒe tsitsi me. Numekuku ma na Angela Duckworth si nye Nufialagã le Yunivɛsiti aɖe (University of Pennsylvania) la ƒo nya ta be: “Ðokuidziɖuɖu aɖeke meli si woagblɔ be ‘egbɔ eme’ o.”

ALE SI NÀFIA ÐOKUIDZIÐUÐU VIWÒ

Mègaɖe mɔ ɖe nu sia nu ko ŋu o.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “[Na wò] ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye [wò] ‘Ao’ nanye ao.”—Mateo 5:37.

Ðevi suewo ate ŋu ado nu si wo dzilawo ɖo be yewomawɔ o la kpɔ to avinugbee wɔwɔ me le dutoƒo gɔ̃ hã. Ne dzilaa na ta la, ɖevia akpɔe be ne yenya fa avi ko la, ana ye dzila natrɔ susu awɔ nu si yedi.

Gake ne dzilaa gbe eye wòɖoe kplikpaa la, ana ɖevia nasrɔ̃ nu vevi aɖe le agbe me be, menye nu sia nu si dzro mí le agbe mee asu mía si o. Agbalẽnyalagã David Walsh gblɔ be: “Togbɔ be adze abe ame siwo ƒe asi sua nu sia nu si dim wole dzi akpɔ dzidzɔ ene hã, menyea nyateƒe o. Ke boŋ ame siwo ɖua wo ɖokuiwo dzie kpɔa dzidzɔ wu. Ne míetsɔ nu sia nu si mía viwo biana naa wo la, ke míele nu gblẽm le wo ŋu boŋ.” *

Ne ègbena nanewo na viwò fifia la, akpe ɖe eŋu emegbe le agbe me be wòagbe nanewo, le kpɔɖeŋu me, ne wole nya ƒom ɖe enu be wòazã atike vɔ̃ɖi, wòadɔ kple ame aɖe evɔ meɖe srɔ̃ o, alo awɔ nu gbegblẽ bubu aɖewo la, agbe.

Kpe ɖe viwòa ŋu wòase egɔme be emetsonuawo ate ŋu anye nyui alo vɔ̃.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Ehiã be viwòa nase egɔme be afɔɖeɖe ɖe sia ɖe kple emetsonue zɔna, eya ta ne míeɖu mía ɖokui dzi o la, emetsonuwo medea ame dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne nu vi aɖe dzɔ ko wòado dziku vɔɖivɔ̃ɖi la, amewo aƒo asa nɛ keŋkeŋ. Ke hã, ne esrɔ̃ ale si wòaɖu eɖokui dzi ne wodo dziku nɛ, alo srɔ̃ ale si wòagbɔ dzi ɖi ke menye be wòado adã o la, amewo alɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Kpe ɖe viwòa ŋu wòase egɔme be nu nyui geɖe ado tso eme ne eléa eɖokui.

Fia viwò be wòatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’—Filipitɔwo 1:10.

Ðokuidziɖuɖu mefia be ame nagbe be yemawɔ nu gbegblẽ ko evɔ o; ebia be ame nawɔ nu si hiã, ne nua wɔwɔ medoa dzidzɔ na ame o gɔ̃ hã. Ele vevie be viwòa nasrɔ̃ ale si wòatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòalé wo me ɖe asi. Na viwòa nawɔ nu vevitɔwo gbã. Le kpɔɖeŋu me, ele be wòawɔ sukudɔdeasiwo gbã hafi afe fefe.

Ðo kpɔɖeŋu nyui si wòasrɔ̃.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.”—Yohanes 13:15.

Viwòa léa ŋku ɖe ale si nèwɔa nui ne nane dzɔ si do dziku na wò la ŋu. Ðee fia to kpɔɖeŋu si nèɖona me be nu nyuiwo dona tsoa eme ne míeɖu mía ɖokui dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne viwò wɔ nane si ho dzi na wò la, ɖe nèwɔa nu le dziku me loo alo ɖe nèléa ɖokuiwò?

^ mm. 20 Etso agbalẽ si nye, Gbeɖe: Nu Si Tae Wòhiã Be Ðeviwo Katã Nasee Kple Mɔ Siwo Dzi Dzilawo Ato Agblɔe me. (Ele Eŋlisigbe me.)