Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ameŋunyatakaka Ŋuti Ðoɖowo

Ameŋunyatakaka Ŋuti Ðoɖowo

NANA BE ŊUWÒ NYATAKAKAWO NANƆ ƔAƔLA

 Míeɖoe kplikpaa be míakpɔ ŋuwò nyatakakawo ta ahana woanɔ ɣaɣla. Ðoɖo siwo le mía si ku ɖe ŋuwò nyatakaka siwo míexɔ alo esiwo wò ŋutɔ nèna mí zazã le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ŋue nye esiwo gbɔna. Míeléa ŋuwò nyatakaka vevi aɖewo ɖi ɣesiaɣi si nèzã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea eye míenya be ele vevie be míana nyatakaka siawo nanɔ dedie ahana nànya ale si míewɔa wo ŋu dɔe. Ate ŋu adzɔ be wò ŋutɔ hã nàna nyatakaka aɖewo mí ku ɖe ŋuwò. “Ameŋunyatakaka” si míeyɔ le afi sia la fia nyatakakawo abe wò ŋkɔ, e-mail, posu xexlẽdzesi, kaƒodzesi, alo nyatakaka bubu siwo ku ɖe ŋuwò. Mahiã be nàna ŋuwò nyatakakawo mí hafi azã nyatakakadzraɖoƒe sia ƒe akpa si ame sia ame ate ŋu aʋu o. Nya “nyatakakadzraɖoƒe” fia nyatakakadzraɖoƒe sia kple bubu siwo do ƒome kplii, abe apps.pr418.com, tv.pr418.com, stream.pr418.com, kple wol.pr418.com ene.

WÒ NYATAKAKAWO ZAZÃ ŊU NYAWO

 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. (“Watchtower”) tɔe nyatakakadzraɖoƒe sia nye. Menye asitsahae o, ke boŋ enye dɔwɔha aɖe le New York, si Yehowa Ðasefowo zãna le woƒe dɔwɔnawo kple Biblia-fiafiadɔa me. Ne wò ŋutɔ ètiae be yeaʋu akɔnt ɖe nyatakadzraɖoƒea dzi, adzɔ nu to edzi, abia be míava srɔ̃ Biblia kpli ye femaxee, alo azãe le mɔ bubu aɖe si abia be nàŋlɔ ŋuwò nyatakakawo de eme la, efia be èlɔ̃ ɖe ɖoɖo siwo le afi sia dzi, eye be míate ŋu adzra nyatakaka mawo ɖo ɖe míaƒe sɛva (servers alo serveurs) siwo le United States dzi, eye be Watchtower habɔbɔa kple eƒe dɔwɔha bubu siwo kpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ŋu le dukɔ vovovowo me ate ŋu axɔ ŋuwò nyatakaka mawo, awɔ wo ŋu dɔ, aɖo wo ɖa, adzra wo ɖo ahazãe atsɔ awɔ nu siwo nèbia me dɔ ne ehiã. Míaƒe subɔsubɔhaa wɔa dɔ le xexea me godoo to dɔwɔha siwo le dukɔ vovovowo me dzi. Be míana nyatakakawo nanɔ dedie la, míate ŋu ana hamewo, alɔdzedɔwɔƒewo, kple habɔbɔ bubu siwo Yehowa Ðesefowo zãna hã nawɔ wo ŋu dɔ.

Ale si míazã ŋuwò nyatakakawoe anɔ te ɖe nu siwo nàwɔ le nyatakakadzraɖoƒea la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne èto edzi dzɔ nu na dɔwɔha siwo míezãna le se nu le dukɔ aɖe me la, míaɖo wò ŋkɔ kple adrɛs ɖe dɔwɔha ma be woate ŋu ade dzesi wò ne wole wò nudzɔdzɔa ŋu dɔ wɔm. Kpɔɖeŋu bubue nye esi, ne èbia be míava srɔ̃ Biblia kple ye la, míaɖo wò ŋkɔ kple adrɛs ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe alo hame aɖe si le dukɔ si me nèle la me be woawɔ dɔ tso wò biabiaa ŋu.

Ne ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋuti sewo le dukɔ si me nèle la, ke àkpɔ ame siwo kpɔa nya mawo gbɔ ƒe adrɛswo le axa si nye Ame Siwo Kpɔa Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Gbɔ Ƒe Adrɛswo.

NYATAKAKAWO ƑE DEDIENƆNƆ KPLE NANA BE WOANƆ ƔAƔLA

 Ŋuwò nyatakakawo ƒe dedienɔnɔ kple nana be woanɔ ɣaɣla le vevie na mí ŋutɔ. Míeléa ŋku ɖe afi siwo míedaa ŋuwò nyatakakaawo ɖo kple nu siwo míewɔna be woanɔ dedie la ŋu edziedzi be míakpɔ egbɔ be woagaʋu go wo, azã wo alo atrɔ asi le wo ŋu le mɔ gbegblẽ nu loo alo ana woabu alo agblẽ wo dome madzemadzee o. Míekpɔa egbɔ be ame siwo katã wɔa dɔ tso ameŋunyatakakawo ŋu alo nyatakakadzraɖoƒe bubu siwo dzi míetona wɔa wo ŋu dɔ la nawɔ ɖe míaƒe ɖoɖo siwo ku ɖe nana be ŋuwò nyatakakawo nanɔ ɣaɣla la dzi. Míedzraa ŋuwò nyatakakawo ɖo va se ɖe esime taɖodzinu si tae míexɔ wo ɖo la nu va yi alo va se ɖe ɣeyiɣi si se siwo ku ɖe ameŋunyatakakawo dzadzraɖo ŋu ɖe mɔ se ɖo.

