Dzo kpo yi emenuwo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | ELIYA

Edo Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Edo Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Eliya se nyadzɔdzɔa: Fia Ahab ku. Míate ŋu akpɔe ɖaa le susu me be nyagblɔɖila tsitsia ye nye ema le asi lilim eƒe ge me hele ŋugble me yim, eke ŋku ɖi gãa, eye wòle ŋku ɖom nu siwo dzɔ le eya kple fia vɔ̃ɖi ma dome zi geɖe la dzi. Eliya to nɔnɔme sesẽ geɖe me! Enuenu la, Ahab kple eƒe fianyɔnu Izebel ti Eliya yome hedo ŋɔdzi nɛ be yewoawui, ale be eƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã. Le Izebel ƒe sedede nu la, wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖila geɖe, eye fia la mewɔ naneke be yeatsɔ axe mɔ nɛ o. Fia la kple srɔ̃a woɖo nugbe ɖe ame maɖifɔ Nabot, si nye ame dzɔdzɔe la ŋu hewu eya kple viaŋutsuwo ɖe ŋukeklẽ dzro ko ta. Le esia ta, Eliya gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi na Ahab tsɔ bu fɔ eya kple eƒe fiaƒome bliboa. Mawu ƒe nyawo le eme vam azɔ. Ahab ku le mɔ si nu Yehowa gblɔe ɖi be aku le.—1 Fiawo 18:4; 21:1-26; 22:37, 38; 2 Fiawo 9:26.

Ke hã, Eliya nya be ele be yeayi edzi anɔ dzi dom. Izebel gakpɔtɔ le agbe, eye eyi edzi nɔ ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe eƒe ƒomea kple dukɔa dzi. Eliya agado go nɔnɔme sesẽ geɖewo, eye nu geɖe li wògahiã be wòafia eƒe zɔhɛ Elisa si ava xɔ ɖe eteƒe la. Eya ta na míadzro Eliya ƒe dɔdeasi mamlɛawo dometɔ etɔ̃ me kpɔ. Ne míekpɔ ale si eƒe xɔse kpe ɖe eŋu wòdo dzi la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míado ŋusẽ míawo hã míaƒe xɔse nyuie wu le ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me míele la me.

Wodrɔ̃ Ʋɔnu Ahaziya

Ahaziya, si nye Ahab kple Izebel viŋutsu la, va zu Israel fia azɔ. Le esi teƒe be wòasrɔ̃ nu tso edzilawo ƒe bometsinuwɔnawo me la, eto woƒe afɔtoƒe vɔ̃ɖiawo boŋ. (1 Fiawo 22:52) Ahaziya subɔ Baal, abe ale si edzilawo wɔe ene. Baal subɔsubɔ nye mawusubɔsubɔ ƒomevi aɖe si ɖia gbɔ ame sia ame si kpɔ gome le eme, eye wònana amewo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔnawo abe gbedoxɔ me gbolowɔwɔ ene me, eye wotsɔa wo viwo saa vɔe gɔ̃ hã. Ðe nane aʋã Ahaziya be wòatrɔ eƒe nɔnɔme eye wòafia mɔ eƒe amewo ale be woaɖe asi le nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa ƒe nuwɔna siwo gbɔ eme la ŋua?

Kasia, afɔku aɖe dzɔ ɖe fia dadala matsimatsi sia dzi gbe ɖeka. Ege tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre si nu wotsɔ adzrala xe la nu, eye wòxɔ abi vevie. Esi eƒe agbe ɖo afɔku me alea gɔ̃ hã la, metrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu o. Ke boŋ, edɔ amewo ɖo ɖe Ekron, si nye woƒe futɔ Filistitɔwo ƒe dugã la me be woabia nu mawu si nye Baal-Zebub be mɔkpɔkpɔ gali be yeahaya hã. Esia medze Yehowa ŋu kura o. Edɔ mawudɔla aɖe ɖe Eliya, eye wògblɔ nɛ be wòaɖatso ame dɔdɔawo le mɔ dzi. Nyagblɔɖilaa gaɖo wo ɖe fia la gbɔ hede gbe sesẽ aɖe asi na wo be woagblɔ nɛ. Ahaziya wɔ nu vɔ̃ gã, elabena ewɔ nu abe ɖe Mawu aɖeke mele Israel o ene. Yehowa ɖoe be Ahaziya mafɔ le eƒe dɔba dzi gbeɖe o.—2 Fiawo 1:2-4.

