Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 9

Ðe Wòle Be Maxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Asea?

Ðe Wòle Be Maxɔ Nɔnɔmetɔtrɔ Ƒe Nufiafia Dzi Asea?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne nɔnɔmetɔtrɔ alo ɖeko xexea kple emenuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si ƒe nufiafia nye nyateƒe la, ke taɖodzinu gobi aɖeke mele agbe ŋu o. Gake ne nyateƒee wònye be ɖe wowɔ xexea kple eme- nuwo la, ke míate ŋu akpɔ agbemebiabiawo kple nyabiase siwo ku ɖe etsɔme ŋu ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Alex tɔtɔ kura. Exɔ Mawu dzi se, eye wòxɔe se hã be ɖe wowɔ xexea. Gake egbea woƒe nufiala gblɔe gbeteteɖedzitɔe be dzɔdzɔmeŋutinunya vavã dzie wotu nu gbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ɖo. Alex medi be woabu ye bometsilae o. Egblɔ na eɖokui be: ‘Ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi la, ame kae menye atɔ gbe wo?’

Ne wòe nye Alex ɖe, ɖe nàxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi ase le esi wogblɔ le sukugbalẽ me be kpeɖodzi le eŋu ta?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Ame siwo xɔe se be ɖe wowɔ nuwo kple ame siwo gblɔna be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la siaa tea tɔ ɖe woƒe susuwo dzi evɔ wometea ŋu ɖoa kpe woƒe nyawo dzi o.

  • Ame aɖewo xɔe se be ɖe wowɔ xexea kple emenuwo, elabe nenemae wofia wo le tsɔtsi.

  • Ame geɖewo hã xɔe se be ɖeko xexea kple emenuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si, elabe nenemae wofia wo le suku.

NYABIASE ADE SIWO ŊU WÒLE BE NÀBU

Biblia gblɔ be: “Aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Ðe susu le eme be nàxɔ nya sia dzi asea?

Susu mele eme be woagblɔ be Wɔla aɖeke meli o, ɖeko esia asɔ kple gbɔgblɔ be menye ame aɖekee tu xɔ sia o

NYA SI AMEWO GBLƆNA: Nu siwo katã le xexea me la dzɔ tso nane si wó kpoyi le vo me la me.

1. Ame kae na nua wó alo nu kae na wòwó?

2. Eka mee susu le wu, be woaxɔe se be nu siwo katã le xexea me la metso naneke gbɔ o loo alo be woaxɔe se be nane alo ame aɖee wɔ wo?

NYA SI AMEWO GBLƆNA: Lãwoe nɔ tɔtrɔm ʋuu va zu amegbetɔwo.

3. Nenye lãwo, abe kesewo ene mee amegbetɔwo dzɔ tso ɖe, ke nu ka ae amegbetɔwo nya nu sãsãsã wu kesewo?

4. Nu ka tae nu gbagbe “tsɛtɔ” kekeake gɔ̃ hã ƒe wɔwɔme de ŋgɔ ŋutɔ?

NYA SI AMEWO GBLƆNA: Kpeɖodziwo li be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le wo ɖokuiwo si.

5. Ðe ame si gblɔ nya sia ŋutɔ ku nu me hekpɔ eƒe kpeɖodzia?

6. Ðe wòanye be ame gbogbo mawo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se le esi wogblɔ na wo be nunyalawo katã hã xɔ edzi se ta?

“Ne èle tsa ɖim le ave me eye nèva ke ɖe atixɔ nyakpɔ aɖe ŋu la, ɖe nàgblɔ be: ‘Nu kae nya kpɔ ale, atilɔwo ge le wo ɖokuiwo si va dze afi si sɔ pɛpɛpɛ hezu xɔ sia’? Gbeɖe! Susu manɔ eme o. Ke nu ka tae nàxɔe se be ɖeko nu siwo katã le xexea me la dzɔ le wo ɖokuiwo si?”—Julia.

“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na wò be nane wó le agbalẽtaƒe aɖe eye nuŋlɔtsiwo hlẽ ɖe gliwo kple xɔdzisasrãwo ŋu hezu nyagɔmeɖegbalẽ blibo. Àxɔe sea?”—Gwen.

NU KA TAE MEXƆ MAWU DZI SE?

Biblia de dzi ƒo na wò be nàzã wò “tamebubuŋutete.” (Romatɔwo 12:1) Esia fia be ale si nèxɔ Mawu dzi se la manɔ te ɖe nu siwo gbɔna dzro ko dzi o.

  • SESELELÃME (Mese le ɖokuinye me be ele be ŋusẽtɔ aɖe nanɔ anyi)

  • AME BUBUWO ƑE SUSU (Nuto si me mele la me tɔwo nye mawusubɔlawo)

  • HEHE (Dzinyelawo fiam be maxɔ Mawu dzi se—nu bubu aɖeke meli mawɔ o)

Ke boŋ ele be nu si ta nèxɔe se be Mawu li la ƒe kpeɖodzi sẽŋuwo nanɔ asiwò.

“Ne mele sukuxɔ me le to ɖom nufiala wòle ale si míaƒe ametia wɔa dɔe me ɖem la, ɖeko megakana ɖe edzi bliboe be Mawu li. Míaƒe ŋutinu ɖe sia ɖe, nyaŋuitɔ kekeake gɔ̃ hã, wɔa dɔ aɖe. Zi geɖe la, míenyana gɔ̃ hã be wole dɔ wɔm o. Nyateƒee, míaƒe ametia gɔme sese ɖu ta!”—Teresa.

“Ne mekpɔ xɔ kɔkɔ, meli alo ʋu aɖe la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ame kae wɔe?’ Le kpɔɖeŋu me, ehiã be aɖaŋu nanɔ tagbɔ na ame hafi wòate ŋu awɔ ʋu, elabena ele be ʋuŋutinu suesue geɖeawo nawɔ dɔ pɛpɛpɛ hafi ʋu blibo la nawɔ dɔ nyuie. Nenye be ʋu mate ŋu adzɔ le eɖokui si o, ele be ame aɖe kokoko nawɔe la, ke ele be ame aɖe nawɔ mí amegbetɔwo hã.”—Richard.

“Zi ale si meyi edzi le dzɔdzɔmeŋutinunya srɔ̃m la, zi nenemae mekpɔnɛ be kpeɖodzi aɖeke mele nufiafia si nye be ɖeko xexea kple emenuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la ŋu o. . . . Le gonyeme la, ele bɔbɔe be woaxɔe se be Wɔla aɖe li wu be woaxɔe se be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si.”—Anthony.

BU NYA SIA ŊU

Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku nu me geɖe tso nu gbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋu hã la, woƒe susu mewɔ ɖeka o. Ne dzɔdzɔmeŋuti- nunyala siwo wòle be woaɖu tu na nya siwo ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ŋu ŋutɔ hã mete ŋu le ta kpɔm na nya sia o la, ɖe wòanye nu gbegblẽ ne mèxɔ woƒe nufiafia ma dzi se oa?