Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Kristmas O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Kristmas O?

Susu masɔmasɔ siwo le amewo si

 Nyakpakpa: Nu si tae Yehowa Ðasefowo meɖua Kristmas o lae nye be womexɔ Yesu dzi se o.

 Nyateƒea: Kristotɔwoe míenye. Míexɔe se be Yesu Kristo dzi koe míate ŋu ato akpɔ ɖeɖe.​—Dɔwɔwɔwo 4:12.

 Nyakpakpa: Mietsɔa miaƒe nufiafia si nye be womegaɖu Kristmas o la maa ƒomewo me.

 Nyateƒea: Míetsɔa ɖe le ƒomewo ƒe nyonyo me vevie, eye míezãa Biblia tsɔ tua ƒomewo ɖo.

 Nyakpakpa: Mienana be nunana amewo, biabia be ŋutifafa nava anyigba dzi eye woakpɔ ŋudzedze nyui ɖe amegbetɔwo ŋu siwo yia edzi le Kristmas dzi la toa mia ŋu.

 Nyateƒea: Míedzea agbagba gbe sia gbe be míana nu amewo ahanɔ ŋutifafa me kpli wo. (Lododowo 11:​25; Romatɔwo 12:​18) Le kpɔɖeŋu me, ale si míewɔa míaƒe kpekpewo kple ale si míeɖea gbeƒã wɔ ɖeka kple Yesu ƒe sedede si nye be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Gakpe ɖe eŋu la, míenana amewo nyana be Mawu Fiaɖuƒea koe ahe ŋutifafa vavã ava anyigba dzi.​—Mateo 10:7.

Nu ka tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Kristmas o?

  •   Yesu de se be míaɖo ŋku yeƒe ku dzi, ke menye eƒe dzigbe dzi o.​—Luka 22:​19, 20.

  •   Yesu ƒe apostoloawo kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo meɖu Kristmas o. Numekugbalẽ aɖe (New Catholic Encyclopedia) gblɔ be: “Ƒe 243 [Mía Ŋɔli] megbe hafi woɖo Yesu ƒe dzigbezãɖuɖu anyi,” si nye ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo le apostolo mamlɛa ƒe ku megbe.

  •   Kpeɖodzi aɖeke meli be wodzi Yesu le December 25 lia dzi o; womeŋlɔ ŋkeke si dzi wodzi la ɖe Biblia me o.

  •   Míexɔe se be Mawu meda asi ɖe Kristmas-ɖuɖu dzi o, elabena trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee wòdzɔ tso.​—2 Korintotɔwo 6:17.

Nu ka tae miagbe Kristmas-ɖuɖu si awɔe be amewo nalé mi ɖe nu?

 Ame geɖewo gaɖua Kristmas togbɔ be wonya be trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee wòdzɔ tso eye be Biblia meda asi ɖe edzi o hã. Ame siawo ate ŋu abia be: Nu ka tae wòle be Kristotɔ nawɔ nu si ana be amewo nalé fui? Nu ka tae miagbe Kristmas-ɖuɖu si ana amewo nalé mi ɖe nu?

 Biblia de dzi ƒo na mí be míawo ŋutɔwo míabu nuwo ŋu nyuie ahazã míaƒe “tamebubu ŋutete.” (Romatɔwo 12:​1, 2) Efia mí be míade asixɔxɔ nyateƒea ŋu. (Yohanes 4:​23, 24) Eya ta togbɔ be míetsɔa ɖe le ale si amewo bua míi me hã la, míewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi ne ema wɔwɔ ana be míaƒe nu madze ame akpa gãtɔ ŋu o gɔ̃ hã.

 Togbɔ be míawo ŋutɔwo míeɖua Kristmas o hã la, míedea bubu gome si le ame sia ame si be wòatia be yeaɖu Kristmas alo maɖui o la ŋu. Míegblẽa Kristmas-ɖuɖu me na amewo o.