Míaƒe Agbalẽtatadɔa

AGBALẼTATADƆA

Míelɔ̃ Nyateƒe Eye Míedea Asixɔxɔ Eŋu

Ame sia ame si xlẽa míaƒe agbalẽwo alo kpɔa míaƒe videowo la ate ŋu aka ɖe edzi be wo me nyawo nye nyateƒe siwo ŋu woku nu me le tsitotsito.

AGBALẼTATADƆA

Míelɔ̃ Nyateƒe Eye Míedea Asixɔxɔ Eŋu

Ame sia ame si xlẽa míaƒe agbalẽwo alo kpɔa míaƒe videowo la ate ŋu aka ɖe edzi be wo me nyawo nye nyateƒe siwo ŋu woku nu me le tsitotsito.

Mawu Ƒe Nya La Na Wole Dzidzɔ Kpɔm

Woɖe Mateo ƒe agbalẽa ɖe go le Japan Tokunɔgbe me. De dzesi mɔnukpɔkpɔ xɔasi si wònye be Biblia nanɔ ame si le eya ŋutɔ degbe me.

Nya Nyuia Ðo Andes-Towo Dzi

Míaƒe agbalẽwo kple Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Quechuagbe me la le kpekpem ɖe Quechuagbedola siwo le Peru ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu.

Biblia-srɔ̃gbalẽwo Tsɔtsɔ Yi Congo Ƒe Nutotrowo Me

Yehowa Ðasefowo zɔa mɔ legbewo ɣleti sia ɣleti tsɔa Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo yina na amewo le Congo-Kinshasa.

Mekpɔ Mawu Ƒe Nya La Le Nye Gbe Me

Kpɔ ale si Amerika Tokunɔgbe me Biblia ɖe vi na dzila aɖewo siwo nye tokunɔwo la ɖa.

Video kpui: Gbetakpɔxɔ Si Le Bɔbɔe Wu Le Kpekpem Ðe Ðeviwo Ŋu Le Denmark

Kpɔ ale si ƒome aɖe si le Denmark zãa Gbetakpɔxɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la ɖa.

Estoniatɔwo Kpɔ Ŋudzedze Ðe “Dɔ Ðedzesi Aɖe” Ŋu

Le ƒe 2014 me la, wotia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Estoniagbe me la de agbalẽ siwo dze axɔ Agbalẽ Si Ðe Dzesi Le Ƒea Me Wu Ƒe Nunana le Estonia la dome.

Ame Alafa Geɖewo Xlẽ Biblia Wolé Ðe Mɔ̃ Dzi​—See Alo Wɔ Eƒe Kɔpi Femaxee

Le Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeye si woalé ɖe mɔ̃ dzi me la, ame vovovowoe axlẽ bibliameme vovovoawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe numenyawo.

Fotowo—Ðeviwo Lɔ̃a Videoawo

Se nya siwo ɖeviwo gblɔ tso video siwo me Biblia me nufiamewo le siwo nye ‘Nye Yehowa Xɔlɔ̃’ ƒe video siwo kuna ɖe Kaleb kple Sofia ŋu la ŋu.

Gbegɔmeɖeɖedɔ Le Mexico Kple Titina Amerika

Nu ka tae Yehowa Ðasefo siwo le Mexico kple Titina Amerika ɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple nu bubuwo gɔme ɖe gbe 60 kple edzivɔ siwo dometɔ aɖewoe nye Maya, Nahuatl kple Low German me?

Nu Wɔnuku Aɖe Si Le Afɔti 400 Dzi

Kpɔ ale si wotrɔ asi le agbalẽtamɔ̃ nyadri sia si adze dɔ gɔme ahawu agbalẽtata nu le eɖokui si, si ƒe dɔwɔwɔ atsɔ ŋutɔ, ate ŋu aɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe to woazrɔ nyuie, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu, axlẽ wo ahade wo agbalẽgowo me le eɖokui si la ɖa.