Ahaziya si metrɔ dzi me o la bia ame dɔdɔawo be: “Aleke ŋutsu si va do go mi gblɔ nya siawo na mi la le?” Ame dɔdɔawo ƒo nu tso awu tsɛ si nyagblɔɖila dona la ŋu tsɔ ɖɔe, ale Ahaziya ɖo eŋu enumake be: “Eliya, Tisbitɔ lae.” (2 Fiawo 1:7, 8) Enyo be míade dzesii be Eliya nɔ agbe tsɛ eye wòlé fɔ ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu ale gbegbe be ale si woɖɔ eƒe nudodo tsɛ la ɖeɖe gɔ̃ hã wɔe be fia la te ŋu kpɔe dze sii be eyae. Ðikekemanɔmee la, womate ŋu agblɔ nya sia tɔgbi tso Ahaziya alo edzilawo, siwo nye ŋuklẽlawo kple ŋutilãmenudilawo la ŋu o. Eliya ƒe kpɔɖeŋua ɖoa ŋku edzi na mí egbea be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be míanɔ agbe tsɛ eye míaƒe ŋku nanɔ nu si le vevie wu le agbe me ŋu la dzi.—Mateo 6:22-24.

Esi Ahaziya ɖoe kplikpaa be yeatu nu kple Eliya ta la, edɔ asrafo 50 kple woƒe amegã ɖa be woaɖalé Eliya. Esi wokpɔ Eliya “wòbɔbɔ nɔ toa tame” * la, asrafomegãa ɖe gbe na Eliya amemabumabutɔe le fia la ƒe ŋkɔ me be ‘neɖi va,’ ɖewohĩ kple susu be yeakplɔe ayi aɖawu. Bu eŋu kpɔ ko! Togbɔ be asrafoawo nyae be Eliya nye “Mawu vavã la ƒe ame” hã la, wotsɔe be yewoate ŋu ava do ŋɔdzi nɛ. Aleke gbegbee woda ƒue nye si! Eliya gblɔ na asrafomegã la be: “Ne Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo wòafiã wò kple wò ame blaatɔ̃awo.” Eyome Mawu ɖe afɔ! “Dzo tso dziƒo va fiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo.” (2 Fiawo 1:9, 10) Ale si asrafo mawo ƒe agbe nu tso nublanuitɔe la ɖoa ŋku edzi na mí nyuie be ŋkubiãnyae wònye le Yehowa gbɔ be ame aɖe nado vlo esubɔlawo alo awɔ nu ɖe wo ŋu amemabumabutɔe.—1 Kronika 16:21, 22.

Ahaziya gadɔ amegã aɖe kple ame 50 siwo kpe ɖe eŋu la ɖo ɖa. Amegã evelia ya ƒe amemabumabua ganyra wu. Nu ɖekae nye be mesrɔ̃ naneke tso ale si ŋutsu 51-awo ku la me o, evɔ ɖewohĩ ame siwo dzoa fiã la ƒe afiwo ganɔ toa ŋu hafi. Nu eveliae nye be menye ɖeko wògagblɔ amemabumabunya si nye “ɖi va” si ame si do ŋgɔ nɛ la gblɔ ko o, ke egatsɔ “fifi laa!” hã kpe ɖe eŋu. Bometsinuwɔwɔ kae nye esi! Eya ta eya kple eƒe ameawo bu woƒe agbe abe ale si ko wònɔ le ame gbãtɔawo gome ene. Fia la tɔ koŋue gavɔ̃ɖi wu. Nu siwo dzɔ la metsɔ fu lãme nɛ gɔ̃ hã o, eye wògadɔ asrafowo ƒe ha etɔ̃lia ɖa. Dzidzɔtɔe la, amegã etɔ̃lia ya dze nunya. Ete ɖe Eliya ŋu ɖokuibɔbɔtɔe, eye wòɖe kuku be wòakpɔ ye kple yeƒe amewo ƒe agbe ta. Ðikeke mele eme o be Eliya, si nye Mawu ƒe ame la, ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fia le ale si wòwɔ nu ɖe amegã ɖokuibɔbɔla sia ŋui me. Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Eliya be wòayi kple asrafoawo. Eliya wɔe nenema, eye wògagblɔ Yehowa ƒe gbedeasia na fia vɔ̃ɖi la. Ahaziya ku, abe ale si Mawu gblɔe ɖi ene. Ƒe eve pɛ koe wòɖu fia.—2 Fiawo 1:11-17.

