Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BalanceFormcreative/iStock via Getty Images Plus

Kpe Ðe Amewo Ŋu Be Nàgatsi Akogo O—Nya Si Biblia Gblɔ

Kpe Ðe Amewo Ŋu Be Nàgatsi Akogo O—Nya Si Biblia Gblɔ

 Ame geɖe le xexea me tsi akogo eye wokpɔnɛ be yewomate ŋu adze xɔlɔ̃ amewo o. Lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla aɖewo xɔe se be nu siwo ate ŋu akpe ɖe ame siawo ŋu dometɔ ɖekae nye be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu.

  •   “Ne míekpena ɖe ame siwo ɖo hiã me ŋu la, ana míakpɔ dzidzɔ eye mímase le mía ɖokui me be mietsi akogo alo ɖe ɖe aga le amewo ŋu o.”—U.S. National Institutes of Health.

 Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo siwo na míekpɔ nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la, akpe ɖe mía ŋu be míagatsi akogo o.

Nu si nàte ŋu awɔ

 Nyo dɔme na amewo. Di ɣeyiɣi nàdo go amewo ade ha kpli wo, vevietɔ ŋkume kple ŋkume. Na nu siwo le asiwò la ame bubuwo faa. Zi geɖe la, ame siwo nàna nu la akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò eye miate ŋu ava zu xɔlɔ̃wo.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.”—Luka 6:38.

 Kpe ɖe amewo ŋu. Ne ame aɖe le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, kpɔe ɖa be nu kae yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu hã. Ðewohĩ àte ŋu aɖo to wo ase veve ɖe wo nu ne wole woƒe kuxiwo dzi ɖem na wò. Àte ŋu akpe ɖe wo ŋu le dɔ aɖewo wɔwɔ me hã ale be woate ŋu akpɔ gbɔdzɔe vi aɖe.

  •   Biblia ƒe mɔfiame: ‘Xɔlɔ̃ nye ame nɔvi si wodzi ɖe xaxagbe ŋu.’—Lododowo 17:17.

 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si nàwɔ be wò kple ame bubuwo dome nanɔ nyuie ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ƒomegbenɔnɔ Kple Xɔlɔ̃wo.”