Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nàwɔ Ne Èɖe Ðe Aga?

Nu Kae Nàwɔ Ne Èɖe Ðe Aga?

Ðe wò ɖeka nèɖe ɖe aga eye nèle sesem le ɖokuiwò me be yetsi akogoa? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ èle sesem le ɖokuiwò me abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Mele abe xevi tsiakogo le xɔ ta ene.” (Psalmo 102:7) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe akogotsitsi nu ne èɖe ɖe aga.

 Na wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli

Ne èɖe ɖe aga gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ ne èɖoa ŋku edzi be yehiã na Mawu, eye nèdzea agbagba be yeadze sii. (Mateo 5:3, 6) Nu siawo siwo gbɔna siwo nàte ŋu akpɔ le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea femaxee la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

 Xlẽ Biblia me nya fakɔnamewo

Ŋɔŋlɔ siawo kpe ɖe ame geɖe ŋu wokpɔ akɔfafa. Le esi nàxlẽ mawunyakpukpui gbogbo aɖewo le ɣeyiɣi ɖeka me teƒe la, dze agbagba nàwɔ ɣeyiɣi si me nèɖe ɖe aga la ŋu dɔ nàtsɔ ade ŋugble le mawunyakpukpui ɖe sia ɖe ŋu eye nàdo gbe ɖa tso wo ŋu.—Marko 1:35.

 Nya nu si tae nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me

 Ƒo asa na dzimaɖitsitsi dzodzro

Nyati siwo ku ɖe nya siwo gbɔna ŋu la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe akogotsitsi nu eye ‘nàdzudzɔ dzimaɖitsitsi.’—Mateo 6:25.

 Dze xɔlɔ̃ nyuiwo

Xɔlɔ̃ nyuiwo ana wò susu nadze akɔ anyi eye wò dzi nadze eme, eye esia gale vevie wu ne mètea ŋu doa go amewo ŋkume kple ŋkume o. Ne èɖe ɖe aga le aƒe me la, àte ŋu ato videokadodo alo telefon dzi ana kadodo nanɔ wò kple xɔ̃wòwo dome eye nàdze xɔlɔ̃ yeyewo hã. Nyati siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo eye wò ŋutɔ hã nànye “xɔlɔ̃ vavã.”—Lododowo 17:17.

 Nɔ kame dem edziedzi

Biblia na míenya be “kamedede nyo.” (1 Timoteo 4:8, etenuŋɔŋlɔ) Kamedede ate ŋu ana wò susu nadze akɔ anyi, vevietɔ ne èɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ. Ne manya wɔ be nàdo go le wò aƒe me o gɔ̃ hã la, anɔ be eme nanewo li nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ kame dem.