Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔmenyo—Enye Nɔnɔme Si Ŋu Mawu Dea Asixɔxɔe

Dɔmenyo—Enye Nɔnɔme Si Ŋu Mawu Dea Asixɔxɔe

A LE SI ŋutsu tsitsi fatu aɖe wɔa nu dɔmenyotɔe la wɔ dɔ ɖe ɖekakpui aɖe si le Japan dzi. Ŋutsu tsitsia nye dutanyanyuigblɔla si megava Asia dukɔ sia me kpɔ o ƒe geɖewoe nye ema, eye meɖu tu na Japangbea tututu o. Ke hã, eyia ɖekakpuia ƒe me kwasiɖa sia kwasiɖa ɖadzroa Biblia me kplii. Ekoa alɔgbɔnu xɔlɔ̃tɔe hewɔa nu dɔmenyotɔe esime wògbɔ dzi ɖi le nya geɖe siwo ɖekakpui sia, si lɔ̃a nyawo gɔme kuku, biana la ŋu ɖom.

Dutanyanyuigblɔla tsitsi sia ƒe dɔmenyowɔwɔa wɔ dɔ ɖe ɖekakpuia dzi ale gbegbe. Egblɔ na eɖokui be, ‘Ne Biblia tea ŋu nana ame ɖea dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ fiana alea la, ke ele be nye hã masrɔ̃e kokoko.’ Esia ʋãe wòsrɔ̃ Biblia togbɔ be menya naneke tso eŋu do ŋgɔ o hã. Ɛ̃, dɔmenyowɔwɔ wɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi dzi heʋãa ame wu nyagbɔgblɔwo gɔ̃ hã zi geɖe.

Mawumenɔnɔme Si Le Amegbetɔwo Si

Le dzɔdzɔme nu la, míenyoa dɔme na ame siwo te ɖe mía ŋu kplikplikpli, eye gɔmesese si le nya dɔmenyo ŋue nye, amelɔlɔ̃ le esi wònye ƒometɔ ta. Ke hã, mawumenɔnɔmee dɔmenyo nye. Yesu gblɔ be ye Fofo si le dziƒo la lɔ̃ ame siwo lɔ̃nɛ kpakple “ame madakpewo” siaa. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woasrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme sia esi wògblɔ be: “[Minɔ] blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”—Luka 6:35; Mateo 5:48; 2 Mose 34:6.

Esi Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme me ta la, wotea ŋu ɖea nɔnɔme si nye dɔmenyonyo fiana. (1 Mose 1:27) Le Mawu sɔsrɔ̃ me la, míawo hã míate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia ame siwo menye míaƒe ƒometɔwo o gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be dɔmenyonyo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo eƒe dɔwɔŋusẽa, ƒe kutsetse nyoameŋu la ƒe akpa aɖe. (Galatiatɔwo 5:22) Eya ta zi ale si míele nu srɔ̃m tso Mawu, si nye Wɔla la, ŋu hele tetem ɖe eŋu la, míanɔ nɔnɔme sia hã tum ɖo.

Tsɔ kpe ɖe ale si amegbetɔwo nyoa dɔme le dzɔdzɔme nu ŋu la, eganye nɔnɔme si ŋu asixɔxɔ gã le le Mawu ŋkume, eya ta esɔ be wògblɔ na mí be ‘míazu ame siwo nyoa dɔme na mía nɔewo.’ (Efesotɔwo 4:32) Wogagblɔ na mí hã be: “Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ,” alo dɔmenyowɔwɔ na amedzrowo be o.—Hebritɔwo 13:2.

Le xexe sia si me ame manyodɔmewo kple ame madakpewo xɔ aƒe ɖo me la, ɖe wòanya wɔ be míanyo dɔme na amewo, siwo dome amedzrowo hã lea? Nu kae akpe ɖe mía ŋu le go sia me? Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le nya sia me ɖo ya?

