Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE

Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’

Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’

RAXAB do mo ɖe frese nu le Yerixo tagba kpɔm ɖaa esime agu nɔ dzedzem. Israel ʋakɔ si ho aʋa ɖe woƒe dua ŋu la ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Esime wogatso le xlã ƒom dua ake la, ʋuʋu de dzi kɔtɔɔ eye lãdzo siwo kum wonɔ la ƒe ɖiɖi gade dzi sesĩe ake.

Yerixo vidzidzie Raxab nye; enya dua ƒe ablɔwo, aƒewo, asi gãwo kple fiasewo nyuie. Ke hã dua me tɔwo koŋue wònya nyuie wu. Ekpɔe dze sii be Israel viwo ƒe nuwɔna wɔmoyaa si nye xlãƒoƒo dua gbe ɖeka zi ɖeka la na vɔvɔ̃ nɔ dua me tɔwo ɖom tso ŋkeke yi ŋkeke. Gake esi woƒe lãdzoawo ƒe ɖiɖi le dzi dem sesĩe le Yerixo ƒe ablɔwo dzi kple eƒe kpɔdomeewo la, vɔvɔ̃ meɖo Raxab eye dzi ɖe le eƒo abe dua me tɔwo ene o.

Le ŋkeke adrelia ƒe ŋdi kanya ma esime aʋakɔa gadze azɔlia dzi la, Raxab nɔ ŋku lém ɖe wo ŋu. Ekpɔe be nunɔlawo le Israel srafoawo dome le lãdzowo kum eye wokɔ aɖaka kɔkɔe si nye dzesi be woƒe Mawu, Yehowa, li kpli wo la ɖe abɔta. Míate ŋu akpɔe le susu me be Raxab ye nye ema tsɔ asi ɖo ka dzĩ si wòtsi ɖe fesre si le ʋuʋu ɖi le Yerixo gli kɔkɔa dzi ŋu la dzi. Ka ma kpɔkpɔ na kakaɖedzi Raxab be ye kpakple yeƒe ƒometɔwo yewoatsi agbe ne wova tsrɔ̃ dua. Yomemɔfialae Raxab nyea? Yehowa ya mebui nenema kura o; ke boŋ ekpɔe be enye nyɔnu si si xɔse sẽŋu le. Na míatrɔ ayi Raxab ƒe ŋutinyaa ƒe gɔmedzedze ne míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ hã.

RAXAB GBOLO LA

Gboloe Raxab nye. Tsã la, nyateƒenya sia dzi xɔxɔ se sesẽ na Biblia ŋuti nunyala aɖewo ale gbegbe be wogblɔ be amedzrodzeƒedzikpɔla koe wònye. Gake nya si Biblia gblɔ la me kɔ nyuie, azɔ hã Biblia medea ba mo na nyateƒea o. (Yosua 2:1; Hebritɔwo 11:31; Yakobo 2:25) Ðewohĩ Kanaantɔwo kpɔe be naneke megblẽ le Raxab ƒe gbolowɔwɔa ŋu o. Ne Kanaantɔwo da asi ɖe gbolowɔwɔ dzi hã la, ɖewohĩ dzitsinya, si Yehowa tsɔ na mí katã, si nana míedea vovo nyui kple vɔ̃ dome la, na Raxab ŋutɔ nya be mesɔ o. (Romatɔwo 2:14, 15) Anɔ eme be agbenɔnɔ sia kpea ŋu na Raxab ŋutɔ hã. Abe ame geɖe siwo kpɔ wo ɖokuiwo le nɔnɔme sia me egbea ene la, ɖewohĩ ese le eɖokui me be nu bubu aɖeke meli yeawɔ atsɔ akpɔ yeƒe ƒomea dzi o.

Ðikeke mele eme o be edzro Raxab be yeado le nɔnɔme ma me hafi. Wo denyigba dzi yɔ fũu kple ŋutasesẽ, agbe maɖɔʋu nɔnɔ kpakple nuwɔna ɖigbɔwo, abe ƒometɔ kplikplikpliwo alo lãwo gbɔ dɔdɔ ene. (3 Mose 18:3, 6, 21-24) Woƒe subɔsubɔkɔnuwoe wɔe be agbenɔnɔ vloe mawo xɔ aƒe ɖe wo denyigba dzi. Gbolowɔwɔ nye subɔsubɔkɔnu le woƒe gbedoxɔwo me, eye wotsɔa ɖeviwo saa vɔe agbagbee le Baal kple Molek subɔsubɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ la me.