Míekpɔa ŋutiwò nyatakakawo ta ne míele wo xɔm alo le wo ɖom ɖa; nu siwo míezãna tsɔ wɔa esia dometɔ ɖekae nye Transport Layer Security (Sécurité de la couche de transport). Míezãa kɔmpiutaɖoɖo siwo ame ʋɛ aɖewo ko tea ŋu ʋuna le teƒe siwo le dedie; ɖoɖo aɖe koŋ nɔa wo zazã ŋu eye míetsɔa nyatakakatakpɔnu sẽŋuwo dana ɖe kɔmpuitaawo dzi. Míewɔa esia be míakpɔ amewo ŋuti nyatakakawo kple nya siwo woɖona ɖe mí la ta woanɔ dedie. Míeléa dzidzenu kɔkɔ siawo me ɖe asi ale be ŋuwò nyatakakawo nagaɖo ame bubuwo si me madzemadzee o.

ÐEVIWO

 Ne ègakpɔtɔ nye ɖevi le dukɔ si me nèle míaƒe nyatakakadzraɖoƒea zãm le ƒe se nu la, ke ele be dziwòla(wo) alo ame si gbɔ nèle nada asi ɖe edzi hafi nàda ŋuwò nyatakakawo ɖe edzi. Ne dzilae nènye alo ame aɖe ƒe vi le gbɔwò, eye nèɖe mɔ nɛ be wòada eŋu nyatakakawo ɖe nyatakakadzraɖoƒea la, ke efia be èlɔ̃ ɖe Ðoɖo siwo le afi sia dzi le ɖevia gome.

KADODO KPLE NYATAKAKADZRAÐOƑE BUBUWO

 Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ana nàto nyatakakadzraɖoƒe sia dzi aʋu nyatakakadzraɖoƒe bubu aɖe si míedo ka kplii xoxo hafi nàte ŋu awɔ nanewo (le kpɔɖeŋu me, ne èbe yeakpe agbalẽvi aɖe ɖo le Internet dzi.) Àkpɔe adze sii be yele nyatakakadzraɖoƒe bubu, elabe eƒe dzedzeme ato vovo eye eƒe adrɛs hã adze le internet la ƒe adrɛsŋlɔƒea nàkpɔ. Ne míedi be míazã nyatakakadzraɖoƒe bubu aɖe la, míeléa ŋku ɖe ame ŋuti nyatakakawo ta kpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si le edzi la ŋu hekpɔa egbɔ be esɔ kple mía tɔ eye míeyia edzi léa ŋku ɖe ɖoɖo ma ŋu edziedzi. Ne nyabiasewo le asiwò tso nyatakakadzraɖoƒe siwo míedo ka kplii le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi ƒe ɖoɖowo ŋu la, kpɔ ɖoɖo ma le woƒe nyatakakadzraɖoƒea.

NYANYANANA NE MÍETRƆ ASI LE ÐOÐO SIA ŊU

 Míeyia edzi trɔa asi le nyatakakadzraɖoƒe sia ŋu hetsɔa nu yeyewo kpenɛ edziedzi be eƒe dɔwɔwɔ nanyo ɖe edzi. Le asitɔtrɔ siawo kple tɔtrɔ siwo vana le se kple mɔ̃ɖaŋununya me edziedzi ta la, míaƒe ɖoɖo siwo ku ɖe ameŋunyatakakawo zazã ŋu ate ŋu atrɔ tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Ne eva hiã be míatrɔ asi le Ðoɖo sia ŋu la, míada tɔtrɔ siwo míewɔ ŋu nya ɖe afi sia be nànya ŋuwò nyatakaka siwo míaxɔ kple ale si míawɔ wo ŋu dɔe.

ACTIVE SCRIPTING ALO JAVASCRIPT

 Míezãa scripting tsɔ nana be míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe dɔwɔwɔ ganyona ɖe edzi. Scripting zazã kpena ɖe mía ŋu míeɖoa nyatakakawo ɖe nyatakakadzraɖoƒea zãlawo kaba wu. Mímezãnɛ tsɔ daa dɔwɔɖoɖo aɖeke ɖe wò kɔmpiuta dzi alo xɔa ŋuwò nyatakaka siwo ŋu mèɖe mɔ le o.

Ele be nàɖe mɔ Active Scripting alo JavaScript nanɔ dɔ wɔm le Internet la dzi hafi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa aɖewo nawɔ dɔ nyuie. Internet ʋunu geɖewo ɖea mɔ be nàsii alo atsii ne èʋu nyatakakadzraɖoƒe aɖe. Xlẽ numeɖeɖe siwo le Internet ʋunu si zãm nèle ƒe Kpekpeɖeŋunaƒea be nànya ale si nàsi Scripting la le nyatakakadzraɖoƒe siwo nèdi.