Dzo kpo yi emenuwo dzi

Estoniatɔwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe “Dɔ Ðedzesi Aɖe” Ŋu

Estoniatɔwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe “Dɔ Ðedzesi Aɖe” Ŋu

Le ƒe 2014 me la, wotia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Estoniagbe me la de agbalẽ siwo dze axɔ Agbalẽ Si Ðe Dzesi Le Ƒea Me Wu Ƒe Nunana le Estonia la dome. Eyae va xɔ nɔƒe etɔ̃lia le agbalẽ 18 siwo wotia la dome.

August 8, 2014 dzie woɖe Biblia sia ɖe go, eye gbegbɔgblɔŋutinunyala Aƒenɔ Kristiina Ross, si wɔa dɔ le Estonia Gbegbɔgblɔŋutinunya Dɔwɔƒea ye tia Biblia sia de agbalẽ siwo ɖe dzesi le ƒea me wu dome. Egblɔ tso Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia sia ŋu be: “Exexlẽ vivi ŋutɔ, eye egɔmesese hã le bɔbɔe. Agbagba si gbegbe wodze le egɔmeɖeɖe me la nye Estonia gbegɔmeɖeɖedɔ dodo ɖe ŋgɔ le mɔ ɖedzesi aɖe nu.” Estonia gbegbɔgblɔ kple dekɔnu ŋuti nufialagã Rein Veidemann hã gblɔ be Biblia gɔmeɖeɖe yeye sia nye “dɔ ɖedzesi aɖe.”

Woɖe Estoniagbe me Biblia gbãtɔ ɖe go le ƒe 1739 me, eye tso ɣemaɣi la, Estoniagbe me Biblia vovovowo gado. Ke nu ka tae wogblɔ tso Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea ŋu be enye “dɔ ɖedzesi aɖe”?

Emenyawo De Pɛpɛpɛ. Estoniagbe me Biblia nyanyɛ aɖe si woɖe ɖe go le ƒe 1988 me la zã Mawu ƒe ŋkɔ “Jehoova” (Yehowa) le teƒe siwo wu 6,800 le Hebri Ŋɔŋlɔawo (Nubabla Xoxoa) me. * Gake Estoniagbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ya wɔ nu si gade ŋgɔ wu ema. Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa me la, wozã Mawu ƒe ŋkɔa le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (Nubabla Yeyea) hã me, le teƒe siwo wokpɔ be ele be wòanɔ.

Nyaawo Me Kɔ. Kuxi gã aɖee wònye be woaɖe Biblia gɔme wòade pɛpɛpɛ eye nyawo hã me nakɔ nyuie. Ðe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa gɔmeɖelawo te ŋu ɖu kuxi sia dzia? Biblia gɔmeɖela xɔŋkɔ Toomas Paul ŋlɔ ɖe Estonia Sɔlemeha ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ (Eesti Kirik) me be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa “ɖo Biblia gɔmeɖeɖe ɖe Estoniagbe si me kɔ nyuie me ƒe taɖodzinua gbɔ le mɔ ɖedzesi aɖe nu.” Egblɔ kpee be: “Mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be esiae nye zi gbãtɔ woɖo taɖodzinu sia gbɔ.”

Estoniagbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa zazã le vi ɖem na wo

Ale si Estoniatɔwo wɔ nu ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ŋu la ɖe dzesi ŋutɔ. Dukɔa ƒe radiodɔwɔƒe trɔ asi le miniti 40 ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe ŋu be woatsɔ adzro nu me tso Biblia yeye sia ŋu. Osɔfowo kple sɔlemedelawo siaa le Yehowa Ðasefowo biam be woana Biblia sia ƒe ɖe yewo. Ame ŋkutawo ƒe suku aɖe si le Tallinn bia be woaɖo Biblia yeyea 20 ɖe yewo yewoazã le sukua. Estoniatɔwo lɔ̃ agbalẽ xexlẽ ŋutɔ, eye edzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewona agbalẽ nyuitɔ kekeake si li la ƒe gɔmeɖeɖe si de pɛpɛpɛ eye eme kɔ nyuie la ka wo si.

^ mm. 5 Esi Nubabla Yeye Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Tartu Yunivɛsiti ƒe zimenɔla Aƒetɔ Ain Riistan ɖe ale si wòdzɔe be Estoniatɔwo va yɔa Mawu ƒe ŋkɔ be “Jehoova” me vɔ la, egblɔ ƒu edzi be: “Mekpɔe be ŋkɔa yɔyɔ egbea be Jehoova sɔ ŋutɔ. Afi ka kee eyɔyɔ alea dzɔ tso o, ele . . . ŋusẽ nyui kpɔm ɖe dzidzimewo dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu ƒe gbogbo aɖewoe nye esia​—Jehoova ye nye Mawu si dɔ Via ɖa be wòava ɖe ameƒomea la ƒe ŋkɔ.”