Yehowa nɔ nu siwo katã nɔ edzi yim le Kanaan-nyigba dzi la kpɔm. Le nyateƒe me la, le Kanaantɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ geɖeawo ta la, Yehowa gblɔ be: “Woƒe anyigba gblẽ; eya ta maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.” (3 Mose 18:25) Aleke ‘woaɖo woƒe  vodadawo teƒe na woe’? Ŋuɖoɖoa dze le ŋugbe sia si Mawu do na Israel viwo la me be: “Yehowa, wò Mawu, anyã dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò ʋeʋeʋe.” (5 Mose 7:22) Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Yehowa do ŋugbe na Abraham be yeatsɔ anyigba la ana eƒe dzidzimeviwo, eye “Mawu . . . mate ŋu aka aʋatso o.”Tito 1:2; 1 Mose 12:7.

Ke hã Yehowa de se be woatsrɔ̃ anyigba la dzi tɔ aɖewo ɖa keŋkeŋ le edzi. (5 Mose 7:1, 2) Yehowa, ‘xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la’ dzɔdzɔe la dzro ame ɖe sia ɖe ƒe dzi me eye wòkpɔe be vɔ̃ɖinyenye kple agbe maɖɔʋu nɔnɔ ƒo ke ɖe to ɖe woƒe dziwo me. (1 Mose 18:25; 1 Kronika 28:9) Aleke agbea nɔ na Raxab le du ma si Mawu bu fɔe la me? Míate ŋu akpɔ ale si wòse le eɖokui me esime wòse Israel viwo ŋuti nyawo la le susu me. Esee be Israel ƒe Mawu la na ablɔɖe eƒe dukɔa, siwo nye kluvi siwo wote ɖe anyi la, tso Egiptetɔwo si me eye wòtu nu kple Egipte ʋakɔ si sesẽ wu ɖe sia ɖe ɣemaɣi la ale be wotsrɔ̃ keŋkeŋ. Eye fifia Israel viwo le klalo be yewoadze Yerixo dzi! Ke hã du ma me tɔwo ganɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi. Mewɔ nuku o be Biblia gblɔ tso Raxab detɔ siwo nye Kanaantɔwo ŋu be wonye ‘tosẽlawo.’Hebritɔwo 11:31.

Gake Raxab ya to vovo. Anɔ eme be enɔ ŋugble dem tso nya siwo wòse tso Israel viwo kple woƒe Mawu, Yehowa, ŋu la ŋu ƒe geɖe. Vovototo gã aɖe nɔ Kanaantɔwo ƒe mawuwo kple Israel viwo ƒe Mawu la dome! Israel viwo ƒe Mawua wɔ aʋa na eƒe dukɔa, mete wo ɖe anyi o, eye mebia subɔsubɔkɔnu siwo aɖi gbɔ wo la tso wo si o, ke boŋ eɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo na wo. Mawu sia de asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu, mebu wo be wonye gbɔdɔdɔ ƒe kɔɖinu siwo ta woaxe fe ɖo abe adzɔnu siwo dzram wole ene alo azã wo le subɔsubɔkɔnu ɖigbɔwo me o. Esi Raxab see be Israel viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yordan ƒe go kemɛ dzi eye wole klalo be yewoadze woƒe dua dzi la, ɖewohĩ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wo detɔwo dzi la anya te ɖe edzi vevie. Ðe Yehowa de dzesi Raxab hekpɔ nu nyui aɖe le eyama mea?

Egbea la, ame geɖewo ƒe nɔnɔme ɖi Raxab tɔ. Wova kpɔ wo ɖokuiwo le nɔnɔme aɖe si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o la me, bubu klo le wo ŋu eye womegakpɔa dzidzɔ o; wosena le wo ɖokuiwo me be yewomele ɖeke me o eye amewo medea asixɔxɔ aɖeke yewo ŋu o. Raxab ƒe ŋutinyaa nye akɔfanya si na míeka ɖe edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na Mawu. Ɛ̃, aleke kee míesena le mía ɖokui me o, Mawu “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Etsɔ ɖe mía gbɔ, eye wòdi vevie be yeana mɔkpɔkpɔ ame siwo katã xɔ eyama dzi se. Ðe Raxab xɔ edzi sea?