Eliya ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme si nye nublanuikpɔkpɔ fia asrafomegã si bɔbɔ eɖokui la

Aleke Eliya wɔ do dzi togbɔ be ame siwo dome wònɔ la tri to hedze aglã hã? Nyabiase ma ka míawo hã egbea, alo? Ðe wòte ɖe dziwò kpɔ be ame aɖe si nètsɔ ɖe le eme na la gbe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la sese eye wòɖoe kplikpaa be yeaɖe afɔ si agblẽ nu le eŋu la boŋua? Aleke míawɔ anɔ te ɖe dzigbãnya mawo tɔgbi nu? Ðewohĩ míate ŋu asrɔ̃ nane tso afi si asrafoawo ke ɖe Eliya ŋu le la me, enɔ “toa tame.” Míate ŋu agblɔ nu si tae Eliya nɔ afi ma ɖo la kple kakaɖedzi ya o, gake míenyae kɔtɛ be esi wònye be enye ame si doa gbe ɖa ta la, ekpɔe be ale si ɖoɖoezizi le afi ma la nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ye be yeate ɖe yeƒe Mawu si yelɔ̃ la ŋu kplikplikpli. (Yakobo 5:16-18) Nenema kee enuenu la, míawo hã míate ŋu adi ɣeyiɣi be míawo ɖeɖe míate ɖe Mawu ŋu, ayɔ eƒe ŋkɔ agblɔ míaƒe xaxawo kple dzimedidiwo nɛ. Ekema anɔ bɔbɔe na mí be míado dzi ne ame siwo dome míele la wɔa nu ɖekematsɔlemetɔe heɖea afɔ si agblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu.

Eliya Tsɔ Eƒe Agbanɔamedzi De Asi Na Elisa

Ɣeyiɣia de azɔ be Eliya naɖe asi le eƒe dɔdeasia ŋu na Elisa. De dzesi nu si wòwɔ. Esime eya kple Elisa wonɔ dzodzom le Gilgal la, Eliya gblɔ na Elisa be wòatsi afi ma ale be ye ɖeka yeayi Betel, si anɔ abe kilometa 11 ƒe mɔzɔzɔ ene. Elisa ɖo eŋu nɛ kakaɖedzitɔe be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye wò hã nèle agbe la, nyemagblẽ wò ɖi o.” Esi wo ame evea wova ɖo Betel la, Eliya gblɔ na Elisa be ye ɖeka yeazɔ mɔ ayi Yeriko, si gbɔ didi abe kilometa 22 ene. Elisa gaɖo nya ŋu nɛ kakaɖedzitɔe abe ale si wòwɔe tsã ene. Esi woɖo Yeriko la, nu ma ke gadzɔ zi etɔ̃lia hafi woɖo ta Yordan-tɔsisia gbɔ si anɔ abe kilometa 8 ƒe mɔzɔzɔ ene. Elisa gaku ɖe Eliya, si tsi wui la ŋu goŋgoŋ. Egbe be yematrɔ le Eliya yome o.—2 Fiawo 2:1-6.

Elisa nɔ nɔnɔme vevi aɖe, si nye lɔlɔ̃ si nu metsina o, la ɖem fia. Lɔlɔ̃ sia tɔgbie Rut ɖe fia Naomi, enye lɔlɔ̃ si nana ame kuna ɖe ame si wòlɔ̃ la ŋu goŋgoŋ, eye medina be ye kple amea dome naklã o. (Rut 1:15, 16) Mawu subɔlawo katã hiã na nɔnɔme ma egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Ðe míekpɔa eƒe vevienyenye nyuie abe ale si wònɔ le Elisa gome enea?

Lɔlɔ̃ si nu metsina o si Elisa ɖe fia la anya de dzi ƒo na Eliya, si tsi wui la ŋutɔ. Lɔlɔ̃ ma wɔe be mɔnukpɔkpɔ su Elisa si wòkpɔ Eliya ƒe nukunu mamlɛtɔ teƒe. Le Yordan-tɔsisia ƒe akpa aɖewo la, tɔa goglo eye tsia sina kplakplakpla, ke Eliya tsɔ eƒe nyagblɔɖila ƒe awua ƒo tsia dzi. Kasia, tsia ma ɖe akpa eve! “Nyagblɔɖilawo ƒe vi blaatɔ̃” hã kpɔ nukunu ma teƒe. Anɔ eme be wonye ŋutsuwo ƒe hatsotso aɖewo siwo nɔ dzidzim ɖe edzi siwo nɔ hehe xɔm be woava xɔ ŋgɔ le tadedeagu dzadzɛa me le anyigba la dzi. (2 Fiawo 2:7, 8) Anɔ eme be Eliya ye nɔ hehenaɖoɖoa dzi kpɔm. Ɣeaɖeɣi va yi la, Eliya se le eɖokui me be ye ɖeka koe nye nuteƒewɔla si susɔ ɖe anyigba la dzi. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ɖo Eliya ƒe dzidodoa teƒe nɛ, eye wòna wòkpɔ ŋgɔyiyi gã si nɔ edzi yim le Esubɔlawo dome la teƒe.—1 Fiawo 19:10.

