Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dɔnɔ Siwo Nye Ðasefowo Hayana Kaba Wu

Dɔnɔ Siwo Nye Ðasefowo Hayana Kaba Wu

AUSTRALIA: Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo​—siwo gbena be womegado ʋu na yewo o le woƒe mawusubɔsubɔ ta la​—hayana kaba wu dɔnɔ bubuwo.”​—The Sydney Morning Herald, October 2, 2012.

Woŋlɔ atikeŋutinunyafialagã James Isbister si fiaa nu le Atikeŋutinunyasuku le Sydney Yunivɛsiti ƒe nyawo hã ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ sia ke me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Nufialagã la gblɔ be ɖɔktawo kpɔa Yehowa Ðasefowo gbɔ nyuie wu, elabena wodzea agbagba be ʋu sɔgbɔ magado le [dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo] ŋu o. Esia wɔe be Ðasefoawo tsia agbe wu dɔnɔ bubuwo, eye ɣeyiɣi si wotsɔ nɔa kɔdzi alo wòxɔna hafi wohayana ne wowɔ dɔ sesẽ na wo la nɔa kpuie wu dɔnɔ siwo wodo ʋu na tɔ.”

Menye ɖɔkta Isbister ɖeɖe koe gblɔ nya sia tɔgbi o. Agbalẽ aɖe gblɔ tso Ðasefo siwo wowɔ dɔ le dzi ŋu na la ŋu be: “Ƒãa hafi kuxi sesẽwo doa mo ɖa le dɔwɔwɔ na dɔnɔ siwo nye Ðasefowo me, eye ɣeyiɣi siwo wotsɔ nɔa kɔdzi la medidina dea dɔnɔ siwo wodo ʋu na tɔ nu o.”​—Archives of Internal Medicine, August 13-27, 2012.