Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Nu Kae Mawɔ Ne Wowɔa Anyra Le Vinye Ŋu?

Nu Kae Mawɔ Ne Wowɔa Anyra Le Vinye Ŋu?

Viwò va gblɔ na wò be wole anyra wɔm le ye ŋu le suku. Nu kae nàte ŋu awɔ? Ðe nàbia tso sukutatɔwo si be woahe to na ame si le anyra wɔm le viwòa ŋua? Ðe nàfia viwòa ale si wòawɔ wɔɖenuia? Hafi nàtso nya me le nu si nàwɔ ŋu la, bu anyrawɔwɔ ŋuti nyateƒenya siawo ŋu kpɔ.

 Nu kae wòle be manya tso anyrawɔwɔ ŋu?

Nu kae nye anyrawɔwɔ le ame ŋu? Anyrawɔwɔ le ame ŋu fia be woaɖoe koŋ anɔ ŋuta sẽm le ame ŋu alo anɔ nu si ate ɖe edzi la wɔm ɖe eŋu enuenu. Eya ta menye amedzudzu alo fuɖename ƒe nuwɔna ɖe sia ɖee nye anyrawɔwɔ o.

Nu si tae wòle be nànya nu si tututu anyrawɔwɔ nye: Ame aɖewo zãa nya “anyrawɔwɔ” tsɔ ɖɔa fuɖename ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe, ne menye nu gã aɖekee wònye o gɔ̃ hã. Gake ne ètsɔa nu sue ɖe sia ɖe si wowɔ ɖe viwò ŋu wɔa nya gãe la, le wò manyamanya me la, ànɔ viwòa fiam be manya wɔ nɛ be wòakpɔ eya kple amewo dome masɔmasɔwo gbɔ o, evɔ esia sɔsrɔ̃ aɖe vi nɛ fifia kple etsɔme siaa.

Biblia ƒe mɔfiame: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.”—Nyagblɔla 7:9.

Nya vevitɔ: Togbɔ be ahiã be nàde nu nya aɖewo me hã la, nɔnɔme aɖewo ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ viwòa be wòasrɔ̃ dzidodo kple ale si wòawɔ nu kple amewo.—Kolosetɔwo 3:13.

Ke nu kae nàwɔ ne viwòa va gblɔ na wò be ame aɖe ɖoe koŋ le fu ɖem na ye enuenu?

 Nu kae mawɔ atsɔ akpe ɖe vinyea ŋu?

  • Gbɔ dzi ɖi nàɖo to viwòa nyuie. Dze agbagba be (1) nànya nu si tututu le dzɔdzɔm, kple (2) nu si koŋ tae wole anyra wɔm le eŋu ɖo. Mègaƒo nya ta esi mèkpɔ nya ale si nya bliboa le o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nyaa ƒe akpa aɖewo li siwo nyemenya oa?’ Be nànya nu si tututu le dzɔdzɔm la, ate ŋu ava hiã be nàƒo nu kple viwòa ƒe nufiala alo sukuvi kemɛa dzilawo.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.”—Lododowo 18:13.

  • Ne wole anyra wɔm le viwò ŋu la, kpe ɖe eŋu wòade dzesii be ale si wòwɔa nui la ate ŋu awɔe be nuwo naka ɖe eme wu loo alo be nyaa nagagblẽ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Le nyateƒe me la, wɔɖenuiwɔwɔ ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi, si awɔe be anyrawɔwɔa nu nagasẽ ɖe edzi, ke menye be edzi naɖe akpɔtɔ o.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o.”—1 Petro 3:9.

  • Ðe eme na viwòa be ne mewɔ wɔɖenui o la, esia mefia be enye vɔvɔ̃nɔtɔ alo gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ o. Efia boŋ be esẽ ŋu, elabena meɖea mɔ be anyrawɔlaa ƒe nuwɔna nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ekema le mɔ aɖe nu la, ele anyrawɔlaa dzi ɖum anyramawɔmawɔe.

    Anyo ŋutɔ be nya ma nanɔ susu me nɛ, vevietɔ ne wole anyra wɔm le eŋu to kɔmpiuta alo asitelefon dzi. Ne eva ƒo eɖokui ɖe dzikunyawo ɖoɖo ɖe ame nɔewo to Internet alo asitelefon kadodowo dzi me la, esia aʋu mɔ na anyrawɔlaa be wòayi eƒe anyrawɔwɔa dzi, eye esia ate ŋu ana woatso viwòa ŋutɔ hã nu be enye anyrawɔla! Le esia ta, ɣeaɖewoɣi la, nu nyuitɔ si wòle be wòawɔ koe nye be wòagaɖo nya aɖeke ŋu na anyrawɔlaa o, eye esia ate ŋu ana anyrawɔlaa ƒe lãme nafa ɖe anyrawɔwɔa ŋu.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Ne nake meli o la, dzo tsina, eye ne ameŋugblẽla meli o la, dzre kena.”—Lododowo 26:20.

  • Le go aɖewo me la, viwòa ate ŋu aƒo asa na anyrawɔlawo kple teƒe siwo woate ŋu awɔ anyra le eŋu le. Le kpɔɖeŋu me, ne enya afi si ame aɖe alo sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe anɔ la, ate ŋu ato teƒe bubu, ale be wòagage dze nya me o.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”—Lododowo 22:3.

Ate ŋu ava hiã be nàƒo nu kple viwòa ƒe nufiala alo sukuvi kemɛa dzilawo

TE MƆNU SIA KPƆ: Kpe ɖe viwòa ŋu wòade ŋugble le nu nyui kple kuxi siwo ate ŋu ado tso afɔ si wòaɖe me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me:

  • Nu kae ate ŋu adzɔ ne mede nu eme na anyrawɔlaa o?

  • Ke ne etsɔ dzinɔameƒo gblɔ na anyrawɔlaa be nedzudzɔ ya ɖe?

  • Nu kae adzɔ ne egblɔ na sukutatɔwo be wowɔ anyra le ye ŋu?

  • Ðe wòate ŋu atsɔ nu si wɔm anyrawɔlaa le ɖe eŋu awɔ nukonyae ale be anyrawɔlaa ƒe lãme nafa?

Woɖawɔ anyra le viwòa ŋu ŋkume kple ŋkume alo to Internet dzi o, nɔnɔme ɖe sia ɖe kple nu si wòle be wòawɔ. Eya ta kpe ɖe viwòa ŋu be wòanya nu ŋutɔŋutɔ siwo wòate ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Ka ɖe edzi nɛ be yeli akpe ɖe eŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.

Biblia ƒe mɔfiame: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.