Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Míabu Nya Siwo Ame Siwo Nɔ Ði Me Ʋuu Hafi Fɔ Gblɔna La?

Aleke Míabu Nya Siwo Ame Siwo Nɔ Ði Me Ʋuu Hafi Fɔ Gblɔna La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ame siwo nɔ ɖi me ʋuu hafi va fɔ gblɔna be yewokpɔe be yewodo go le yewoƒe ŋutilã me, yewokpɔ kekeli aɖe si nu sẽ alo yewokpɔ teƒe aɖe si nya kpɔ eteƒe mekɔ o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: ‘Ame aɖewo bunɛ be woƒe nya siawo ɖee fia be nu siwo le edzi yim le agbe bubu aɖe mee wokpɔ.’ (Recollections of Death) Togbɔ be Biblia meƒo nu tso nɔnɔme si me ame siwo yia ɖi me nɔna la ŋu o hã la, nyateƒenya vevi aɖewo le eme siwo ɖee fia be nu siwo ameawo gblɔna la menye nu siwo le edzi yim le agbe bubu aɖe mee wokpɔ o.

 Kukuawo menyaa naneke o.

Biblia gblɔ be “kukuawo meganya naneke kura o.” (Nyagblɔla 9:5) Ne míeku la, míeyia agbenɔnɔ dzi le teƒe bubu aɖeke o, ke boŋ míegali o. Nufiafia si nye be luʋɔ makumaku aɖe le mía me si dona le míaƒe ŋutilã me ne míeku la metso Biblia me o. (Ezekiel 18:4) Eya ta nya siwo ame siwo nɔ ɖi me ʋuu hafi fɔ gblɔna la menye ale si agbenɔnɔ le dziƒo, dzo mavɔ me, alo ku megbee wokpɔ o.

 Nu kae Lazaro gblɔ be yekpɔ le ku me esime wofɔe?

Nya si Biblia gblɔ tso Lazaro ŋuti la nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ, elabe eku ŋkeke ene hafi Yesu fɔe ɖe tsitre. (Yohanes 11:38-​44) Ne ɖe Lazaro nɔ dzidzɔ kpɔm le ku megbe hafi Yesu gafɔe ɖe anyigba sia dzi la, anye ŋutasesẽ le eŋu. Gake Lazaro megblɔ naneke le Biblia be yekpɔ ale si agbenɔnɔ nɔna le ku megbe o. Ðikeke mele eme o be ne ɖe Lazaro kpɔ nane le ku megbe la anye ne egblɔe. Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu tsɔ Lazaro ƒe kua sɔ kple alɔ̃dɔdɔ, si ɖee fia be esime Lazaro ku la meganya naneke o.​—Yohanes 11:11-​14.