Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anyi Nanya Nɔ Nam Le Nye Nuxaxa La Me?

Aleke Mawɔ Anyi Nanya Nɔ Nam Le Nye Nuxaxa La Me?

MIKE ɖo ŋku fofoa ƒe ku dzi eye wògblɔ be: “Mese le ɖokuinye me vevie be ele be mazi nye seselelãmewo dzi.” Mike bui be ŋutsu ɖe wòzia eƒe seselelãmewo dzi. Gake emegbe ekpɔ be menye nenemae wòle be nenɔ o. Eyata esi Mike xɔlɔ̃ tɔgbui ku la, Mike nya nusi wòle be yeawɔ. Egblɔ be: “Ƒe aɖewo va yi la, anye ne ɖe maƒo eƒe abɔta agblɔ nɛ be, ‘Ŋutsue nènye.’ Gake fifia melé eƒe alɔnu gblɔ nɛ be: ‘Alesi wò seselelãmewo le ko la, ɖee fia. Akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe enu. Ne èdi be madzo le ye gbɔ la, madzo. Ne èdi be manɔ ye gbɔ la, manɔ gbɔwò. Gake mègavɔ̃ na wò seselelãme ɖeɖefia o.’”

MaryAnne hã se le eɖokui me be yeazi yeƒe seselelãmewo dzi esi ye srɔ̃ ku. Egblɔ be: “Metsi dzi le ɖokuinye me ale gbegbe ɖe alesi maɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ame bubuwo ŋu, ale be nyemeɖe mɔ nye seselelãmewo dze o. Gake meva kpɔ emegbe be didi be mawɔ ɖokuinye ŋusẽtsoƒee na ame bubuwo menɔ kpekpem ɖe ŋunye o. Meva bu nye nɔnɔmea ŋu kpɔ eye megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ne ewɔ na wò be nàfa avi ko la, fae. Mègawɔ ɖokuiwò ame sesẽe akpa o. Na wò seselelãmewo nado le lãme na wò.’”

Eyata Mike kple MaryAnne kafui be: Ðe mɔ ɖe wò nuxaxa la ŋu faa! Eye nyateƒe hãe woto. Nukatae? Elabena enye nane si hiã si ana wò seselelãmewo nado le mewò. Ne èɖe wò seselelãmewo fia la, ate ŋu aɖe nusi te ɖe dziwò la ɖa le dziwò. Seselelãmewo ɖeɖefia le mɔ si le dzɔdzɔme nu la nu ana nàtsɔ nukpɔsusu nyuitɔ abu wò seselelãmewoe ne ètsɔ nugɔmesese kpe ɖe eŋu eye nèse nyawo me nyuie.

Menye amesiamee ɖea eƒe vevesese fiana le mɔ ma ke nu ya o. Eye nanewo, abe ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ la ku kpata alo ne ɣeyiɣi didi ƒe dɔdzedzee wui ene, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo wògblẽ ɖe megbe ƒe seselelãme dzi. Gake ewɔ abe nu ɖeka aɖe ya li si ŋu kakaɖedzi le ene: Wò seselelãme dzizizi ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò, le wò lãmesẽ kple wò seselelãme siaa ŋu. Ade dziwò wu sã le lãmesẽ gome ne èɖea wò seselelãmewo fiana. Aleke nàwɔe? Eŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Ŋɔŋlɔawo me.

Nuxaxa Ðeɖeɖa—Aleke Nàwɔe?

Nuƒoƒo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖee ɖa. Esi blemafofo Hiob vi ewoawo katã ku, eye dzɔgbevɔ̃e bubuwo hã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi la, egblɔ be: “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa nado bababa [Hebrigbe, “matu ka nye konyifafa”], eye maƒo nu le nye vevesesewo me”! (Hiob 1:2, 18, 19; 10:1) Hiob magate ŋu axe mɔ ɖe eƒe konyifafa la nu o. Ele be wòatu kae, alo aɖee agblɔ, ele be ‘wòaƒo nu.’ Nenema ke Englandtɔ fefewɔla Shakespeare ŋlɔ ɖe Macbeth me be: “Gblɔ nusi do nuxaxa na wò; nuxaxa si dzi womekɔ nu le o ate ŋu aɖu ame dzi keŋkeŋ le ɖoɖoezizi me.”

