Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yehowa Ƒe Amewo Wɔ Nu Ðe Nunɔla Siwo Do Dziku Vevie Ŋu Tufafatɔe

Yehowa Ƒe Amewo Wɔ Nu Ðe Nunɔla Siwo Do Dziku Vevie Ŋu Tufafatɔe

 Artur si nye nutome sue dzikpɔla aɖe le Armenia la nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe subɔm. Ede dzesii be hamea mezã kekevi siwo dzi míeɖoa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖo la le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me kpɔ o. Artur kple srɔ̃a, Anna, kple Ðasefo bubu si ŋkɔe nye Jirayr, dze ɖaseɖikekevia zazã gɔme le du sue aɖe me, be woatsɔ ade dzo gbeƒãɖelawo me ɖe gbeƒãɖeɖemɔnu sia ŋu. Wotia teƒe aɖe si ame gbogbowo tona.

 Eteƒe medidi o, ame siwo nɔ eme tsom la nɔ tetem ɖe kekevia ŋu henɔ agbalẽawo tsɔm. Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, gbeƒãɖeɖemɔnu yeye sia he tsitretsiɖeŋulawo ƒe susu. Nunɔla eve aɖewo te ɖe kekevia ŋu eye kasia ko la, wo dometɔ ɖeka tu afɔkpo kekevia. Eyome eƒo tome na Artur hena eƒe gaŋkuia ge ɖe anyigba. Artur, Anna, kple Jirayr dze agbagba be yewoafa dzi na nunɔla siawo do kpoe. Nunɔlawo nɔ afɔ tum kekevia dzi si wɔe be agbalẽawo ka hlẽ. Esi nunɔlawo dzu wo vevie hedo vɔvɔ̃ na wo vɔ la, wodzo le wo gbɔ.

 Artur, Anna, kple Jirayr yi poliswo ƒe dɔwɔƒe si le nutoa me be yewoava ɖe nu si dzɔ la dzi na wo. Woɖe nya sia nya dzi na wo, eye wogblɔ Biblia me nya aɖewo na polis-awo kple dɔwɔla bubuwo kpuie. Eyome wokplɔ Ðasefo etɔ̃awo yi poliswo ƒe amegã ƒe ɔfis. Gbã la, ɖeko amegãa di be yeanya nu si dzɔ. Gake esi wòva nya be Artur meda kɔ kple ŋutsu si ƒo tome nɛ o togbɔ be Artur nye ame dzɔtsu hã la, edzudzɔ nyabiabia tso nu si dzɔ la ŋu, eye wòdi be yeanya nu tso Ðasefoawo ƒe dzixɔsewo ŋu. Esia na woɖo dze gaƒoƒo ene sɔ̃ŋ! Nya siwo polismegãa se la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be egblɔ be: “Subɔsubɔha kae nye esi! Nye hã medi be manɔ eme!”

Artur kple Anna

 Le ŋufɔke esi Artur gayi dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔ ge la, ŋutsu aɖe si kpɔ nu si dzɔ teƒe la te ɖe eŋu. Ŋutsua kafu Artur ɖe ale si wòlé eɖokui kpoo eye meda kɔ kple nunɔlaa o ta. Egblɔ kpee be nu si teƒe yekpɔ la wɔe be bubu si le ye si na nunɔlawo la yi to.

 Le fiẽ me la, polismegãa gayɔ Artur va poliswo ƒe dɔwɔƒea. Gake le esi woaɖo dze tso nu si dzɔa ŋu teƒe la, polismegãa bia nya geɖe tso Biblia ŋu boŋ. Polis eve bubu hã va de nu dzeɖoɖoa me.

 Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Artur trɔ yi polismegã la gbɔ be yeaɖe míaƒe video siwo wotu ɖe Biblia dzi la dometɔ aɖewo nɛ. Polismegã la yɔ polis bubuwo be woawo hã nava kpɔ videoawo.

 Nu gbegblẽ siwo nunɔlawo wɔ ɖe Ðasefoawo ŋu la wɔe be mɔnukpɔkpɔ su polis geɖewo si wose nya nyuia zi gbãtɔ. Esia na susu nyui va le wo si ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu.