Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ameŋunyatakakawo Zazã Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si

Ameŋunyatakakawo Zazã Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si

AMEŊUNYATAKAKAWO ZAZÃ

Nyatakakadzraɖoƒe sia ƒe akpa geɖewo zazã mebia be ame naʋui le eƒe ŋkɔ me alo ade eŋu nyatakakawo eme hafi azãe o. Ke hã, ehiã be ame aɖewo nawɔ esia hafi ate ŋu azã eƒe akpa aɖewo ya, le kpɔɖeŋu me, ame siwo dɔa nu to edzi alo biana be míaɖo nyatakaka aɖewo ɖe yewo, ame siwo toa edzi ɖoa agbalẽvi siwo wokpe ɖo ɖe mí, alo ame siwo ŋu nyatakakawo Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe aɖo ɖe mí to jw.org dzi. Wò mɔɖeɖe nu koe míewɔa ŋuwò nyatakakawo ŋu dɔ le. Le go aɖewo me la, ne mègaɖe mɔ ɖe ŋuwò nyatakakawo zazã ŋu o hã la, míate ŋu ayi edzi azã wo zi ale si se ɖe mɔ ɖe esia wɔwɔ ŋu.

Susu siwo ta míexɔ ŋutiwò nyatakakawo ɖo la ta koe míezãa wo ɖo abe ale si míena nènya le nyatakakaa xɔɣi ene. Susu siawo ƒe ɖewoe nye:

Ŋkɔŋɔŋlɔɖi. Míazã e-mail adrɛs si nèŋlɔ esime nènɔ ŋkɔ ŋlɔm ɖe nyatakakadzraɖoƒe sia la atsɔ aŋlɔ nu na wò ku ɖe ŋutiwò nyatakakawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èŋlɔ wò ezazãŋkɔ alo mɔʋunya be eye nèdi be míakpe ɖe ye ŋu yeage ɖe nyatakakadzraɖoƒea la, míato wò e-mail adrɛs la dzi aɖo nyatakaka siwo akpe ɖe ŋuwò la ɖe wò.

Agbalẽviwo Kpekpe Ðo. Àte ŋu aɖo agbalẽvi siwo nèkpe ɖo la ɖa to nyatakakadzraɖoƒe sia dzi alo hame si me nèle ate ŋu ato edzi aɖoe ɖa na wò. Le go mawo me la, wò agbalẽvia ŋu dɔ wɔwɔ koe míazã ŋuwò nyatakaka siwo míexɔa na. Ne ehiã be míawɔ agbalẽvia ŋu dɔ la, ke ate ŋu adzɔ hã be míaɖo ŋuwò nyatakaka siwo le edzi la ɖe alɔdzedɔwɔƒe bubuwo alo dɔwɔha bubu siwo Yehowa Ðasefowo zãna le dukɔ vovovowo me.

Gadzɔdzɔ. Ne èdzɔ ga ɖo ɖe mí to míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi la, míexɔa ŋkɔwò kple ŋutiwò nyatakaka bubuwo. Hafi míate ŋu axɔ ga siwo nàdzɔ to kredit-kard dzi la, míezãa Internet dzi dɔwɔƒe siwo kpɔa gadzɔdzɔ to Internet dzi ƒe ɖoɖowo gbɔ, gake wonyea esiwo ƒe dedienɔnɔ kple ame ŋuti nyatakakawo ta kpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo de ŋgɔ wu le xexea me. Míaxɔ wò gadzɔdzɔ ŋuti nyatakakawo, abe wò kredit-kard ƒe xexlẽdzesi alo wò gadzraɖoƒe ƒe akɔnt ƒe xexlẽdzesi siwo míehiã be míawɔ dɔ tso wò gadzɔdzɔa ŋu, eye míaɖo nyatakaka siwo hiã ɖe ame siwo awɔ dɔ tso wo ŋu. Míezãa mɔnu siwo le dedie tsɔ wɔa dɔ tso wò gadzɔdzɔa ŋu wòwɔa ɖeka kple dzidzenu kɔkɔ siwo li ku ɖe nya siawo ŋu. Ne woɖo ga ɖe habɔbɔa la, edzraa gadzɔdzɔa ŋuti nyatakakawo ɖo hena ƒe ewo ya teti. Nyatakaka siawo ƒe ɖewoe nye ŋkeke si dzi wodzɔ nua, ga home si wodzɔ kple mɔ si dzi woto dzɔe. Esia akpe ɖe mía ŋu míate ŋu azɔ ɖe gakɔntabubu ƒe ɖoɖowo dzi ahasu te nyuie akpɔ nya sia nya si afɔ ɖe te tso gaa ŋu le ɣeyiɣi mawo me gbɔ. Mímaŋlɔ nu ɖo ɖe wò alo ayɔ wò abia be nàgadzɔ ga na mí o.

Ne Èdi Nyatakaka Bubuwo Alo Bia Be Míava Srɔ̃ Biblia Kpli Ye. Àte ŋu ato míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi abia nyatakaka bubuwo alo abia be míava srɔ̃ Biblia kpli ye femaxee hã. Míazã ŋuwò nyatakaka siwo nèɖo ɖa la na wò biabiaa ŋu dɔ wɔwɔ dzaa ko. Ne ehiã la, míate ŋu aɖo ŋuwò nyatakakawo ɖe alɔdzedɔwɔƒe bubuwo alo dɔwɔha bubu siwo Yehowa Ðasefowo zãna ale be woawɔ dɔ tso wò biabiaa ŋu.

Susu Bubuwo. Àte ŋu aɖo ŋuwò nyatakakawo (abe ŋkɔwò, wò posudzesi kple kaƒodzesi ene) ɖe mí ɖe susu bubu siwo melɔ ŋkɔŋɔŋlɔɖi, agbalẽviwo kpekpeɖo, alo gadzɔdzɔ ɖe eme o ta. Susu ka kee wòaɖanye o, míaɖe nu si tae míehiã ŋuwò nyatakakawo la me na wò nyuie. Mímazã ŋuwò nyatakakawo na susu bubu siwo to vovo na esiwo me míeɖe na wò esime míenɔ wo xɔm o.

Míexɔa nyatakakawo hedzraa wo ɖo na susu siwo ta nèɖo wo ɖe mí la ko, eye woanɔ mía gbɔ va se ɖe esime mímegahiã wo na susu mawo alo bubu siwo do ƒome kplii o. Le go siawo me la, ne ètiae be yeaɖe ŋuwò nyatakaka siwo míexɔ va yi ƒe ɖe ɖa la, ɖewohĩ manya wɔ be wò ŋutɔ nàwɔ esia le nyatakakadzraɖoƒea, alo be míaɖo nya mawo tɔgbi ŋu na wò o.

Ne èbia be míaɖo nane ɖe ye alo nèɖo agbalẽvi aɖe ɖa to nyatakakadzraɖoƒea dzi la, ame siwo wɔa dɔ tso nu mawo ŋu alo ame siwo wɔa dɔ tso mɔ̃ɖaŋununya siwo dzi míetona wɔa wo ŋu dɔ ŋu la koe kpɔa ŋuwò nyatakaka siwo nèɖo ɖe mí. Míetsɔa ŋuwò nyatakakawo naa ame bubu aɖeke o, negbe ɖe (1) wòhiã be míawɔ esia atsɔ ana nyatakaka aɖe si wò ŋutɔ nèbia eye míena nènya nu tso eŋu nyuie; (2) míeka ɖe edzi be nyatakakaa tsɔtsɔ na ame bubuwo hiã godoo hesɔ nenema be woakpɔ dukɔa ƒe senyawo kple ɖoɖowo gbɔ; (3) setɔwoe bia tso mía si be míatsɔe na yewo; alo (4) woato edzi akpɔ nu fitifiti wɔwɔ aɖe adze sii ahaxe mɔ ɖe enu, alo atsɔ akpɔ dedienɔnɔ kple mɔ̃ɖaŋu ŋuti dɔwɔnya aɖewo gbɔ ko hafi. Ne èle nyatakakadzraɖoƒe sia zãm la, efia be èda asi ɖe edzi be míate ŋu atsɔ ŋuwò nyatakakawo na nyatakakadzraɖoƒe bubu siwo míedo ka kplii ɖe susu siawo ko ta. Mímadzra ŋuwò nyatakaka siwo míexɔ la o, eye mímatsɔ wo atsa asii loo alo atsɔ wo ana ame aɖeke le nɔnɔme aɖeke me o.

ŊUWÒ NYATAKAKAWO ÐOÐO ÐE DUTA

Míaƒe subɔsubɔhaa wɔa dɔ le xexea me godoo to dɔwɔha siwo le dukɔ vovovowo me dzi. Sɛva (servers alo serveurs) siwo dzi nyatakakadzraɖoƒe sia le dometɔ aɖewo le United States, Amerika. Míate ŋu aɖo ŋuwò nyatakakawo ɖe duta, ate ŋu anye dukɔ siwo me se siwo ku ɖe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋu to vovo le sãa na esi me nèle. Ne míele nyatakaka siawo ŋu dɔ wɔm hele wo ɖom ɖe duta la, míeɖea afɔ siwo hiã be míatsɔ akpɔ wo ta woanɔ dedie. Míekpɔa mɔ be habɔbɔ siwo katã kpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu la nawɔ ɖe míaƒe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋuti ɖoɖowo kple sewo dzi pɛpɛpɛ.

Ne èzãa míaƒe nyatakakadzraɖoƒea alo nètoa edzi doa ka kpli mí la, ke èda asi ɖe edzi be míate ŋu aɖo ŋuwò nyatakakawo ɖe duta.

WÒ GOMENƆAMESIWO

Ɣesiaɣi si míawɔ amewo ŋuti nyatakakawo ŋu dɔ la, míekpɔa egbɔ be wode pɛpɛpɛ hesɔ ɖe ameawo ŋu nyatakaka yeye siwo li la nu le ɖekawɔwɔ me kple taɖodzinu si ta míexɔ wo ɖo. Le dukɔ si me nèle kple se siwo le afi ma ku ɖe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋu nu la, gome siwo gbɔna ate ŋu anɔ asiwò ku ɖe ŋuwò nyatakaka siwo nèɖo ɖe mí la ŋu:

  • Àte ŋu anɔ te ɖe miaƒe dukɔa ƒe sewo dzi abia nya tso ŋuwò nyatakaka siwo míexɔ kple ale si míezãa woe ŋu;

  • Àte ŋu abia be yeakpɔ ŋuwò nyatakakawo, aɖɔ wo ɖo, aɖe wo ɖa, alo axe mɔ ɖe wo zazã nu ne ède dzesii be nyatakaka siwo nèna mí la mede o;

  • Àte ŋu agbe be míagawɔ ŋuwò nyatakakawo ŋu dɔ o alo atɔ te wo ŋu dɔ wɔwɔ ne susu gobi aɖe le asiwò ɖe esia ta.

Ne ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋuti sewo le dukɔ si me nèle eye nèdi be yeakpɔ ŋuwò nyatakakawo, aɖɔ wo ɖo alo aɖe wo ɖa la, ke àkpɔ ame siwo kpɔa nya mawo gbɔ ƒe adrɛswo le axa si nye Ame Siwo Kpɔa Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Gbɔ Ƒe Adrɛswo.

Ne èŋlɔ nu ɖo ɖe mí tso esia ŋu hena nyatakaka siwo hiã mí be míatsɔ ade dzesi wò ahakpɔ ŋuwò nyatakakawo adze sii la, ke ame siwo awɔ wò biabia ŋu dɔ adae kpɔ nenye be asɔ be yewoaɖe mɔ na wò be nàkpɔ ŋuwò nyatakakawo, aɖɔ wo ɖo, alo aɖe wo ɖa eye magblẽ naneke le habɔbɔa ŋu o, le kpɔɖeŋu me, be made habɔbɔa ƒe subɔsubɔblɔɖe kple dɔwɔnawo afɔku aɖeke me o. Míana nyatakakadzraɖoƒe bubu siwo míedo ka kplii ɖe susu siawo ta hã nanya nu tso tɔtrɔ siwo nèwɔ la ŋu.

Taflatsɛ de dzesii be mímatutu ŋuwò nyatakakawo ɖa ne se bia be woawɔ wo ŋu dɔ alo be woagagblẽ wo dome o le susu aɖewo ta o. Le kpɔɖeŋu me, habɔbɔa kpɔe be ehiã be yewoana nyatakaka siwo ku ɖe akpa si ame aɖe wɔna abe Yehowa Ðasefo ene ŋu la nanɔ anyi ɖaa. Nyatakaka mawo ɖeɖe ɖa agblẽ nu le habɔbɔa ƒe subɔsubɔdzixɔsewo alo dɔwɔnawo ŋu madzemadzee. Ne èbia tso mía si be míaɖe ŋuwò nyatakakawo ɖa la, se kple ɖoɖo siwo bla mí ku ɖe nyanyanana setɔwo alo nyatakakawo ɖeɖe ɖa ŋu dzie míanɔ te ɖo anya nu si míawɔ. Ne ède dzesii be mímezã nyatakaka siwo nèɖo ɖe mí to nyatakakadzraɖoƒe sia dzi nyuie o la, àte ŋu ana setɔ siwo kpɔa ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ nyawo gbɔ le miaƒe dukɔa me la nanya faa.