Eyata wò seselelãmewo gbɔgblɔ na amesi nye ‘xɔlɔ̃ vavãtɔ’ si atsɔ veveseseɖeameti ase wò nyawo dzigbɔɖitɔe ana nàvo le ɖokuiwò me vie wu. (Lododowo 17:17) Nusiwo dzɔ ɖe dziwò kple wò seselelãmewo gbɔgblɔ nana be egɔme nya sena bɔbɔe wu eye wo gbɔ nya kpɔna wu. Eye ne amesi le nya la sem hã nye amesi ame ku na kpɔ eye wòte ŋu to eƒe kuxia me dzidzedzetɔe la, àte ŋu afɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo tso egbɔ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàto eme ado. Esi nyɔnu aɖe ƒe vi ku la, egblɔ nusitae alesi wòƒo nu kple nyɔnu bubu si hã vi ku na abe eya ke ene la kpe ɖe eŋu be: “Esi mekpɔ be nu ma ke dzɔ ɖe ame aɖe hã dzi eye wòto eme do si naneke megblẽ le eƒe tamebubu kple seselelãmewo ŋu o, eye wògate ŋu le dzi dom le eme eye nuwo le ɖɔɖɔm ɖo le eƒe agbenɔnɔ me la, edo ŋusẽm ŋutɔ.”

Biblia me kpɔɖeŋuwo fia be wò seselelãmewo ŋɔŋlɔ ɖi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe wò nuxaxawo afia

Ke ne wò seselelãmewo menya le gbɔgblɔm na wò o ɖe? Le Saul kple Yonatan ƒe ku megbe la, Dawid kpa konyifaha deƒutomename aɖe si me wògblɔ eƒe nuxaxawo le. Konyifaha sia va zu Biblia-gbalẽ si nye Samuel ƒe Agbalẽ Evelia ƒe nuŋlɔɖi la ƒe akpa aɖe. (Samuel II, 1:17-27; Kronika II, 35:25) Nenema ke ame aɖewo hã kpɔnɛ be enɔa bɔbɔe na yewo be yewoaŋlɔ yewoƒe seselelãmewo ɖe agbalẽ dzi. Ahosi aɖe gblɔ be yeŋlɔa yeƒe seselelãmewo ɖi eye le ŋkeke aɖewo megbe la, yexlẽa wo. Ekpɔ be esia kpe ɖe ye ŋu be yeƒe seselelãmewo nu fa.

Èɖagblɔe alo ŋlɔe o, wò seselelãmewo ɖeɖefia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe wò nuxaxa dzi akpɔtɔ. Ate ŋu aɖe ame nɔewo gɔmemasemase si ava ɖo mia dome hã ɖa. Nyɔnu aɖe si ƒe vi ku la ɖe nu me be: “Mía kple srɔ̃nye míese alesi srɔ̃tɔ bubu aɖewo gbe wo nɔewoe esi wo vi ku, eye míedi be wòadzɔ ɖe mía dzi nenema o. Eyata ɣesiaɣi si míekpɔ dziku eye míedi be míaɖe vodada na mía nɔewo la, míeƒoa nu le nya la ŋu kpɔa ta nɛ. Mexɔ se be ewɔwɔ alea na mía dome va le kplikplikpli wu.” Eyata nana be woanya wò seselelãmewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya be togbɔ be nu ɖeka ma kee bu na mi hã la, amewo ƒe nuxaxa ato vovo na wo nɔewo—ame aɖewo tɔ atsɔ kabakaba wu ame bubuwo tɔ, eye woaxa nu le mɔ vovovo nun hã.

Nu bubu si hã ana wò nuxaxa dzi naɖe akpɔtɔe nye avifafa. Biblia gblɔ be “avifaɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 4) Le nyateƒe me la, ame aɖe si míelɔ̃na ƒe kuɣi nyea ɣeyiɣi sia. Ewɔ abe avifafa le nuxaxa ta nye nu vevi siwo hiã hafi wò lãme nahaya la dometɔ ɖeka ene.