Mawu Dea Asixɔxɔ Eŋu

Eɖe dzesi be esi apostolo Paulo ƒo nu tso dɔmenyowɔwɔ na amedzrowo ŋu vɔ la, egblɔ kpee be: “To esia dzi la, ame aɖewo wɔ amedzro na mawudɔlawo, evɔ woawo ŋutɔwo menya o.” Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye na wò be nàwɔ amedzro na mawudɔlawo! Ke hã, Paulo gblɔ le nuwuwua be “woawo ŋutɔwo menya o.” Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, efia be ne míelɔ̃a dɔmenyowɔwɔ na amewo, siwo dome amedzrowo hã le la, míate ŋu akpɔ teƒeɖoɖo siwo míele mɔ kpɔm na o la gɔ̃ hã.

Biblia siwo me titina mawunyakpukpuiwo le la dometɔ geɖe na Paulo ƒe nyawo he susu yi Abraham kple Lot ŋuti nya siwo le 1 Mose ta  18 kple 19 lia dzi. Le wo ame evea siaa gome la, mawudɔlaawo ɖe wo ɖokui fia abe amedzro siwo tsɔ gbedeasi veviwo vɛ ene. Le Abraham gome la, gbedeasia ku ɖe ale si ŋugbe si Mawu do be adzi ŋutsuvi la ava emee ŋu, eye le Lot gome la, eku ɖe woƒe ɖeɖekpɔkpɔ le Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ si tu aƒe la ŋu.—1 Mose 18:1-10; 19:1-3, 15-17.

Ne èxlẽ mawunyakpukpui siwo le etame la, àde dzesii be ame siwo Abraham kple Lot nyo dɔme na la nye ame siwo womekpɔ kpɔ o siwo tso eme va yina. Enye nyateƒe be le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, kɔnu kple agbanɔamedzie wònye be woawɔ amedzro na mɔzɔlawo kple ame siwo tso eme va yina, woɖanye xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo amedzrowo o. Le Mose ƒe Sea me la, wobia tso Israel viwo si gɔ̃ hã be woakpɔ amedzro siwo le wo dome la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (5 Mose 10:17-19) Ke hã, edze ƒãa be nu si Abraham kpe Lot wɔ la yi ŋgɔ wu nu si wova bia tso Israel viwo si le sea nu emegbe. Wodze agbagba etɔxɛe nyo dɔme na amedzrowo, eye woyra wo ɖe eta.

Abraham ƒe dɔmenyowɔwɔa zu yayra nɛ, elabena edzi ŋutsuvi. Ke hã, eɖe vi na míawo hã. Le mɔ ka nu? Abraham kple via Isak wɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me. Woɖe dzesi le ƒome si me Yesu, si nye Mesia la, do tso la me. Azɔ hã, woƒe nuteƒewɔwɔa nye kpɔɖeŋu na nu si Mawu va wɔ emegbe hena ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve ta.—1 Mose 22:1-18; Mateo 1:1, 2; Yohanes 3:16.

Ŋutinya mawo ɖe nu si Mawu di tso ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo si la fia kɔtɛ kpakple ale si gbegbe wòdea asixɔxɔ dɔmenyonyo ŋui. Nɔnɔme vevi ye wònye le Mawu ŋkume, ke menye nɔnɔme si ame aɖe afia ne elɔ̃ la koe wònye o.

Dɔmenyowɔwɔ Nana Míedzea Si Mawu Nyuie Wu

Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia me la, ame geɖewo anye “ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, [kple] ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (2 Timoteo 3:1-3) Ðikeke mele eme o be, èdoa go ame siawo tɔgbi gbe sia gbe. Gake mele be esia nana míava zu ame siwo menyoa dɔme na amewo o. Wogblɔ na Kristotɔwo be: “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. Miwɔ nu siwo amewo katã akpɔ be wonyo la.”—Romatɔwo 12:17.

