Dzo kpo yi emenuwo dzi

Wodo Gaxɔmewu Si Dzi Dzesidevɔ Dzẽ Si Le Dzogoe Etɔ̃ Me La Le

Wodo Gaxɔmewu Si Dzi Dzesidevɔ Dzẽ Si Le Dzogoe Etɔ̃ Me La Le

 Maud si le France wɔa dɔ le suku aɖe me eye wòkpena ɖe ɖevi siwo nye nuwɔametɔwo ŋu le sukua. Gbe ɖeka wonɔ nu fiam sukuviawo tso ale si Nazitɔwo wu Yudatɔ geɖe le Xexemeʋa Evelia me kple Nazi fuwɔamegaxɔwo ŋu. Le gaxɔwo me la, gamenɔlawo doa gaxɔmewu si dzi wotɔ dzesidevɔ si le amedede aɖe me la ɖe woƒe akɔta. Ale si dzesidevɔa le kple eƒe amadede si gamenɔla doa nana wonyana susu si tae wolée de gaxɔ me ɖo.

 Esi nufiala nɔ nu fiam sukuviawo tso dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me ŋu la, egblɔ na wo be: “Ewɔ nam be dzeside ma le gamenɔla mawo ŋu elabe wonye ŋutsu ŋutsu gbɔdɔlawo.” Esi wokpa la, Maud te ɖe nufialaa ŋu eye wòɖe eme nɛ be Nazitɔwo zã dzesidevɔ dzẽ ma tsɔ de dzesi Yehowa Ðasefowo. a Egblɔ nɛ be yeadi be yeatsɔ nanewo afiae si ɖe nya sia me geɖe wu. Nufiala lɔ̃ ɖe Maud ƒe nya dzi eye wògblɔ nɛ be ate ŋu atsɔ wo ava fia ye kple sukuviawo faa.

 Esi nufiala bubu aɖe gava nɔ nu fiam sukuviawo tso nya sia ke ŋu la, ezã nɔnɔmetata aɖe si me dzesi vovovo siwo le gamenɔlawo ƒe awua dzi kple nu si wofia la le tsɔ ɖe nu me na wo. Edze le nɔnɔmetataa me nyateƒe be wozã dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me la tsɔ dea dzesi Yehowa Ðasefowo. Esi nufiala wɔ vɔ la, Maud tsɔ nyatakaka aɖe siwo ku ɖe nya sia ŋu la fiae. Nufialaa lɔ̃ xɔ nyatakakawo eye wòwɔ ɖoɖo kple Maud be wòava ɖe eme na sukuviawo hã.

Maud lé nu siwo wòzã tsɔ ɖe nu me na sukuviawo la ɖe asi

 Le gɔmedzedzea, miniti 15 koe Maud ɖo be yeazã atsɔ aɖe nu me na sukuviawo, gake esi ɣeyiɣia de la, nufiala gblɔ nɛ be: “Àte ŋu azã gaƒoƒo ɖeka bliboa.” Maud ɖe video aɖe si ku ɖe ale si Nazi dziɖuɖua ti Yehowa Ðasefowo yome tsɔ dze eƒe numeɖeɖea gɔme. Le videoa ƒe gɔmedzedzea, woɖe ale si Nazi dziɖuɖua lé Ðasefo vi 800 dzoe le wo dzilawo gbɔ, Maud tɔ videoa eye wòxlẽ nu siwo me ɖeviawo dometɔ etɔ̃ to la ŋu nya na wo. Esi Maud ɖe videoa vɔ la, exlẽ lɛta aɖe si ŋutsuvi si ŋkɔe nye Gerhard Steinacher si xɔ ƒe 19 ŋlɔ la na sukuviawo tsɔ ƒo eƒe numeɖeɖea ta. Ŋutsuvi sia tso Austria eye wòŋlɔ lɛta sia le ƒe 1940 me ɖo ɖe edzilawo do ŋgɔ teti na ewuwu tsɔ do baibai na wo. b

 Maud zã nyatakaka siawo tsɔ ɖe nu me na klass bubu hã. Dzi nɔ Maud ƒo wòɖe nu me na nufialawo, eye esia wɔe be ne nufiala siawo le nu fiam tso Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo ŋu la, woƒoa nu nyui tso Yehowa Ðasefowo ŋu.

a Le Xexemeʋa Evelia wɔɣia, wolé Yehowa Ðasefowo (si woyɔna tsã be Biblia Nusrɔ̃viwo) siwo le Germany de gaxɔ me le esi wogbe be yewomakpe asi ɖe Nazi dziɖuɖua ŋu awɔ aʋa o ta.

b Nazi dziɖuɖua tso kufia na Gerhard Steinacher le esi wògbe be yemage ɖe Germany ƒe asrafohaa me o ta. Le lɛta si wòŋlɔ tsɔ gblɔ eƒe nya mamlɛawo na edzilawo me la, egblɔ be: “Ðevi ko mekpɔtɔ nye. Aƒetɔ la koe ado ŋusẽm hafi mate ŋu anɔ te sesĩe eye esia ko biam mele.” Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, wowu Gerhard. Woŋlɔ ɖe eƒe ŋkuɖodzikpe dzi be: “Eku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta.”