Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?

Ame Kawoe Nye “Nunyala Etɔ̃awo”? Mawue Na Betlehem Ƒe “Ɣletivi” La Fia Mɔ Woa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ame geɖe gblɔna be “nunyala etɔ̃” alo “fia etɔ̃” ye va kpɔ Yesu ɖa esime wodzii, abe ale si wòdzena le Kristmas ɖuɖu ŋuti kɔnuwo me ene, gake Biblia megblɔ be “nunyala etɔ̃” alo “fia etɔ̃” ye va kpɔe ɖa o. (Mateo 2:1) Ke boŋ, Nyanyuigbalẽŋlɔla Mateo zã Helagbe me nya ma’goi tsɔ ɖɔ ame siwo va kpɔ Yesu ɖa. Anɔ eme be nyagbe ma ku ɖe ame siwo bi ɖe ɣletivimefakaka kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔna bubuwo me ŋu. a Biblia gɔmeɖeɖe geɖe yɔ wo be “ɣletivimefakalawo” alo “akunyawɔlawo.” b

 ‘Nunyala’ nenie wonye?

 Biblia megblɔe o, gake susu vovovowoe le amewo si ku ɖe woƒe xexlẽme ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame geɖe siwo le Asia nutowo me xɔe se be wonye Akunyawɔla [alo nunyala] 12, gake ame siwo le Europa kple Amerika dukɔwo me la xɔe se be ame etɔ̃e, ɖewohĩ le esi wotsɔ nunana etɔ̃, siwo nye ‘sika, lifi kple mire’ (Mateo 2:11) vɛ na ɖevi sue la ta.”—Encyclopedia Britannica.

 Fiawoe “nunyalawo” nyea?

 Togbɔ be nenemae wòdzena le nutatawo me le Kristmas ɖuɣi hã la, Biblia ƒe akpa aɖeke megblɔ be fiawoe wonye o. Numekugbalẽ ma ke gblɔ be ƒe alafa geɖe le Yesu dzidzi megbe la, amewo va “kpa nyawo” kpe ŋutinya si ku ɖe Yesu ƒe dzidzi ŋu, eye ame geɖe va nɔ gbɔgblɔm be ame siwo va kpɔe ɖa la nye fiawo.

 “Nunyalawo” ƒe ŋkɔwo ɖe?

 Biblia meyɔ ɣletivimefakalaawo ƒe ŋkɔwo o. Numekugbalẽ bubu gblɔ be: “Ŋkɔ siwo amewo dze agbagba tsɔ na wo, (abe Gaspar, Melchior, kple Balthasar ene) la nye ŋkɔ kpakpawo ko.”—The International Standard Bible Encyclopedia.

 Ɣekaɣie “nunyalawo” yi ɖakpɔ Yesu ɖa?

 Anye be ɣletivimefakalawo va kpɔ Yesu ɖa ɣleti aɖewo le edzidzi megbe. Míenya esia elabena Fia Herodes, si di be yeawu Yesu la, ɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Nya siwo wòse tso ɣletivimefakalawo gbɔ la dzie wònɔ te ɖo gblɔ be woawu ɖevi siwo xɔ va se ɖe ƒe eve.—Mateo 2:16.

 Menye zã si me wodzi Yesu ye ɣletivimefakalawo va kpɔe ɖa o. Biblia gblɔ be: “Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria.” (Mateo 2:11) Esia ɖee fia be ɣemaɣi la, ƒomea nɔ aƒe aɖe me eye Yesu meganye vidzĩ le lãnuɖunu me o.—Luka 2:16.

 Mawue na Betlehem ƒe “ɣletivi” la fia mɔ ‘nunyalawoa’?

 Ame aɖewo xɔe se be Mawue dɔ nu si amewo yɔna be Betlehem ƒe ɣletivi la be wòafia mɔ ɣletivimefakalawo ayi Yesu gbɔ. Kpɔ nu si tae nya ma mate ŋu anye nyateƒe o la ɖa.

  •   Nu si dze abe ɣletivi ene la kplɔ ɣletivimefakalawo yi Yerusalem gbã. Biblia gblɔ be: “Ɣletivimefakalawo tso Ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wobia be: ‘Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.’”—Mateo 2:1, 2.

  •   Fia Herodes ye nye ame gbãtɔ si fia mɔ ɣletivimefakalawo be woayi Betlehem, ke menye “ɣletivi” lae o. Esi Herodes se be wodzi fia bubu, si nye “Yudatɔwo ƒe fia” la, eku nu me tsitotsito tso afi si woadzi Kristo si ŋugbe wodo la le. (Mateo 2:3-6) Esi Herodes se be Betlehem ye woadzii le la, egblɔ na ɣletivimefakalawo be woayi afi ma, adi ɖevia, eye woatrɔ ava ka eta na ye.

     Esia yomee ɣletivimefakalawo ɖo ta Betlehem. Biblia gblɔ be: “Esi wose fia la ƒe nyawo vɔ la, wodze mɔ, eye kpɔ ɖa, ɣletivi si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe la dze wo ŋgɔ ʋuu va tɔ ɖe aƒe si me ɖevia le la tame.”—Mateo 2:9.

  •   “Ɣletivi” si ɣletivimefakalawo kpɔ la wɔe be nanewo dzɔ si na Yesu ƒe agbe ɖo afɔku me eye wòwɔe be wowu ɖevi manyaɖekewo. Esi ɣletivimefakalawo dzo le Betlehem la, Mawu xlɔ̃ nu wo be woagatrɔ ayi ɖe Herodes gbɔ o.—Mateo 2:12.

 Aleke Herodes wɔ nui? Biblia gblɔ be: “Esi Herodes kpɔ be ɣletivimefakalaawo flu ye la, edo dziku vevie, eye wòdɔ amewo woyi Betlehem kple eƒe nutowo katã me ɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la ɖe ale si wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso ɣletivimefakalaawo gbɔe la nu.” (Mateo 2:16) Mate ŋu adzɔ gbeɖe be nu vɔ̃ɖi ma natso Mawu gbɔ o.—Hiob 34:10.

a Herodotus, si nye Helatɔ ŋutinyaŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la gblɔ be ma’goi siwo nɔ anyi le yeƒe ŋkekea me la tso Mediatɔwo (Persiatɔwo) ƒe to aɖe si me tɔwo xɔ ŋkɔ ɖe ɣletivimefakaka kple drɔ̃ewo gɔmeɖeɖe me la me.

b Kpɔ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo abe New American Standard Bible, The New American Bible, The New English Bible kple New International Version Study Bible ene. Eʋegbe Biblia yɔ ame siwo va kpɔ Yesu ɖa la be “nunyalawo,” gake megblɔ be ame etɔ̃e wonye o.