Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Kpakpaluʋui Ƒomevi Aɖe Kea Eƒe Aʋalae

Ale Si Kpakpaluʋui Ƒomevi Aɖe Kea Eƒe Aʋalae

Ne ŋdɔ le ʋuʋum la, esia nana dzo ɖoa lãmeka siwo kpakpaluʋui zãna tsɔ dzona la me, si wɔnɛ be wòtea ŋu dzona. Gake le ŋkeke siwo dzi ŋdɔ mele ʋuʋum tututu o la, kpakpaluʋui ƒomevi aɖe (cabbage white butterfly) ya trea dzodzo na kpakpaluʋui bubuwo. Nu kae nana wòtea ŋu wɔa esia?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Kpakpaluʋui ƒomevi vovovowo kea woƒe aʋalawo alo tea wo ƒoa ƒu le ŋdɔgbe sẽe hafi dzona. Gake kpakpaluʋui ƒomevi sia ya kea eƒe aʋala wònɔa ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me. Numekukuwo ɖee fia be hafi dzo nate ŋu aɖo kpakpaluʋuia ƒe lãme nyuie la, ele be wòake eƒe aʋalawo vie wòaɖi ŋɔŋlɔdzesi V. Esia nana dzoxɔxɔ si tso ɣea gbɔ la ɖoa lãmeka siwo wòzãna tsɔ dzona la me nyuie ale be ŋusẽ ɖoa wo ŋu wòtsɔna dzonae.

Numekula siwo le University of Exeter, le England, la ku nu me be yewoakpɔe ɖa be anya wɔ be yewoana ɣeŋusẽhemɔ̃wo nawɔ dɔ nyuie wu nenye be wona wole ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me abe ale si kpakpaluʋui sia kea eƒe aʋalawo ene hã. Esi wowɔ esia la, wokpɔe be elektrikŋusẽ si mɔ̃a nana la dzi ɖe edzi ale gbegbe.

Numekulawo de dzesii hã be kpakpaluʋuia ƒe aʋalawo nɔa dzo dam ŋutɔ le ŋdɔgbe. Esi numekulawo va wɔ ɣeŋusẽhemɔ̃ siwo le abe ŋɔŋlɔdzesi V ene eye wona wonɔ dzo dam la, ewɔe be mɔ̃awo va le wodzoe wu hewɔa dɔ nyuie wu hã. Esia na Agbalẽnyalagã Richard ffrench-Constant, si nɔ numekulawo dome la, gblɔ be “ŋutete [si le kpakpaluʋuia ŋu] be wòaxɔ ŋusẽ tso ɣea gbɔ la de ŋgɔ ŋutɔ.”

Nu kae nèsusu? Ðe ale si kpakpaluʋui sia kea eƒe aʋala ɖe ŋɔŋlɔdzesi V ƒe nɔnɔme me la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?