EXƆ ŊKUTSALAWO

Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ hafi Israel viwo nava zɔ aƒo xlã Yerixo dua la, amedzro eve va ƒo ʋɔ na Raxab. Ŋutsu eveawo susui be ame aɖeke ƒe susu mava yewo dzi o, gake le ɣeyiɣi ma si me dua me tɔwo nɔ vɔvɔ̃m me la, ame geɖe nɔ ŋudzɔ be yewoade dzesi ŋkutsala ɖe sia ɖe si atso Israel viwo dome age ɖe yewoƒe dua me. Raxab si léa ŋku ɖe nu ŋu la anya de dzesi ŋutsu siawo kaba be  amedzrowoe wonye. Menye ɖe amedzrowo mevaa eƒe me o, gake nu si wɔ nuku nɛ ye nye be dzeƒe dzaa ko dim ŋutsu eve siawo ya nɔ, ke menye gbolo gbɔe wova o.

Le nyateƒe me la, Israel viwo ƒe ŋkutsalawoe ŋutsu eveawo nye. Woƒe aʋafia, Yosua, dɔ wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Yerixo ahakpɔe ɖa be enye dukɔ sesẽ loo alo mesesẽ o hã. Du siae nye Kanaantɔwo ƒe du gbãtɔ si dzi Israel viwo adze, eye anɔ eme be eya kee nye du sesẽtɔ hã. Yosua di be yeanya ame siwo ye kple yeƒe amewo yewole aʋa kpe ge kple la. Ðikeke mele eme o be ɖe ŋkutsalaawo ɖoe koŋ yi Raxab ƒe me. Wonyae be esi wònye gbolo ƒe mee ta la, ame aɖeke matsi dzi be amedzrowo va afi ma o. Ðewohĩ ŋkutsalaawo nɔ mɔ kpɔm hã be yewoase nya vevi aɖewo tso nyɔnu sia gbɔ le eya ŋutɔ ƒe manyamanya me.

Biblia gblɔ be Raxab ‘xɔ amedɔdɔawo nyuie.’ (Yakobo 2:25) Ena woge ɖe aƒea me, eye nenye be enɔ nya geɖe biam eɖokui tso ame si ƒomevi ŋutsu siawo nye kple nu si tae wova dua me ɖo ŋu hã la, ena dzeƒe wo. Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa, woƒe Mawu la ŋu.

Gake kasia, amedɔdɔwo tso Yerixo fia gbɔ va do! Dua me tɔwo see be ŋkutsalawo tso Israel viwo dome va dze Raxab ƒe me. Nu kae Raxab awɔ? Ne ekpɔ amedzro eve mawo ta la, ɖe esia mana eya ŋutɔ kple eƒe aƒekɔ bliboa ƒe agbe naɖo afɔku me oa? Ne etsɔ futɔ siawo ɣla la, ɖe Yerixotɔwo mawu woa kple eƒe ƒometɔwo katã oa? Evɔ fifia, Raxab nya ame siwo ŋutsu siawo nye. Ne enya xoxo be Yehowa nye Mawu si nyo sãsãsã wu yewoƒe mawuwo la, ɖe wòkpɔe be esia nye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeanɔ Yehowa ƒe akpa dzia?

Ɣeyiɣi kpui aɖe koe nɔ Raxab si be wòatso nya me le nu si wòawɔ ŋu, gake ewɔ susu ŋu dɔ heɖe afɔ kaba. Eɣla ŋkutsalaawo ɖe ɖetifuti siwo wòsia ɖe eƒe xɔta la me. Eyome egblɔ na fia ƒe amedɔdɔawo be: “Ele eme be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afi si wotso o. Esi anyigba tsyɔ, eye wole agbo tu ge la, ŋutsuawo do go, gake nyemenya afi si woyi o; miti wo yome kaba, elabena miate ŋu atu wo!” (Yosua 2:4, 5) Bu eŋu kpɔ be Raxab ye nye ema le fia ƒe amedɔdɔawo ƒe ŋkume kpɔm. Ðe wòvɔ̃ be ɖewohĩ woade dzesii be yeƒe dzi le tsotsoma?

Raxab de eƒe agbe afɔku me esi wòɣla Yehowa subɔla eve ɖe ɖetifutiwo me

Raxab ƒe ayedzedzea dze edzi nɛ! Fia ƒe amedɔdɔawo de afɔ du me ɖo ta Yordan ƒe tɔtsoƒe la. (Yosua 2:7) Anɔ eme be Raxab gbɔ fuu azɔ. To aɖaŋudzedze vi aɖe me la, efia mɔ bubu ŋutsu amewula mawo siwo medze be woanya nyateƒea o la, eye wòkpɔ Yehowa subɔla fɔmaɖilawo ƒe agbe ta.

