Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ BIBLIA XEXLẼ NAÐE VI GEÐE NA WÒ

Nu Ka Tae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?

“Mesusu be asesẽ ŋutɔ be woase Biblia me nyawo gɔme.”—Jovy

“Mesusu be Biblia xexlẽ mavivi nunye o.”—Queennie

“Ne mekpɔ ale si gbegbe Biblia loloe la, medzroam gɔ̃ hã be maxlẽe o.”—Ezekiel

Ðe nède ŋugble le Biblia xexlẽ ŋu kpɔ gake èse le ɖokuiwò me abe ame siwo ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ enea? Ame geɖe bua Biblia xexlẽ be enye dɔ sesẽ aɖe. Ke ne èva de dzesii be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò agbea navivi nuwò eye nuwo nadze edzi na wò ya ɖe? Eye ne èva de dzesii be mɔ vovovowo li si dzi nàto axlẽ Biblia wòavivi nuwò ɖe? Àlɔ̃ be yeade ŋugble le Biblia me nyawo ŋua?

Na míade ŋugble le ame aɖewo siwo kpɔe be Biblia xexlẽ ɖe vi na yewo esi wodze exexlẽ gɔme dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Ezekiel si xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Tsã la, menɔ abe ame aɖe si le ʋu kum gake menya afi si yim wòle o la ene. Gake Biblia xexlẽ kpe ɖe ŋunye be taɖodzinu va le nye agbe ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siwo mate ŋu azã gbe sia gbe la le eme.”

Frieda si hã xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Tsã la, nyemegbɔa dzi ɖi o. Gake Biblia xexlẽ kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Esia na wòle bɔbɔe na amewo be woate ɖe ŋunye, eya ta xɔlɔ̃ geɖe le asinye fifia.”

Eunice si xɔ ƒe 50 gblɔ le Biblia ŋu be: “Biblia xexlẽ le kpekpem ɖe ŋunye be meva zu ame ɖɔʋu wu tsã, eye meɖe asi le agbenɔnɔ manyomanyowo ŋu.”

Abe ale si ame siawo kple ame miliɔn geɖe de dzesii ene la, Biblia xexlẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si me dzidzeme le. (Yesaya 48:17, 18) Nu siwo me Biblia xexlẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le dometɔ aɖewoe nye (1) Akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le nuwo ŋu, (2) àdze xɔlɔ̃ vavãwo, (3) ànɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu, eye (4) esi ƒo wo katã tae nye be àsrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea. Mawu gbɔe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo tso eya ta emenyawo dzi wɔwɔ magblẽ nu le ŋuwò gbeɖe o. Mawu meɖoa aɖaŋu gbegblẽ gbeɖegbeɖe o.

Nu si le vevie koe nye be nàdze exexlẽ gɔme. Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdze exexlẽ gɔme wòanɔ bɔbɔe eye wòavivi nuwò?