Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nye Kple Tɔnye Míewɔ Ðeka Mlɔeba

Nye Kple Tɔnye Míewɔ Ðeka Mlɔeba
  •  ƑE SI ME WODZII: 1954

  •  DUKƆ SI ME WÒTSO: Philippines

  •  AME SI WÒNYE TSÃ: Wo kple tɔa si nye ŋlɔmiwɔla la dome klã

NYE ŊUTINYA

 Modzakaɖetsaɖila geɖe zɔa mɔ yi ɖakpɔa tsitsetse si te ɖe du si nye Pagsanjan ŋu le Philippines. Du ma mee tɔnye Nardo Leron tsi le, eye eda ahe kolikoli. Esi wòkpɔ nu fitifiti siwo dziɖuɖudɔwɔlawo, poliswo, kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔna la, ete ɖe edzi eye dzi va nɔ ekum.

 Dzinyelawo ku kutri sesĩe be yewoanyi yewo vi enyiawo. Enuenu la, womenɔa aƒe me o hena ɣeyiɣi geɖe le esi wonɔa agble dem le toawo dzi ta. Eva hiãna be nye kple fonye Rodelio míakpɔ mía ɖokui dzi, eye dɔ wua mí zi geɖe. Ƒãa hafi míekpɔa asinu fea fefe esi míenɔ ɖevime. Esi mexɔ ƒe adre la, mí ɖeviawo katã míewɔa dɔ le agble dzi hekɔa negba kpekpewo toa todzimɔ ɖiabuwo dzi. Ne agbaa le kpekpem wu mí la, ɖe míetenɛ le anyigba.

 Mía tɔ ƒoa mí vevie eye esia tena ɖe mía dzi, gake etena ɖe mía dzi wu ne míekpɔe wòle mía nɔ ƒom. Míedzea agbagba be míalé avui, gake wɔna aɖeke menɔa mía ŋu o. Nye kple Rodelio míeɖoe le adzame be ne míetsi la, míawu mía tɔa. Edzroam vevie be vifofo si lɔ̃m la nanɔ asinye hafi!

 Esi tɔnye ƒe ŋlɔmiwɔwɔa wɔe be dɔme vem eye dzi nɔ kuyem ta la, meʋu le aƒe me esi mexɔ ƒe 14. Meva tsi ablɔ dzi eye mete gbekui nono. Emegbe meva zu tɔdziʋukula si kplɔa modzakaɖetsaɖilawo yia tsitsetseawo gbɔ.

 Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mete yunivɛsitidede le Manila. Gake esi wònye be megazɔa mɔ yia Pagsanjan le kwasiɖanuwuwuwo ɖawɔa dɔ ta la, nyemetea ŋu kpɔa vovo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu o. Agbea va nɔ sesẽm nam eye nyemenɔ ta kpɔm nɛ o, eye gbekuia nono hã megava nɔ nye dzimaɖitsitsia nu lém o. Eya ta meva nɔ kokaine, heroin kple atike sesẽ bubuwo zãm. Atike sesẽawo zazã wɔnɛ be meƒoa ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me zi geɖe. Ahedada, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe sɔŋ koe ƒo xlãm. Melé fu dziɖuɖua eye mebua fɔe ɖe nu siwo nɔ dzɔdzɔm la ta. Mebia Mawu be, “Nu ka tae agbea le alea ɖo?” Gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo aɖeke tso subɔsubɔha siwo me meyi ɖaku nya ma me le la gbɔ o. Megava nɔ atike sesẽawo zãm geɖe wu ale be wòagadze le ŋunye be nu te ɖe dzinye o.

 Le ƒe 1972 me la, sukuvi siwo le Philippines la lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Mekpɔ gome le gbɔlɔlɔawo dometɔ ɖeka me, eye ʋunyaʋunya va dzɔ. Wolé ame geɖewo, eye le ɣleti aɖewo megbe la, dukɔ bliboa va nɔ asrafowo ƒe kpɔkplɔ te.

 Megava tsi ablɔwo dzi ake, fifia ya menɔ vɔvɔ̃m be setɔwo atu nu kplim ɖe akpa si mewɔ le aglãdzedzea me ta. Be makpɔ ga ayi atike sesẽawo zazã dzi la, meva trɔ ɖe fififi ŋu, eye mlɔeba mewɔ ɖokuinye gbolo na gatɔwo kple ame siwo tso duta. Meɖaku o, meɖale agbe o, mekam o.

 Le ɣeyiɣi mawo me la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple nɔnye kple nɔvinyeŋutsu suea. Esia ku dzi na tɔnye vevie eye wòtɔ dzo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Gake womena ta o eye wova xɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefowo.

 Gbe ɖeka, Ðasefo aɖe ƒo nu tso ŋugbe si Biblia do be dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ava xɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi la ŋu na tɔnye. (Psalmo 72:12-14) Nya sia dzɔ dzi na tɔnye ale gbegbe be eɖoe be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu. Menye ŋugbe si Mawu do be yeahe dziɖuɖu dzɔdzɔe vɛ la ŋu koe wòke ɖo le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me o, ke eva nya nu si Mawu di tso srɔ̃ŋutsuwo kple vifofowo si hã. (Efesotɔwo 5:28; 6:4) Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, eya kple nɔvinye mamlɛawo katã va zu Ðasefowo. Esi nyemetsɔ aƒe gbɔ o ta la, nyemenya be nu siawo nɔ edzi yim o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Le ƒe 1978 me la, meʋu yi Australia. Gake le dukɔ sia si me tomefafa kple kesinɔnuwo bɔ ɖo me gɔ̃ hã la, nyemekpɔ dzidzeme o. Megayi aha tsu nono kple atike sesẽawo zazã dzi. Ɣeyiɣi aɖe megbe le ƒe ma me la, Yehowa Ðasefowo va srãm kpɔ. Nu si wotsɔ fiam le Biblia me ku ɖe ale si ŋutifafa ava xɔ anyigba dzi la dzɔ dzi nam, gake menɔ vɔvɔ̃m be made ha kpli wo.

