Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xea Fe Na Woƒe Ŋgɔxɔlawoa?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xea Fe Na Woƒe Ŋgɔxɔlawoa?

 Abe ale si wònɔ le Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, vovototo menɔa ŋgɔxɔlawo kple hameviwo dome le Yehowa Ðasefowo dome o. Ðasefo siwo katã xɔ nyɔnyrɔ la nye subɔla siwo woɖo, eye wokpɔa gome le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Ðasefowo ƒo ƒu ɖe hamewo me, eye ame abe 100 ene nɔa hame ɖe sia ɖe me. Ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la nyea “hamemetsitsiwo” le hame ɖe sia ɖe me. (Tito 1:5) Womexea fe na hamemetsitsi siawo o.