Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Kpakpaluʋui Ƒe Aʋala

Kpakpaluʋui Ƒe Aʋala

KPAKPALUƲUI ƒe aʋalawo le belii ale gbegbe be ʋuʋudedi alo zãmu gɔ̃ hã nana be dzodzo zua dɔ nɛ. Ke hã eƒe aʋalawo meƒoa ɖi alo ƒoa tsi o. Nu ka gbɔe esia tso?

Tsro wluiwluiwlui siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi le kpakpaluʋui ƒe aʋala ŋu

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Numekula siwo le Ohio State Yunivɛsiti siwo le nu srɔ̃m tso kpakpaluʋui si woyɔna be Giant Blue Morpho ŋu gblɔ be ne èkpɔ eƒe aʋalawo kple ŋku ƒuƒlu la, wo ŋuti zrɔ̃. Gake le nyateƒe me la, tsro wluiwluiwlui siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi abe zingli siwo wotsɔ gba xɔe ene le aʋalaawo ŋuti. Eye fli lɛlɛlɛ siwo le akasa nu hã le aʋalaawo ŋuti si nana be ɖiwo kple tsi ɖiɖina le wo ŋu bɔbɔe. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ aʋala siawo ƒe wɔwɔme atsɔ awɔ aŋɔ deŋgɔ siwo woasi na mɔ̃ɖaŋunuwo alo mɔ̃ siwo wozãna le kɔwo dzi ale be ɖi alo tsi nagagblẽ nu le wo ŋu o.

Kpakpaluʋui ƒe aʋala ƒe wɔwɔme dzi kpɔkpɔ ato nuwo vɛ ganye ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu srɔ̃m tso nu gbagbewo ŋu tsɔ le nuwo tom vɛ la ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖe. Numekula Bharat Bhushan gblɔ be: “Nuwɔwɔ wɔnukuwo do agbogbo ɖe xexea me fũu, tso nyaŋuiawo dzi va se ɖe klitsuawo dzi, eye amegbetɔwo srɔ̃ nu tso wo ŋu tsɔ wɔ mɔ̃ɖaŋunuwo ƒe alafa geɖewoe nye esia.”

Nu kae nèsusu? Ðe kpakpaluʋui ƒe aʋala la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?