Esi wotso Yordan-tɔsisia vɔ la, Eliya gblɔ na Elisa be: “Bia nu si mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò.” Eliya nyae be ɣeyiɣia de be yeadzo. Mete ɖe edzi be yeƒe zɔhɛ si yenye xoxo na la ava xɔ mɔnukpɔkpɔ kple ɖoƒe siwo le ŋgɔ gbɔna la o. Ke boŋ Eliya di vevie be yeakpe ɖe eŋu le mɔ sia mɔ si nu wòanya wɔ le. Nu ɖeka sia koe Elisa bia be: “Meɖe kuku, na wò gbɔgbɔ ƒe gome evem.” (2 Fiawo 2:9) Menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be yedi be yeaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si nɔ Eliya dzi la ƒe teƒe eve o. Ke boŋ, ɖe wònɔ biabiam be yeaxɔ domenyinu si tɔgbi viŋutsu si nye ŋgɔgbevi xɔna, elabena le se nu la, eyae xɔa domenyinua ƒe akpa gãtɔ, alo teƒe eve, ale be wòasu te nyuie hena eƒe ƒomegbanɔamedzi yeyea tsɔtsɔ. (5 Mose 21:17) Esi wònye be eyae ava xɔ ɖe Eliya teƒe awɔ dɔ siwo wɔm wònɔ ta la, edze ƒãa be ekpɔe be ele be dzinɔameƒo ƒe gbɔgbɔ si nɔ Eliya si la nanɔ ye hã ye si ale be yeate ŋu awɔ dɔa ade goe.

Ðokuibɔbɔtɔe la, Eliya gblẽ ŋuɖoɖoa ɖe Yehowa si me. Ne Yehowa ɖe mɔ Elisa kpɔ eteƒe esime Mawu kɔ nyagblɔɖila tsitsia dzoe la, ekema efia be Mawu awɔ Elisa ƒe didia dzi nɛ. Esime ame siawo siwo nye xɔlɔ̃wo ƒe geɖewoe nye esia la nɔ zɔzɔm hele “dze ɖom le yiyim la,” kasia, nu wɔnuku aɖe dzɔ!—2 Fiawo 2:10, 11.

Dzo ƒe keklẽ wɔnuku aɖe dze le dziŋgɔlia me eye wònɔ tetem ɖe wo ŋu. Míate ŋu akpɔe le susu me be nane ɖe gbe abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene esime nane si nɔ dzo dam la nɔ du dzi sesĩe ɖo ta ŋutsu eveawo gbɔ, si wɔe be wo dome klã, eye ɖewohĩ wote yi megbemegbe le ale si gbegbe nudzɔdzɔa wɔ nuku na woe ta. Nu si wokpɔ la nye tasiaɖam si nɔ dzo dam abe ɖe dzoe wotsɔ wɔe ene. Eliya nya be ɣeyiɣia de na ye azɔ be yeadzo. Ðe wòlia tasiaɖam la hafi ge ɖe emea? Nuŋlɔɖia megblɔe o. Aleke kee wòɖale o, ede dzesii be wokɔ ye yi yame ʋĩi le ahom la me!

Elisa ƒe nu ku esime wòkpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm. Esi Elisa kpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku sia teƒe ta la, enyae be Yehowa ana dzinɔameƒo ƒe gbɔgbɔ si nɔ Eliya si la ƒe ‘gome eve’ ye vavã. Gake Elisa lé blanui ale gbegbe be mebu nya ma ŋu o. Menya afi si yim ye xɔlɔ̃ vevi tsitsi la le o, gake anɔ eme be menɔ mɔ kpɔm be yeagakpɔ Eliya ake o. Edo ɣli be: “Fofonye, fofonye! Israel ƒe aʋatasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Enɔ eƒe kpɔɖeŋuɖola si gbɔ melɔ̃a nu le o la yome kpɔm ɖaa va se ɖe esime wòbu ɖee; eyome Elisa dze eƒe awu le nuxaxa ta.—2 Fiawo 2:12.