Ðetugbi aɖe ɖe alesi exɔlɔ̃ vevi aɖe kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le dadaa ƒe ku me la me na mí. Egblɔ be: “Xɔ̃nyea nɔ ŋunye ɣesiaɣi. Efaa avi kplim. Eƒoa nu kplim. Mete ŋu ɖea nye seselelãmewo fiana faa, eye esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Avifafa mekpe ŋu nam o.” (Kpɔ Romatɔwo 12:15.) Mele be avifafa nakpe ŋu na wò hã o. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo fa avi le nuxaxa ta si mewɔ abe ɖe wòle ŋu kpem na wo o ene ƒe kpɔɖeŋuwo bɔ ɖe Biblia me—tsɔ kpe ɖe Yesu Kristo tɔ hã ŋu.—Mose I, 50:3; Samuel II, 1:11, 12; Yohanes 11:33, 35.

Edzɔa dzi na amewo le afi sia afi be woafa akɔ na yewo

Àkpɔ be va ɖo ɣeyiɣi aɖe la, yeƒe seselelãmewo ate ŋu anɔ tɔtrɔm kabakaba. Zi ɖeka ɖeko nàfa avi si menye ɖe nèɖoe do ŋgɔ hafi o. Ahosi aɖe kpɔ be nuƒeƒle le fiase me (si nye nusi wòwɔna kple srɔ̃a ɖaa) naa yefaa avi, vevietɔ ne eɖe ŋu ɖi tsɔ nuɖuɖu aɖe si dzɔa dzi na srɔ̃a. Gbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò. Eye megawɔ na wò be ele be yeazi avia ɖe ye ɖokui me o. Nenɔ susu me na wò be wonye nuxaxa ƒe akpa aɖe si le dzɔdzɔme nu eye wohiã hã.

Fɔɖiɖi ƒe Seselelãmewo Gbɔkpɔkpɔ

Abe alesi míekpɔe va yi ene la, ne ame aɖewo ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la, wobua fɔ wo ɖokui. Ate ŋu anye esia tae nuteƒewɔla Yakob xa nu vevie esi woblee wòsusu be ‘lã wɔadã aɖee’ vuvu Yosef. Yakob ŋutɔe dɔ Yosef ɖa be wòakpɔe ɖa be nɔviawo le nyuie hã. Eyata anɔ eme be fɔɖiɖi ƒe seselelãmewo anɔ fu ɖem na Yakob, abe ‘Nukatae meɖo Yosef ɖeɖe ɖa? Nukatae meɖoe ɖe afisi menya be lã wɔadãwo bɔ ɖo?’ ene.—Mose I, 37:33-35.

Ðewohĩ ewɔ na wò be nane si yemewɔ o hã tae yeƒe amea ku ɖo. Fɔɖiɖi ma kpɔkpɔ dze sii—eɖanye nu ŋutɔŋutɔ alo nusi wò ŋutɔ nèsusu ko o—nye nuxaxa ƒe nɔnɔme aɖe si sɔ le dzɔdzɔme nu eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã. Le esia hã me la, mègasusui be ele be yeazi seselelãme siawo ɖe ye ɖokui me o. Nuƒoƒo tso alesi nèsusui be yeɖi fɔ ŋu la ate ŋu ana gbɔɖeme si nèhiã vevie la wò.

Gake nyae be aleke gbegbe míeɖalɔ̃ ame aɖee o, míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amea ƒe agbe dzi o, míate ŋu axe mɔ ɖe “azãgbe kple nuɖiɖeame” hã nu na míaƒe lɔlɔ̃tɔwo o. (Nyagblɔla 9:11) Hekpe ɖe eŋu la, menye susu vɔ̃ aɖekee nèɖo ɖe amea ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi nèɖoe be yeƒe amea nadze dɔ aku tae mèyi ɖɔkta gbɔ kaba oa? Kura o! Ke le nyateƒe me la, ɖe eƒe kua ƒe fɔɖiɖi le dziwòa? Ao.

