Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Si Ðɔktawo Va Le Gbɔgblɔm Tso Ʋudodo Ŋu Azɔ

Nya Si Ðɔktawo Va Le Gbɔgblɔm Tso Ʋudodo Ŋu Azɔ

Ƒe geɖewoe nye esi wohea nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le esi womelɔ̃na wodoa ʋu na wo o ta. Ale si míewɔna ɖe se si Biblia de be ‘woatsri ʋu’ dzi eye míegbena be womado ʋu na mí o la hea masɔmasɔwo dea mí kple ɖɔktawo dome ɣeaɖewoɣi, elabe wosusui be ʋudodo ade dɔnɔawo dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:29.

Gake ɖɔkta geɖe va le asi fiam lãmesẽkuxi gbogbo aɖewo siwo ta wòle be woatsri ʋudodo ɖo.

Le ƒe 2013 ƒe adame la, Stanford Yunivɛsiti Ƒe Atikesrɔ̃suku ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Medicine Magazine ɖe nyatakaka tɔxɛ aɖe ɖe go ku ɖe ʋu ŋu, wona tanya eƒe akpa aɖe be: “Nuwɔna Si Nu Le Yiyim​—Nu Ka Tae Ame Geɖe Megadoa Ʋu O?” Nyati ma ŋlɔla Sarah C. P. Williams gblɔ be: “Le ƒe geɖe siwo va yi me la, numekuku geɖewo ɖee fia be wole ʋu siwo amewo nana la dom na ame geɖewo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me wu ale si dze le kɔdzixɔwo kple amekoƒewo siaa.”

Nyati ma ŋlɔla gblɔ be Ðɔkta Patricia Ford, M.D. si ɖo Atikewɔwɔ Kple Amekoko Ʋumadomadoe Ƒe Dɔwɔƒe si le Pennsylvania Kɔdzi eye wònye edzikpɔla la gblɔ be: “Susu si xɔ aƒe ɖe atikewɔlawo domee nye be ne ame ƒe ʋu mede agbɔsɔsɔ aɖe koŋ o la, aku godoo, eye be ele be woado ʋu na amea godoo hafi wòate ŋu atsi agbe . . . Esia nye nyateƒe le nɔnɔme aɖewo koŋ me, gake menye nyateƒe le dɔnɔ akpa gãtɔ * gome o.”

Ðɔkta Ford ame si daa dɔ na Yehowa Ðasefo siwo ade 700 ƒe sia ƒe la gblɔ hã be: “Atikewɔla geɖe siwo meɖo dze kple la . . . bunɛ vodadatɔe be dɔnɔ geɖewo mate ŋu ahaya o negbe ɖe wodo ʋu na wo. . . . Eye nye ŋutɔ hã mesusui nenema kpɔ. Gake nu si meva nya le ɣeyiɣi kpui aɖe mee nye be woate ŋu azã dɔdamɔnu bɔbɔe aɖewo awɔ dɔ siawo dzidzedzetɔe.”

Le August 2012 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Archives of Internal Medicine ɖe nu siwo ŋu woke ɖo le numekuku si wowɔ tso dzikoko na ame ŋu le kɔdzi aɖe ƒe 28 sɔŋ la ɖe go. Yehowa Ðasefowo hayana kaba wu ame bubu siwo lé dɔ mawo tɔgbi siwo wodo ʋu na. Dɔdadamekuxi sesẽ ʋɛ aɖewo koe doa mo ɖa le Ðasefoawo gome ne wowɔ dɔ na wo, woƒe lãme tea ŋu sẽna kaba, eye wo dometɔ siwo nɔa agbe ƒe 20 kple edzivɔwo le dɔwɔwɔ na wo megbe ƒe agbɔsɔsɔ sɔ kple ame siwo wodo ʋu na tɔ.

Nyati aɖe si dze le The Wall Street Journal me le April 8, 2013 dzi la gblɔ be: “Dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe (si fia be woawɔ dɔ na amea evɔ womado ʋu si ame aɖe na la nɛ o) le edzi yim ƒe geɖewoe nye esia. Ame siwo gbena be womegado ʋu na yewo o le mawusubɔsubɔnyawo ta lae wowɔa dɔ sia na. Fifia kɔdzi geɖewo va le dɔ wɔm na amewo ʋumadomadoe . . . Amekola siwo kafua dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe vevie la gblɔ be dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe nana be womegagblẽa ga ɖe ʋuƒeƒle, edzadzraɖo, asitɔtrɔ le eŋu, edodo kpɔ kple edodo na amewo ŋu o, eye wòwɔnɛ hã be dɔnɔwo ƒoa asa na dɔxɔxɔ le ʋudodo me kple lãmesẽkuxi siwo dona tso ʋudodo me siwo wɔnɛ be wotsia kɔdzi eteƒe didina la siaa.”

Mewɔ nuku o be Robert Lorenz ame si nye ame siwo kpɔa ʋunyawo gbɔ le Cleveland Kɔdzi ƒe amegã gblɔ be: “Ne èdo ʋu ne dɔnɔ aɖe la, àse le ɖokuiwò me enumake be yele kpekpem ɖe eŋu . . . Gake nu siwo va dona tso eme emegbee ana nàkpɔe kɔtɛe be yemekpe ɖe amea ŋu kura o.”

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi​—Nu Ka Tae Mielɔ̃na Wodoa Ʋu Na Mi O?” be nàkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo bua ʋui.