Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðoɖo Siwo Le Mía Si Ku Ðe Cookies Kple Mɔ̃ɖaŋununya Siawo Tɔgbi Zazã Ŋu

Ðoɖo Siwo Le Mía Si Ku Ðe Cookies Kple Mɔ̃ɖaŋununya Siawo Tɔgbi Zazã Ŋu

Abe ale si wòle le nyatakakadzraɖoƒe akpa gãtɔ gome ene la, ne èʋu nyatakakadzraɖoƒe sia la, ezãa cookies, web beacons kple esiawo tɔgbi tsɔ léa nyatakaka sue aɖe ɖe wò asitelefon, tablɛt alo kɔmpiuta dzi. Nu si míeyɔ le nyati sia me be cookies lɔ nu geɖe ɖe eme, wo dometɔ ɖekae nye localStorage. Cookies-wo ­nana nyatakakadzraɖoƒe sia wɔa dɔ nyuie heɖoa nyatakakawo ɖe mí tso ale si amewo zãa nyatakakadzraɖoƒeae ŋu. Míezãa nyatakaka siawo tsɔ nana be míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe dɔwɔwɔ ganyona ɖe edzi. Mímedzea agbagba be míaxɔ ame vovovo siwo ʋua míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ŋu nyatakakawo o, negbe ɖe woawo ŋutɔwo ɖo nyatakaka mawo ɖe mí to agbalẽvi aɖe si wokpe ɖo le nyatakakadzraɖoƒe sia dzi.

Cookies. Cookies vovovowoe li, eye wowɔa dɔ vovovowo be nyatakakadzraɖoƒea zazã nanɔ bɔbɔe na wò wu. Cookies siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be èʋu nyatakakadzraɖoƒea kpɔ, alo ana míaɖo ŋku tiatia siwo nèwɔ va yi le nyatakakadzraɖoƒea zazã me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, cookie aɖe léa gbegbɔgblɔ si me nèʋu nyatakakadzraɖoƒea le la ɖi, ale be ne ègaʋu nyatakakadzraɖoƒea la, aʋu le gbe ma me le eɖokui si. Mímezãa cookies na boblododo o.

Míate ŋu ama cookies siwo míezãna le nyatakakadzraɖoƒe sia ɖe hatsotso etɔ̃ me:

  1. Cookies Siwo Hiã Godogodo​. Cookies siawo hiã hafi nàte ŋu azã nyatakakadzraɖoƒea dzi nu aɖewo; le kpɔɖeŋu me, wohiã hafi nàte ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe nyatakakadzraɖoƒea alo aɖo nyatakakagbalẽviwo ɖa to edzi. Ne cookies siawo meli o la, màte ŋu awɔ nu siwo nàdi be yeawɔ la ƒe ɖewo o, le kpɔɖeŋu me, màte ŋu adzɔ ga o. Cookies siawo kee nana be míetea ŋu wɔa nu siwo nèbiana be míawɔ ne èʋu nyatakakadzraɖoƒe sia. Cookies siawo mexɔa ŋutiwò nyatakaka siwo woate ŋu azã atsɔ atsa asii alo atsɔ anya teƒe siwo nèyi le Internet dzi o.

  2. Cookies Siwo Hiã Na Dɔ Aɖewo Wɔwɔ​. Esiawo kpena ɖe nyatakakadzraɖoƒea ŋu wòɖoa ŋku tiatia siwo nèwɔ va yi dzi (wò ezazãŋkɔ, gbegbɔgblɔ kple nuto si me nèle) eye wònana nu siwo ana nyatakakadzraɖoƒea nawɔ dɔ la hã wɔa dɔ nyuie wu.

  3. Cookies Siwo Dzi Míetona Xɔa Nyatakakawo. Míetoa esiawo dzi xɔa nyatakakawo tso ale si ame siwo ʋua nyatakakadzraɖoƒea dometɔ ɖe sia ɖe zãnɛ ŋu; le kpɔɖeŋu me, zi neni si ame aɖe ʋu nyatakakadzraɖoƒe sia alo ɣeyiɣi didi si wòwɔ le edzi esi wòʋui. Míezãa nyatakaka siawo tsɔ trɔa asi le nyatakakadzraɖoƒea ŋu wònyona ɖe edzi.

Cookies siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dometɔ aɖewo nye míawo ŋutɔwo tɔ. Ðewo hã nyea nyatakakadzraɖoƒe bubuwo tɔ. Míawo ŋutɔ míaƒe cookies koe míezãna negbe esiwo do ƒome kple Google reCAPTCHA koe nye nyatakakadzraɖoƒe bubuwo tɔ. Míezãa Google reCAPTCHA tsɔ dea vovototo amegbetɔwo kple kɔmpiutawo dome ale be woaxe mɔ ɖe nyatakakawo ɖoɖo ɖa ame gbogbo aɖewo to kɔmpiuta dzi le manyamanya me nu. Taflatsɛ kpɔ Google zazã ŋuti ɖoɖo si le https://www.google.com/intl/en/policies/privacy/.

Web Beacons. Kɔmpiutadzinu suesue aɖewo le nyatakakadzraɖoƒea siwo woyɔna be web beacons. Wokpena ɖe mía ŋuti míeléa wò dɔwɔna aɖewo ɖi; le kpɔɖeŋu me, ne èʋu nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa aɖe. Míezãa web beacons tsɔ nyaa nu tso ale si amewo le nyatakakadzraɖoƒea zãmee heléa ŋku ɖe eƒe dɔwɔwɔ hã ŋu.

Ale Si Míezãa IP Address-wo. IP address nye xexlẽdzesi aɖe si dea dzesi wò kɔmpiuta le Internet dzi. Míezãa wò IP address kple Internet ʋunu si zãm nèle tsɔ léa ŋku ɖe ale si nèle nyatakakadzraɖoƒea zãmee ŋu, eye míezãnɛ hã tsɔ dea dzesi kuxi siwo amewo doa go le nyatakakadzraɖoƒea zazã me hekpɔa wo gbɔ. Gake ne wò ŋutɔ mèɖo ŋuwò nyatakakawo ɖe mí o la, mímetoa IP address la dzi xɔa wo o.

Wò Tiatia. Esi nèʋu nyatakakadzraɖoƒe sia la, míeɖo míaƒe cookies-wo ɖe wò to Internet ʋunu si nèzã dzi, eye wotsi wò kɔmpiutaa dzi. Zi ale si nèle míaƒe nyatakakadzraɖoƒea zãm la, efia be èlɔ̃ ɖe edzi be yeazã míaƒe cookies kple mɔ̃ɖaŋununya siawo tɔgbi. Ne èdi be yeaɖe cookies siawo ɖa la, àte ŋu atsi cookies le Internet-ʋunu si zãm nèle ƒe tiatiawɔƒea (settings alo paramètres). Gake de dzesii be, ne cookies mele dɔ wɔm le wò Internet dzi o la, màte ŋu azã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi nuwo katã bliboe o. Ale si woawɔ aɖe cookies-wo ɖa la toa vovo le Internet ʋunu ɖe sia ɖe dzi. Àte ŋu akpɔ Internet ʋunu si zãm nèle ƒe Kpekpeɖeŋunaƒea hena esia ŋuti mɔfiamewo.