Vidada aɖe srɔ̃ alesi wòakpɔ fɔɖiɖi ƒe seselelãme si nɔ eme esi vianyɔnu ku le lɔrifɔku me gbɔe. Egblɔ be: “Mebu fɔ ɖokuinye be medɔe. Gake meva kpɔe dze sii be susu mele eme be newɔ nam nenema o. Naneke megblẽ le eŋu be madɔe kpe ɖe fofoa ŋu o. Afɔku vɔ̃ɖi aɖe koe wònye dzɔ ɖe edzi.”

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Gake anye ne nu geɖe li si madi be magblɔ alo awɔ hafi.’ Nyateƒee, gake mía dometɔ kae agblɔ be ye ya yenye fofo, dada, alo vi deblibo? Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Mí katã [míedaa vo] le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã dzi.” (Yakobo 3:2; Romatɔwo 5:12) Eyata lɔ̃ ɖe nyateƒe si wònye be mède blibo o la dzi. “Ne ɖe mewɔ ale kple ale” ŋu bubu ɣesiaɣi mate ŋu atrɔ naneke o, ke boŋ alesi wò seselelãmewo nahaya kabae wòahe ɖe megbe.

Ne susu nyuiwo li si tae nèka ɖe edzi be nyateƒee, yedze agɔ ke menye le esi wòle wɔwɔm na wò nenema tae o la, ke bu—Mawu ƒe tsɔtsɔke—nu vevitɔ si léa agɔdzedze ɖesiaɖe ƒomevi nu la ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le.” (Psalmo 130:3, 4) Màte ŋu agbugbɔ ɣeyiɣia ɖe megbe atrɔ naneke o. Gake àte ŋu abia Mawu ƒe tsɔtsɔke, le kukuɖeɖe me, ɖe vodada siwo nèwɔ va yi ta. Ke nukae wòle be nàwɔ? Ne Mawu do ŋugbe be yeatsɔ vodada siwo nèwɔ va yi ake wò la, ɖe mele be wò ŋutɔ hã nàtsɔe ake ɖokuiwò oa?—Lododowo 28:13; Yohanes I, 1:9.

Dziku la Nu Fafa

Ðe dzi kua wò vie, ɖewohĩ ɖe ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, xɔlɔ̃wo, alo amesi ku la gɔ̃ hã ŋua? Nyae be esia hã nye nusiwo dzɔna ne ame ku na ame dometɔ ɖeka. Ðewohĩ alesi kua ve wòe na nèkpɔ dziku nenema. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ne ènya be dzi le ye kum—menye be nàwɔ nu le dziku me o ke nànya be dzi le ye kum—ko hafi nàte ŋu avo tso nusi wògblẽna le ame ŋu la si me.”

Akpe ɖe ŋuwò hã ne ègblɔ alesi dzi le kuwòmee, alo nàna ame aɖe nanya. Le mɔ ka nu? Menye le nuwɔwɔ le dziku helĩhelĩ me o. Biblia xlɔ̃ nu mí be afɔku le dziku léle ɖi me. (Lododowo 14:29, 30) Gake ne ègblɔe na xɔlɔ̃ nugɔmesenamela aɖe la, ate ŋu afa akɔ na wò. Eye ame aɖewo kpɔ be dɔ sesẽ wɔwɔ ne dzi le yewo kum la kpena ɖe yewo ŋu be wòfana na yewo kaba.—Kpɔ Efesotɔwo 4:25, 26 hã.

Gake togbɔ be wò seselelãmewo gbɔgblɔ faa anukwaretɔe le vevie hã la, ele be nàɖɔ ŋu ɖo. Vovototo gã aɖe le wò seselelãmewo gbɔgblɔ kple wo ɖeɖe ɖe amewo ŋu dome. Mehiã be nàbu fɔ ame aɖeke ɖe wò dziku kple dziɖeleameƒo la ta o. Eyata nenɔ susu me na wò be yeagblɔ yeƒe seselelãmewo, gake menye kple dzre o. (Lododowo 18:21) Kpekpeɖeŋu aɖe li si ƒo ɖesiaɖe ta si akpe ɖe ŋuwò le nuxaxa nu fafa me, eye eya ŋue míedi be míaƒo nu le azɔ.