Esime Eliya nɔ dzi liam yina dziƒolilia me la, ɖe wòse exɔlɔ̃a ƒe konyifafa, si wɔe be eya ŋutɔ hã fa aɖatsia? Aleke kee wòɖale o, enyae nyuie be ye xɔlɔ̃ ma kpe ɖe ye ŋu yeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me. Anyo ŋutɔ be míasrɔ̃ nu tso Eliya ƒe kpɔɖeŋua me, eye míadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Mawu hedina be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu!

Yehowa ɖe Eliya yi dɔ bubu aɖe gbe

Dɔdeasi Mamlɛa

Afi kae Eliya yi azɔ? Subɔsubɔha aɖewo fiaa nu be wokɔe yi dziƒo be wòanɔ Mawu gbɔ. Gake mate ŋu anɔ eme nenema o. Ƒe alafawo megbe la, Yesu Kristo gblɔ be ame aɖeke melia yi dziƒo do ŋgɔ na yeƒe anyigba dzi vava o. (Yohanes 3:13) Eya ta esi nuŋlɔɖia gblɔ be “Eliya to ahom la me yi dziƒo” la, ele be míabia be, Dziƒo kae wòyi? (2 Fiawo 2:11) Ne Biblia zã nya “dziƒo” la, menye afi si Yehowa le la ko ŋue wòkuna ɖo o, ke ekuna ɖe míaƒe anyigbaa ƒe yamenutowo hã ŋu, afi si alilikpowo nɔna, eye xeviwo hã dzona le. (Psalmo 147:8) Dziƒo ma, si le tsitre ɖi na dziŋgɔlia, ye Eliya yi. Ke nu kae gadzɔ kplɔe ɖo?

Ðeko Yehowa ɖe nyagblɔɖila si gbɔ melɔ̃a nu le o la yi dɔ yeye aɖe gbe le fiaɖuƒe kemɛa, si nye Yuda fiaɖuƒea me. Biblia ƒe nuŋlɔɖia ɖee fia be Eliya ganɔ dɔ dzi le afi ma, anɔ abe ƒe adre kple edzivɔ ene megbe. Fia Yehoram si vɔ̃ɖi lae nɔ Yuda dzi ɖum ɣemaɣi. Eɖe Ahab kple Izebel ƒe vinyɔnu, eya ta woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi la gakpɔtɔ nɔ edzi yim. Yehowa de dɔ asi na Eliya be wòaŋlɔ agbalẽ si anye ʋɔnudrɔ̃gbedeasi ɖe Yehoram ŋu. Eye eva eme le nyagblɔɖia nu be Yehoram ku ŋɔdzitɔe. Esi gavloe wue nye be nuŋlɔɖia ƒo ŋutinyaa ta be: “Eƒe ku meve ame aɖeke o.”—2 Kronika 21:12-20.

Vovototo gã kae nye esi le ame vɔ̃ɖi ma kple Eliya dome! Míenya ale si Eliya ku alo ɣeyiɣi si me wòku ya o. Gake míenya be eƒe ku menɔ abe Yehoram, ame si ƒe ku meve ame aɖeke o, la tɔ ene o. Elisa susu exɔlɔ̃a vevie. Nyagblɔɖila wɔnuteƒe bubuawo hã asusui godoo. Ƒe 1,000 aɖewo megbe gɔ̃ hã la, Yehowa ŋutɔ hã gadea asixɔxɔ Eliya ŋu, elabena ena eƒe nyagblɔɖila ma si gbɔ melɔ̃a nu le o la ƒe nɔnɔme dze le nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega la me. (Mateo 17:1-9) Àdi be yeasrɔ̃ nu tso Eliya gbɔ eye nàtu xɔse sẽŋu si tea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu la ɖoa? Ekema ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be nàdze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Mawu, nàlé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye nànɔ gbe dom ɖa edziedzi tso dzi me. Neva eme be wò hã nàkpɔ nɔƒe mavɔ le Yehowa, Mawu si lɔ̃a ame la ƒe dzi me!

^ mm. 9 Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be to si wowɔnɛ le afi sia lae nye Karmel Toa, afi si Mawu kpe ɖe Eliya ŋu wòɖu Baal ƒe nyagblɔɖilawo dzi le ƒe aɖewo do ŋgɔ. Ke hã, Biblia meƒo nu tso to si tututu wònye la ŋu o.

Ðikekemanɔmee la, xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ Eliya kple Elisa dome la kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le ɣeyiɣi sesẽwo me