Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ameŋunyatakakawo Zazã—Ghana

Ameŋunyatakakawo Zazã—Ghana

Ne ame aɖe va zu gbeƒãɖela la, ke elɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa (“Yehowa Ðasefowo”), si dome Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me wòle, woƒe alɔdzedɔwɔƒea, Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-Hamea LBG, kple dɔwɔha bubu siwo Yehowa Ðasefowo zãna hã le la, kpɔ mɔ azã ye ŋu nyatakakawo le se nu le woƒe subɔsubɔdɔwɔnawo me. Gbeƒãɖelawo lɔ̃na faa tsɔa wo ŋu nyatakakawo naa hame si me wole abe ale si wogblɔe le Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa me ene kple susu be yewoate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔwɔna aɖewo me ahaxɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ.—1 Petro 5:2.

Ameŋunyatakaka siawo ƒe ɖewoe nye amea ƒe ŋkɔ, eƒe dzigbe, nenye ŋutsue wònye alo nyɔnue, ŋkeke si dzi wòxɔ nyɔnyrɔ, eƒe adrɛs kple kaƒodzesi, nyatakaka bubu siwo do ƒome kple eƒe gbɔgbɔmenyenye, gbeƒãɖeɖedɔa, akpa bubu siwo wòwɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me, alo nyatakaka bubu siwo gbeƒãɖelawo nana ne wole gome kpɔm le subɔsubɔdɔ bubuwo me. Nyatakaka siwo ɖea gbeƒãɖelaa ƒe subɔsubɔdzixɔsewo fiana kple eŋunyatakaka tɔxɛ aɖewo hã ate ŋu anɔ eme. Ameŋunyatakakawo zazã ate ŋu afia wo xɔxɔ, wo ŋɔŋlɔ ɖi, wo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, wo dzadzraɖo ɖi kple wo ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ siawo tɔgbi nu.

Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Se si le dukɔ sia mee nye:

Data Protection Act, 2012 (Act 843)

Le Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Se sia nu la, Yehowa Ðasefowo zãa gbeƒãɖelawo ŋuti nyatakakawo na subɔsubɔdɔwɔnawo, siwo dometɔ aɖewoe nye:

  • ne Yehowa Ðasefowo le woƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔnawo dzi kpɔm

  • ne wole gome kpɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ƒe kpekpewo kple lɔlɔ̃nu faa dɔ bubuwo me

  • ne wolɔ̃ be yewoakpɔ gome le kpekpe, nutome sue takpekpe alo takpekpe gã aɖe si woalé ɖi be Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo nate ŋu akpɔ alo ase emenyawo emegbe be wòatu wo ɖo le gbɔgbɔ me la me

  • ne wode dɔ asi na wo alo wole agbanɔamedzi bubu aɖe gbɔ kpɔm le hamea me

  • ne wole Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖi ŋu dɔ wɔm

  • Yehowa Ðasefowo ƒe hamemetsitsiwo ƒe sasrãkpɔ kple beléle na wo (Dɔwɔwɔwo 20:28; Yakobo 5:14, 15)

  • woƒe adrɛs kple kaƒodzesiwo xɔxɔ be woazãe atsɔ ake ɖe wo ŋu ne afɔku aɖe dzɔ kpata

Ɣeyiɣi si me míawɔ ameŋunyatakaka siawo ŋu dɔ koe woanɔ mía gbɔ ase ɖo alo ne ehiã be woayi edzi anɔ mía si le susu vevi aɖewo ta. Ne gbeƒãɖela aɖe tiae be yematsɔ ye ŋuti nyatakakawo ana o alo egbe be womegawɔ eŋu dɔ o la, Yehowa Ðasefowo mate ŋu anya ne edze awɔ dɔ aɖewo le hamea me alo akpɔ gome le subɔsubɔdɔwɔna aɖewo me o.

Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe subɔsubɔdɔa le xexea me godoo. Eya ta ate ŋu adzɔ be woaɖo gbeƒãɖelawo ŋuti nyatakakawo ɖe dukɔ bubu me, alo be wòanɔ dukɔ aɖe si le vovo na afi si amea ŋutɔ le me. Dukɔ siawo ƒe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ƒe sewo ate ŋu ato vovo sãa na dukɔ si me nyatakaka mawo tso la tɔ. Yehowa Ðasefowo ɖea afɔ siwo hiã be yewoatsɔ akpɔ nyatakaka mawo ta ne wole wo ɖom ɖa. Le kpɔɖeŋu me, wozɔna ɖe mɔfiame siwo dzi dukɔwo da asi ɖo be woatsɔ akpɔ ameŋunyatakakawo ta la dzi. Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe si axɔ ameŋunyatakaka siawo la azãe wòawɔ ɖeka kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si.

Gome le gbeƒãɖelawo si be woabia be yewoakpɔ yewo ŋu nyatakaka siwo le Yehowa Ðasefowo si, abia be woawɔ ɖɔɖɔɖo le eŋu, woagblẽ edome, woagazãe o, alo be woatutui ɖa keŋkeŋ. Ne gbeƒãɖelawo ɖe mɔ be woazã yewo ŋuti nyatakakawo ɖe dɔwɔna bubu aɖewo ta hã, woate ŋu abia le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me be yewomegalɔ̃ ɖe edzi be woazã yewo ŋu nyatakakawo le mɔ aɖewo nu o. Ne gbeƒãɖela aɖe gbe alo megalɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nazã ye ŋu nyatakakawo o, alo ebia be woatutui alo be womegawɔ eŋu dɔ bliboe o la, Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔwɔna siwo le se nu alo Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Sea ate ŋu aɖe mɔ be woayi edzi azã amea ŋuti nyatakaka aɖewo. Gbeƒãɖelawo nyae be gome le yewo si be ne yewode dzesii be mímezã yewo ŋu nyatakakawo nyuie o la, yewoate ŋu ana setɔ siwo kpɔa ameŋunyatakakatakpɔkpɔ nyawo gbɔ le dukɔ si me yewole me la nanya faa.

Yehowa Ðasefowo ɖe afɔ vevi geɖe siwo wɔ ɖeka kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Sea kple susu be yewoakpɔ egbɔ be amewo ŋu nyatakaka siwo yewoxɔna la nanɔ dedie. Gbeƒãɖelawo se egɔme be ame ʋɛ aɖewo siwo woɖe mɔ na be woawɔ dɔ tso yewo ŋu nyatakaka siwo míexɔna ŋu hena susu siwo míegblɔ va yi ta la koe kpɔa wo.

Ne biabia aɖewo le asiwò la, àte ŋu aɖo wo ɖe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋu nyawo gbɔ kpɔla to email adrɛs sia dzi:

InboxLGLDPS.GH@jw.org

Gbeƒãɖelawo se egɔme be yewoate ŋu akpɔ ame si kpɔa ameŋunyatakakawo ƒe nyawo gbɔ le dukɔ si me yewole, alo eteƒenɔla kple ame si kpɔa ameŋunyatakakatakpɔkpɔ nyawo gbɔ, la ƒe adrɛs le jw.org ƒe akpa si nye Ame Siwo Kpɔa Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Gbɔ Ƒe Adrɛswo.

Ate ŋu adzɔ be ale si Yehowa Ðasefowo wɔa ameŋunyatakakawo ŋu dɔe la natrɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe le tɔtrɔ siwo ate ŋu ava le subɔsubɔdɔwɔnawo, se, alo mɔ̃ɖaŋununya me ta. Ne eva hiã be woawɔ tɔtrɔ aɖewo le Ameŋunyatakakawo Zazã sia ŋu la, tɔtrɔ mawo adze le afi sia ale be gbeƒãɖelawo nanya nu tso wo ŋu nyatakaka siwo woxɔna kple ale si wozãa woe ŋu ɣesiaɣi. Taflatsɛ nɔ ŋku lém ɖe afi sia edziedzi be nàde dzesii ne tɔtrɔ aɖe va.