Míate ŋu ado vevie nu anye ame siwo naa nu faa le dɔmenyowɔwɔ na amewo me. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si lɔ̃a ame la, [dzea] si Mawu,” eye mɔ siwo dzi míato aɖee afia be míelɔ̃a amewo le la dometɔ ɖekae nye be míanyo dɔme na wo. (1 Yohanes 4:7; 1 Korintotɔwo 13:4) Ɛ̃, ne míenyoa dɔme na mía havi la, míeva dzea si Mawu ɖe edzi, eye esia dzia míaƒe dzidzɔ ɖe edzi. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye dɔmenyolawo—elabena woawoe woanyo dɔme na. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me—elabena woawoe akpɔ Mawu.”—Mateo 5:7, 8, Young’s Literal Translation.

Ne mènya afɔ nyuitɔ si nàɖe alo nya si nàgblɔ o la, ke wɔ nu si afia be èwɔ nu dɔmenyotɔe

Bu Aki, ɖetugbui si nye srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla si si viŋutsuvi eve le le Japan la ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Nu te ɖe edzi vevie esi dadaa ku kpata. Ɣeaɖewoɣi la, eléa blanui ale gbegbe be ehiãna be ɖɔkta nakpe ɖe eŋu. Emegbe ƒome aɖe ʋu va woƒe nutoa me. Wo fofo ku le afɔku aɖe me ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ema, eye wòsusɔ vidada la kple ɖevi sue atɔ̃. Woƒe nu wɔ nublanui na Aki ŋutɔ, si wɔe be wòdze agbagba dze xɔlɔ̃ vidada la kple viawo. Aki wɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe wo ŋu, abe nuɖuɖu kple awu siwo womegazãna o la tsɔtsɔ na wo ene, si wɔe be eya ŋutɔ hã megava léa blanui o. Ekpɔ nya si Biblia gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” la ƒe nyateƒenyenye dze sii. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ɛ̃, dɔmenyowɔwɔ na amewo ate ŋu anye nu si ŋu viɖe le wu si nàte ŋu awɔ le blanuiléɣi.

“Edo Nugbana Na Yehowa”

Menye ɣesiaɣie dɔmenyowɔwɔ bia ga geɖe o. Eye menɔ te ɖe wò ŋutete alo ŋusẽ si le ŋuwò dzi o. Alɔgbɔnukoko, nya aɖe gbɔgblɔ veveseseɖeamenutɔe, agbatsɔtsɔ akpe ame, nunana sue aɖe si ɖe ameŋububu fia, alo mɔɖeɖe na ame bubu be wòava nɔ ŋgɔwò le fli me hã wɔa akpa vevi aɖe. Ne mènya afɔ nyuitɔ si nàɖe alo nya si nàgblɔ o la, ke wɔ nu si afia be èwɔ nu dɔmenyotɔe. Dutanyanyuigblɔla si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la ƒe nuwɔwɔ dɔmenyotɔe la wɔ dɔ ɖe ɖekakpuia dzi wu nya siwo wògblɔna nɛ gɔ̃ hã. Eya ta mewɔ nuku o be nu siwo Mawu di tso esubɔlawo si la dometɔ ɖekae nye be ‘woalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ.’—Mixa 6:8.

“Nya ɖeka si wogblɔ dɔmenyotɔe la ate ŋu ade dzo lãme na ame ɣleti etɔ̃ le vuvɔŋɔli.” Asiatɔwo ƒe lododo sia si nya se la ɖee fia be viɖe geɖe tea ŋu dona tso dɔmenyonuwɔna sue aɖe ko me. Ne wowɔe kple susu nyui la, ehea dzidzɔ vɛ na dɔmenyowɔlaa kple ame si wòle ewɔm na la siaa, vevietɔ ne lɔlɔ̃ na Mawue ʋã ame wòwɔ dɔmenyoa. Ne womekpɔ ŋudzedze ɖe wò dɔmenyowɔwɔa ŋu o hã la, esia mefia be ezu dzodzro o, elabena Mawu dea asixɔxɔ eŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míewɔ dɔmenyo na ame aɖe la, esɔ kple ‘nugbanadodo na Yehowa.’ (Lododowo 19:17) Ðe manyo ŋutɔ be nàdi mɔ siwo dzi nàto anyo dɔme na ame siwo dome nèle oa?