Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Daniel Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Daniel Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Daniel nye Yuda nyagblɔɖila ɖedzesi aɖe si nɔ agbe ƒe 600 do ŋgɔ hafi Yesu Kristo va anyigba dzi. Mawu kpe ɖe eŋu wòɖe drɔ̃ewo gɔme, ena wòkpɔ ŋutegawo ku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le.—Daniel 1:17; 2:19.

Ame kae nye Daniel?

 Daniel nye Yudatɔ. Etsi le Yerusalem, si nye Yuda fiaɖuƒea ƒe fiadu, afi si gbedoxɔa le. Le 617 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) la, Babilon-fia Nebukadnezar va dze Yerusalem dzi eye wòɖe aboyo “dukɔ la ƒe ame ŋkutawo” yi Babilon. (2 Fiawo 24:15; Daniel 1:1) Wokplɔ Daniel si anɔ eme be enye ƒewuivi ɣemaɣia hã dzoe.

 Wokplɔ Daniel kple ɖekakpui bubuwo (siwo dome Sadrak, Mesak kple Abednego le) yi Babilon ƒe fiasã me be woana hehe tɔxɛ wo ale be woate ŋu asubɔ fia la. Togbɔ be fiaŋumewo ƒoe ɖe Daniel kple exɔlɔ̃wo nu be woawɔ nu si mesɔ o hãa, woɖoe kplikpaa wɔ nuteƒe na woƒe Mawu, Yehowa. (Daniel 1:3-8) Esi woxɔ hehea vɔ ƒe etɔ̃ megbea, Fia Nebukadnezar kafu wo ɖe woƒe nunya kple aɖaŋudzedze ta, eye wògblɔ be ‘woƒo akunyawɔla kple afakala siwo katã le yeƒe fiaɖuƒe bliboa me la ta zi gbɔ zi ewo.’ Eye fiaa tia Daniel kple exɔlɔ̃awo be woasubɔ le fiasã me.—Daniel 1:18-20.

 Le ƒe geɖe megbe esi Daniel tsi, ɖewohĩ esime wònɔ eƒe ƒe 90-awo mea, woɖo gbe ɖee be wòava fiasã me. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Belsazar, si nɔ Babilon dzi ɖum ɣemaɣia bia tso Daniel si be wòaɖe asinuŋɔŋlɔ si dze le gli ŋu nukutɔe la gɔme na ye. Daniel te ŋu ɖe nuŋɔŋlɔa gɔme na fiaa le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me eye wògblɔ be Medo-Pesia Fiaɖuƒea aɖu Babilon dzi. Eye le zã ma tututu mea, Medo-Pesia dze Babilon dzi.—Daniel 5:1, 13-31.

 Fifia esi Medo-Pesia va le Babilon dzi ɖum azɔa, Fia Dario tia Daniel be wòanye yeƒe amegãwo dometɔ ɖeka, eye fia la ɖoe be yeagadoe ɖe ŋgɔ wu ema. (Daniel 6:1-3) Amegã susɔeawo nɔ ŋu ʋãm Daniel, eye woɖo nugbe be yewoatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me ne wòaku, gake Yehowa xɔ nɛ. (Daniel 6:4-23) Le Daniel ƒe agbenɔɣi ƒe nuwuwu lɔƒoa, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Daniel eye wòka ɖe edzi nɛ zi eve sɔŋ be enye “ame vevi” aɖe.—Daniel 10:11, 19.

 Kpɔ Biblia me drama si le akpa eve me si ƒe tanyae nye Daniel—Eɖe Xɔse Fia Le Eƒe Agbe Me Katã, ne nàkpɔ ale si nudzɔdzɔawo le ŋutɔŋutɔ.