Video kpui: “Mɔ Lae Nye Si”

Se ha sia si wotu ɖe Mawu ƒe Nya dzi, esi wole edzim ɖe gbegbɔgblɔ enyi me.

Video Kpui: Wote Ŋu Le Agbɔsɔsɔ Si Hiã La Tam

Kpɔ ale si agbalẽtamɔ̃ si le Japan la na be wote ŋu le Biblia agbɔsɔsɔ si hiã le xexea me godoo la tam la ɖa.

Biblia Yeye Tata

Kpɔ dɔ siwo gbegbe yi edzi le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia tata me ɖa. Nu ka tae wozã ɣeyiɣi kple ga gbogbowo hena Biblia sia si ŋu wotrɔ asi le le ƒe 2013 me tata?

Kpekpeɖeŋunana Ŋkunɔ Siwo Le Afrika

Ŋkunɔ siwo le Malawi gblɔ ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le Chichewa-ŋkunɔgbe me la ŋu.

Biblia Si Wowɔ Be Wòanɔ Anyi Eteƒe Nadidi

Yehowa Ðasefowo dze agbagba ɖe sia ɖe be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ to le ƒe 2013 me la nanya kpɔ eye wòanɔ anyi eteƒe nadidi.

Axawo Le Ʋɛe Wu, Gake Gbegbɔgblɔawo Sɔ Gbɔ Ðe Edzi

Tso January 2013 dzi la, míaɖe Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ ƒe axawo dzi kpɔtɔ. Nu ka tae?

“Wotsɔ Mawu Ƒe Nya Kɔkɔeawo” Gɔme Ðeɖe “De Asi Na” Mí​—Romatɔwo 3:2

Yehowa Ðasefowo zã Biblia siawo dometɔ geɖe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo. Ke nu ka tae woawo ŋutɔ ɖe Biblia gɔme ɖe egbegbe Eŋlisigbe me?

Woɖe Spaingbe Gbegɔmeɖeƒea Yi Spain (Espagne)

Yehowa Ðasefowo dze woƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Spaingbe me tso keke ƒe 1909 me. Xlẽ nu geɖe tso Spaingbe gbegɔmeɖedɔa ŋu.

Agbalẽtatadɔ Si Le Kpekpem Ðe Amewo Ŋu Wole Nu Srɔ̃m Tso Mawu Ŋu

Agbalẽtaƒe 15 sɔŋue le Yehowa Ðasefowo si le xexea me godoo eye wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔwo me.

Video Siwo Doa Dzidzɔ Na Ame

Yehowa Ðasefowo wɔa video siwo fiaa nu vevi aɖewo ɖeviwo tso agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Dɔ kae wowɔna ɖe amewo dzi?

JW.ORG Le Gbegbɔgblɔ 300 Kple Edzivɔwo Me Fifia!

Aleke Yehowa Ðasefowo nana Biblia me nyatakaka tuameɖowo ɖoa amewo gbɔ le gbegbɔgblɔ vovovowo me? Ke gbegbɔgblɔ agbɔsɔsɔ ka mee nyatakakadzraɖoƒe bubuwo le?

Wova Be Yewoaƒo Ha

Ƒe 40 kple edzivɔe nye esia haƒola siwo tso xexea me godoo la kpɔa dzidzɔ ɖe haƒoha tɔxɛ sia me nɔnɔ aƒo ha ŋu.

Nɔnɔmetatagbalẽ Aɖe Si Le Vi Ðem Na Amewo Le Xexea Me Godoo

Ðo To Mawu gbalẽ sia si me nɔnɔmetata nyakpɔwo le la le kpekpem ɖe amewo ŋu wova le Mawu nyam hele nu nyam tso etsɔme dodzidzɔname si asu ame siwo ɖoa toe si la ŋu. Kpɔ nya siwo ame aɖewo gblɔ tso agbalẽ gbadza nyakpɔ sia ŋu ɖa.