 Le esia megbe kpuie la, metrɔ yi Philippines henɔ afi ma kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Nɔvinyewo gblɔ nam be tɔnye dze agbagba vevie va zu ame nyui, gake eƒe nu ganɔ dɔme vem nam ale gbegbe be nyemedi kura be magogoe gɔ̃ hã o.

 Nɔvinyenyɔnu suea zã Biblia tsɔ ɖe nu si tae fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖi la me nam. Ewɔ nuku nam be ƒewuivi dzaa si mekpɔ nuteƒe boo le agbe me o la nya nye nyabiasewo ƒe nuɖoɖowo. Hafi madzo le wo gbɔ la, tɔnye tsɔ agbalẽ si nye Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi a la nam. Egblɔ nam be: “Dzudzɔ hloloetsotsoa. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nu si dim nèle la ŋu.” Ede dzi ƒo nam be madi Yehowa Ðasefowo ne metrɔ yi Australia.

 Mewɔ ɖe tɔnye ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye meva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si te ɖe nye aƒe ŋu la ŋu le Brisbane. Melɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Biblia me nyagblɔɖiwo abe esiwo dze le Daniel ta 7 kple Yesaya ta 9 ene na mekpɔe be Mawu ƒe dziɖuɖu, si me nu fitifiti wɔwɔ aɖeke mele o la, aɖu mía dzi le etsɔme. Mesrɔ̃e be míava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi. Medi be nye nu nadze Mawu ŋu, gake mekpɔe be ele be maɖu nye seselelãmewo dzi, madzudzɔ aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã, eye madzudzɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ. Meklã ɖa tso ɖetugbui si nye kplii míeli la gbɔ eye meƒo asa na nu siwo zu numame nam la hã. Esi meva nɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, medo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe nunye mawɔ tɔtrɔ bubu siwo hiã.

 Vivivi la, meva kpɔe be nu siwo srɔ̃m menɔ la ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ vavã. Biblia gblɔ be ne míedze agbagba la, míate ŋu ado “amenyenye yeye la.” (Kolosetɔwo 3:9, 10) Esi menɔ agbagba dzem be mawɔ esia la, meva ka ɖe edzi be nya si mese be tɔnye va trɔ eƒe agbenɔnɔ la ate ŋu anye nyateƒe. Le esi mayi edzi alé fui eye eƒe nu nanɔ dzi kum nam teƒe la, meva di azɔ be mawɔ ŋutifafa kplii boŋ. Mlɔeba, metsɔe ke tɔnye eye meɖe asi le dziku si nɔ menye ɖe eŋu tso nye ɖevime la ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Esime menye ɖekakpui la, mekplɔ amewo ɖo míewɔ nu gbegblẽwo eye mewɔ nu siwo gblẽ nu le ŋunye. Nya si Biblia gblɔ be hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo la va eme ɖe dzinye. (1 Korintotɔwo 15:33) Gake meva dze xɔlɔ̃ vavãwo le Yehowa Ðasefowo dome eye wokpe ɖe ŋunye meva ɖɔ ʋu wu. Woawo ke domee medo go srɔ̃nye lɔlɔ̃a Loretta le. Nye kplii míefiaa amewo ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.

Nye kple srɔ̃nye míele nu ɖum kple mía xɔlɔ̃wo

 Edzɔ dzi nam be Biblia kpe ɖe tɔnye ŋu wòva zu ame si nyemebu kpɔ be ate ŋu ava nye o. Eva zu srɔ̃ŋutsu nyui na nɔnye eye wònye Kristotɔ bɔbɔɖokui si lɔ̃a ŋutifafa. Esi mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le 1987 me eye nye kple tɔnye míeva do go la, ewɔ atuu nam zi gbãtɔ le nye agbe me!

 Tɔnye kple nɔnye wɔ dɔ ɖekae ƒe 35 kple edzivɔ nɔ mɔkpɔkpɔ ƒe gbedeasi si le Biblia me la gblɔm na amewo. Eva zu ame si doa vevie nu hetsɔa ɖe le eme na ame, eye wova nyae be enye ame si kpena ɖe ame ŋu. Le ƒe mawo me la, meva lɔ̃e eye medea bubu eŋu. Enye dada nam be menye via! Eku le ƒe 2016 me, gake meɖoa ŋku edzi kple dzidzɔ, esi menyae be nye kplii siaa míewɔ tɔtrɔ gãwo le míaƒe agbenɔnɔ me le esi míenɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ta. Fuléle si nɔ menye tsã la nu yi keŋkeŋ. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be meke ɖe Fofonye si le dziƒo, Yehowa Mawu, ame si do ŋugbe be yeaɖe nu siwo hea xaxawo vaa ƒomewo dzi la katã ɖa le afi sia afi la ŋu.

a Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.