Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?

Nu Kae Nya Si Nye, “Ŋku Ðe Ŋku Teƒe” Fia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 “Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea nɔ se siwo Mawu de na blema Israel-viwo to Mose dzi la dome eye Yesu ƒo nu tso se sia ŋu le eƒe Todzimawunyaa me. (Mateo 5:38; 2 Mose 21:24, 25; 5 Mose 19:21) Se sia fia be, ne wole to he ge na nu gbegblẽ wɔla aɖe la, ele be tohehea nasɔ ɖe nu gbegblẽ si wòwɔ la nu. a

 Le blema la, wowɔa se sia ŋu dɔ ne ame aɖe ɖoe koŋ wɔ nu vevi ame bubu aɖe. Mose ƒe Sea gblɔ tso nu si woawɔ na ame si ɖoe koŋ wɔ nu vevi ame bubu la ŋu be: “Ŋeŋe ɖe ŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, nu si wòwɔ amea la, nu ma kee woawɔ eya hã.”—3 Mose 24:20.

 Nu kae nye “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ƒe taɖodzinu?

 Menye ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ɖe mɔ be ame ŋutɔ nabia hlɔ̃ na eɖokui o. Ke boŋ, ekpe ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu be wohe to si sɔ na nu gbegblẽ wɔlawo, ale be tohehea nagasẽ akpa loo alo wòaganye esi mede edeƒe o.

 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe wode se sia be wòade vɔvɔ̃ amewo me be woagaɖoe koŋ awɔ nu vevi ame bubuwo alo aɖo tame be yewoawɔ nu vevi wo o. Mose ƒe Sea ɖe eme be, esia awɔe be: “Ame mamlɛawo [siwo nye Israel-vi siwo kpɔ eteƒe ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ Mawu ƒe sea dzi la] asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi le [wo dome] azɔ o.”—5 Mose 19:20.

 Ðe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea yi na Kristotɔwo hã?

 Ao, se sia mebla Kristotɔwo o. Se ma nɔ Mose ƒe Sea me, eye Yesu ƒe vɔsakua ɖe Mose ƒe Sea ɖa.—Romatɔwo 10:4.

 Togbɔ be ele alea hã la, “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea na míekpɔ ale si Mawu bua nuwo ŋui. Le kpɔɖeŋu me, eɖee fia be, Mawu lɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. (Psalmo 89:14) Eɖee fia hã be edi be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo “ale si dze.”—Yeremiya 30:11.

 Susu totro siwo le amewo si ku ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ŋu

 Susu totro: “Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea nye tohehe si sẽ akpa.

 Nyateƒea: Menye ɖe se sia ɖe mɔ be woahe to na ame wòasẽ akpa alo woasẽ ŋuta le ame ŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Ke boŋ, ne wowɔ se sia ŋu dɔ nyuie la, gbã la, ʋɔnudrɔ̃la siwo dze la aku nu me le nɔnɔme si me nua dzɔ le ŋu ahade dzesi nu siwo ɖee fia be ɖe amea ɖoe hafi wɔ nu gbegblẽa. Esia ko hafi woahe to na nu gbegblẽ wɔlaa. (2 Mose 21:28-30; 4 Mose 35:22-25) Eya ta, “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea wɔnɛ be ʋɔnudrɔ̃lawo ƒoa asa na tohehe si gbɔ eme.

 Susu totro: “Ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea ɖe mɔ na amewo be woayi edzi anɔ wɔɖenui wɔm ɖe wo nɔewo ŋu ɖaa.

 Nyateƒea: Mose ƒe Sea gblɔ tẽe be: “Mègawɔ wɔɖenui alo alé wò dukɔmeviwo ɖe dɔ me o.” (3 Mose 19:18) Eya ta, Mose ƒe Sea mede dzi ƒo na amewo be wobia hlɔ̃ na wo ɖokuiwo o, ke ɖe wòde dzi ƒo na wo boŋ be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye woaka ɖe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo wòɖo anyi be woatsɔ akpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nyawo gbɔ la dzi.—5 Mose 32:35.

a Ɣeaɖewoɣi la, woyɔa ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiame sia le Latingbe me be lex talionis, eye edze le blema dukɔ bubu aɖewo hã ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me.