Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

2 Mose 20:12—“Bu Fofowò Kple Dawò”

2 Mose 20:12—“Bu Fofowò Kple Dawò”

 “Bu fofowò kple dawò, be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge la dzi.”—2 Mose 20:12, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Bu fofowò kple dawò, bena nànɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.”—2 Mose 20:12, Eʋegbe Biblia.

Nu si 2 Mose 20:12 fia

 Mawu de se na Israel-viwo le blema be woabu wo dzilawo. Edo ŋugbe na wo tsɔ kpe ɖe sea ŋu si nye susu bubu si tae wòle be woawɔ ɖe sea dzi. Togbɔ be Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea si Mawu na Israel-viwo te o hã, Mawu ƒe dzidzenuwo ya metrɔ o. Gɔmeɖose siwo le Mawu Ƒe Sea me la kpɔtɔ le agbe eye wole vevie na Kristotɔwo.—Kolosetɔwo 3:20.

 Ðeviwo kple tsitsiawo siaa dea bubu wo dzilawo ŋu ne woɖoa to wo eye wobua wo. (3 Mose 19:3; Lododowo 1:8) Ne ɖeviawo tsi va ɖo woawo ŋutɔwo ƒe ƒomewo anyi gɔ̃ hã, wokpɔtɔ yia edzi lɔ̃a wo dzilawo eye wokpena ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔa egbɔ be yewolé be na yewo dzila tsitsiwo. Ne ehiã gɔ̃ hã, wonaa ga kpekpeɖeŋu wo.—Mateo 15:4-6; 1 Timoteo 5:4, 8.

 De dzesii be ɖevi siwo nye Israel-viwo nyae be ele be yewoabu yewo fofo kple yewo dada. Esia fia be wonya akpa vevi si wɔm vidada le le ƒomea me. (Lododowo 6:20; 19:26) Ele be ɖevi siwo li egbea hã nawɔe nenema.

 Togbɔ be sea bia be ame nabu dzila hã, seɖoƒe li na sea. Mele be Israel-viwo naɖo to wo dzilawo ne esia abia be woada le Mawu ƒe se dzi o. (5 Mose 13:6-8) Nenema kee egbea hã, Kristotɔwo ‘ɖoa to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:29.

 Le Se si Mawu de na Israel dukɔa mea, edo ŋugbe na wo be ɖevi siwo bua wo dzilawo la ‘woanɔ agbe didi, eye . . . eme anyo na wo’ le anyigba si Mawu atsɔ ana wo la dzi. (5 Mose 5:16) Tohehe si ava ɖevi siwo tsi eye wogbe Mawu ƒe sea hedze aglã ɖe wo dzilawo ŋu dzia, mava woawo ya dzi o. (5 Mose 21:18-21) Togbɔ be mímegale Israel-viwo ƒe ɣeyiɣia me o hã, gɔmeɖose siwo le sea me la metrɔ o. (Efesotɔwo 6:1-3) Míenye ɖevi alo ame tsitsi o, mí katã míabu akɔnta na mía Wɔla la. Eye Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi ahatsɔ agbe didi aɖo eteƒe na ɖevi siwo ɖoa to eyama kple wo dzilawo. Nyateƒeae nye be mɔkpɔkpɔ li be woava nɔ agbe tegbee.—1 Timoteo 4:8; 6:18, 19.

Nya siwo ƒo xlã 2 Mose 20:12

 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso sedede si dze le 2 Mose 20:12 si le Se Ewoawo mea me. (2 Mose 20:1-17) Sedede siwo do ŋgɔ na kpukpui ma ku ɖe Mawu ŋu tẽe. Le kpɔɖeŋu me, Mawu bia tso Israel-viwo si be woasubɔ ye ɖeka ko. Eye sedede siwo kplɔ kpukpui ma ɖo ku ɖe ale si Israel-viwo awɔ nu ɖe amewo ŋu la ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye ale si ame nawɔ nuteƒe na srɔ̃a, eye mele be ame nafi fi o. Ta míagblɔ be, sedede si nye “bu fofowò kple dawò” la ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋu. Eya ta ne míewɔ ɖe se sia dzia, ke míeɖo to Mawu eye míele nu wɔm ɖe amewo hã ŋu nyuie.

Xlẽ Mose ƒe Agbalẽ Evelia ta 20, etenuŋɔŋlɔawo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme.