Dzo kpo yi emenuwo dzi

“Yehowa Xɔ Mí Ðe Agbe”

“Yehowa Xɔ Mí Ðe Agbe”

 Le ƒe 2005 mea, nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sowbhagya si le India la srɔ̃, si gbɔ melɔ̃a nu le oa ku. Ŋutsua ye kpɔa eya kple wo vi nyɔnuvi Meghana si xɔ ƒe etɔ̃a dzi. Eya ta esi megava li oa, eva nɔ sesẽm na Sowbhagya be wòakpɔ eya ŋutɔ kple via dzi.

 Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, ame siwo dome Sowbhagya nɔ la mebunɛ ɖe ɖeke me o. Eƒe ƒometɔwo wɔa nu ɖe eya kple via ŋu abe nubialawo wonye ene, eye wogblɔna na wo enuenu hã be agba ko wonye na yewo. Esi Sowbhagya nɔ akɔfafa dim taa, eva nɔ sɔleme aɖe si le woƒe nutoa me la dem, gake le afi ma hãa, amewo mewɔa nu ɖe eŋu nyuie o elabe eda ahe. Sowbhagya va nɔ dɔ dim ale be yeate ŋu akpɔ ga akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ. Edi dɔ ʋuu gake mekpɔ ɖeke o.

 Sowbhagya gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ bu ɖem, eya ta meɖoe be mawu ɖokuinye. Gake menya be ne meku gblẽ vinyea ɖeka ɖia, akpe fu ale gbegbe. Eya ta meɖoe be mawɔ nu si ana nye kple vinyea siaa míaku ɖekae.” Esi agbea ti kɔ na Sowbhagya eye wòse le eɖokui me be ame aɖeke melɔ̃ yeƒe nya o ta, eyi be yeavae ƒle aɖi wuame.

 Esi Sowbhagya ɖo keteke trɔ gbɔna aƒe mea, Yehowa Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Elizabeth te ɖe eŋu eye wòdze dzeɖoɖo gɔme kplii. Esi wonɔ dzea ɖom la, Sowbhagya na wònya be dɔwɔɖui aɖeke mele ye si o, eye Elizabeth gblɔ nɛ be yeakpe ɖe eŋu wòakpɔ dɔ, eye wòna wònya hã be yeyina Biblia srɔ̃ ge kple ame aɖe. Nya sia wɔ nuku na Sowbhagya, elabe ede sɔleme geɖe gake mese kpɔ be wosrɔ̃a Biblia kple amewo o. Elizabeth kpe Sowbhagya be wòava srã ye kpɔ ne yeafiae ale si yewosrɔ̃a Biblia kple amewo.

 Esi Sowbhagya va ɖo aƒe mea, eganɔ eŋu bum be yeawu ye ɖokui kokoko. Gake ɣemaɣia woƒe ƒometɔ aɖe va kplɔ via Meghana doe, eya ta Sowbhagya ɖoe be yealala va se ɖe esime ye via gbɔ hafi yewoano aɖia aku.

 Esime via megbɔ haɖe oa, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ vae srã Elizabeth kpɔ. Elizabeth xɔe nyuie eye wòtsɔ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa fiae. Sowbhagya tiae be yewoasrɔ̃ tanya si nye “Afikae Ame Kukuwo Le?” Etia tanya sia elabe srɔ̃a ku eteƒe medidi o. Tso gbe ma gbea, Sowbhagya lɔ̃ be yewoanɔ Biblia srɔ̃m.

 Elizabeth kpe Sowbhagya be wòade takpekpe si yewoawɔ kwasiɖa si akplɔe ɖo, eye Sowbhagya lɔ̃ be yeade. Nu siwo yi edzi le takpekpea mea de dzi ƒo nɛ ale gbegbe be eɖoe be yeazu Yehowa Ðasefo. Esi wòtrɔ tso takpekpea gbɔna aƒe mea, ame aɖe na dɔe.

 Sowbhagya yi edzi nɔ Biblia srɔ̃m. Fifia megadi be yeaku o, elabe eva kpɔe be taɖodzinu le yeƒe agbea ŋu. Eva xɔ nyɔnyrɔ eye le ɣeyiɣi aɖe megbea, via Meghana hã xɔ nyɔnyrɔ. Fifia wonye gbesiagbe mɔɖelawo, eye Meghana le dɔ wɔm le gbegɔmeɖeƒe aɖe le India.

Sowbhagya kple Meghana

 Dzidzɔ gãe wònye na Sowbhagya kple Meghana be Elizabeth tsɔ ɖe le eme na Sowbhagya eye wòte ɖe eŋu le ketekea me heɖe gbeƒã nɛ! Wokpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na woa ŋu ale gbegbe. Meghana gblɔ be: “Ne ɖe míeva ke ɖe nyateƒea ŋu oa, anye ne míeku gbe aɖe gbe ke. Fifia dzi le mía dzɔm ale gbegbe. Nye kple nɔnye míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me míagakpɔ tɔnye awɔ atuu nɛ, afia nui tso Yehowa ŋu, eye míagblɔ ale si Yehowa xɔ na mí la nɛ.”