Kpekpeɖeŋu si Tso Mawu Gbɔ

Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Nyateƒee, ƒomedodo si anɔ mia kple Mawu dome la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wu nu bubu ɖesiaɖe be nàdo wò lɔlɔ̃tɔ si ku la ƒe dzi. Le mɔ ka nu? Mawu ƒe Nya, Biblia, dzie wotu aɖaŋu nyui siwo katã míeɖo va ɖo afisia la ɖo alo wowɔ ɖeka kplii. Wo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mègabu gbedodoɖa nu tsɛe o. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; eye mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Ne nuƒoƒo kple xɔlɔ̃ si sea veve ɖe ame nu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la, ke aleke gbegbe wò dzimenyawo katã gbɔgblɔ na “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la makpe ɖe ŋuwòe nye si!—Korintotɔwo II, 1:3.

Menye ɖeko gbedodoɖa naa míaƒe lãme hayana ko evɔ o. ‘Gbedodoɖasela’ la do ŋugbe be yeana gbɔgbɔ kɔkɔe ye subɔla siwo bianɛ le anukwareɖiɖi me. (Psalmo 65:3; Luka 11:13) Eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, ate ŋu ado ‘ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ’ wò be nàdo dzi tso ŋkeke yi ŋkeke. (Korintotɔwo II, 4:7) Ðo ŋku edzi be: Mawu ate ŋu akpe ɖe esubɔla nuteƒewɔlawo ŋu be woado dzi le fuɖenamenu ɖesiaɖe ƒomevi si woado goe me.

Nyɔnu aɖe si ƒe vi ku la ɖo ŋku alesi gbedodoɖa ƒe ŋusẽ kpe ɖe wo kple srɔ̃a ŋu le wo via ƒe kuku me dzi. Egblɔ be: “Ne míele aƒeme le zã me eye nuxaxaa wu tsɔtsɔ na mí la, míedoa gbe ɖa ɖekae sesĩe. Zi gbãtɔ si míewɔ nane kpɔ eya manɔmee—zi gbãtɔ si míeyi hamea ƒe kpekpe, takpekpe gbãtɔ si míeyi eya manɔmee la—míedo gbe ɖa bia ŋusẽdodo. Ne míefɔ ŋdi eye nuxaxa wu tsɔtsɔ na mí la, míedoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Le nu ɖeka eve aɖewo ta la, enye vevesese ŋutɔŋutɔ nam be nye ɖeɖe mazɔ va aƒea me. Eyata ɣesiaɣi ne nye ɖeɖe meva aƒea me la, meɖea kuku na Yehowa le gbedodoɖa me be wòakpe ɖe ŋunye be maɖe dzi ɖi vie.” Nyɔnu nuteƒewɔla ma xɔ edzi se vevie wòsɔ be gbedodoɖa mawoe kpe ɖe ye ŋu. Wò hã àte ŋu akpɔe be ne yedo gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe la, ‘Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo tamesusuwo katã ta la adzɔ yeƒe dzi kple yeƒe tamebubuŋutetewo ŋu.’—Filipitɔwo 4:6, 7; Romatɔwo 12:12.

Kpekpeɖeŋu si Mawu nana la naa nɔnɔmewo trɔna vavã. Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ be Mawu ‘faa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, bene míawo hã míate ŋu afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu.’ Nyateƒee, Mawu ƒe kpekpeɖeŋu meɖea vevesesea ɖa ya o, gake enaa wònya tsɔna wu. Mefia be màgafa avi o alo nàŋlɔ wò amea be o. Gake ana nàgaɖo wò nɔnɔ. Eye ne ekpe ɖe ŋuwò alea la, nusi me nèto ana nàse nu me na ame bubu siwo nuvevi wɔ nenema bɔbɔe wu eye nàse veve ɖe wo ti nyuie wu.—Korintotɔwo II, 1:4.