Raxab ɖe abla trɔ yi eƒe xɔta ɖagblɔ nu si wòwɔ la na ŋkutsala eveawo. Eʋu go nyateƒenya vevi aɖe hã, si nye be: Dzi ɖe le eƒe dukɔa ƒo eye ŋɔdzi  lé wo le Israel viwo ta. Nya nyui sia anya do dzidzɔ na ŋkutsalaawo ŋutɔ. Israel ƒe Mawu, Yehowa, ƒe ŋusẽ na ŋɔdzi lé Kanaantɔ vɔ̃ɖi mawo! Esia yome la, Raxab gagblɔ nya aɖe si gale vevie na mí wu; egblɔ be: “Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii.” (Yosua 2:11) Nya siwo wòse tso Yehowa ŋu la sɔ gbɔ be wòasrɔ̃ nu vevi sia tso eme be: Israel viwo ƒe Mawua nye Mawu si dzi yeate ŋu aka ɖo. Ɛ̃, exɔ Yehowa dzi se.

Raxab nyae be Yehowa atsɔ yewoƒe dukɔa ade asi na Israel viwo godoo. Eya ta eɖe kuku na ŋkutsalaawo be woakpɔ nublanui na ye, eye wòƒo koko na wo be woakpɔ ye kple yeƒe ƒometɔwo ta. Ŋkutsalaawo lɔ̃ ɖe Raxab ƒe biabiaa dzi nɛ, eye wogblɔ nɛ be megakɔ nu le nya sia dzi o, eye ele be wòatsɔ ka dzĩ atsi ɖe eƒe fesre si le dua ƒe gli dzi la ŋu ale be asrafoawo nate ŋu akpɔ woa kple eƒe ƒometɔwo ta.Yosua 2:12-14, 18.

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Raxab gbɔ ku ɖe xɔse ŋu. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “nu si wose la mee xɔse tsona.” (Romatɔwo 10:17) Ese nya siwo ŋu kakaɖedzi le la tso Yehowa Mawu ƒe ŋusẽ kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eya ta eka ɖe Yehowa dzi eye wòxɔ edzi se. Egbea, Yehowa ŋuti nya geɖe wu li míate ŋu asrɔ̃. Ðe míadi be míanya eyama eye míaɖe mɔ nu siwo míesrɔ̃ le eƒe Nya, Biblia, me nakpe ɖe mía ŋu míaxɔ edzi asea?

DU SESẼ AÐE ƑE GLI NYADRIWO MU

Ŋkutsala eveawo ɖiɖi kple ka to fesrea nu ɖe anyi hesi ɖo ta towo dzi abe ale si Raxab ɖo aɖaŋu na wo ene. Agado geɖewo le Yerixo ƒe dziehe tonutowo me, siwo me ŋkutsalawo ate ŋu abe ɖo, va se ɖe esime woatrɔ ayi Israel ƒe asaɖaa me dedie aɖagblɔ nya nyui siwo wose tso Raxab nu la na wo tɔwo.

Raxab xɔ Israel viwo ƒe Mawu la dzi se

Emegbe la, ŋɔdzi lé Yerixo dua me tɔwo vevie esi wosee be Yehowa na Yordan Tɔsisia tso nukutɔe ale be Israel viwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi to tɔʋua me ɖi go ɖe go kemɛ dzi. (Yosua 3:14-17) Gake ɖeko nya mawo sese gado ŋusẽ Raxab ya ƒe xɔse be Yehowa akpɔ yewo ta.

Esia megbee Israel viwo te azɔli legbeea zɔzɔ ƒo xlã Yerixo dua, gbe ɖeka zi ɖeka hena ŋkeke ade. Ŋkeke adrelia ɖo azɔ, eye enɔ etɔxɛ. Abe ale si wòdze le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, wodze azɔlia gɔme esime agu dze, eye esi asrafoawo ƒo xlã dua godoo va kpe vɔ la, wogayi azɔlia dzi nɔ xlã ƒom Yerixo zi gbɔ zi geɖe. (Yosua 6:15) Nu ka wɔm Israel viwo nɔ?

Mlɔeba la, esi wozɔ ƒo xlã dua zi adrelia le ŋkeke adrelia dzi vɔ la, wotɔ te. Wodzudzɔ lãdzoawo kuku. Ðoɖoe zi toŋtoŋ. Dua me tɔwo anya tsi dzodzodzoe ŋutɔ. Eyome Yosua wɔ dzesi na Israel ƒe aʋakɔ la, ale wokɔ gbe dzi zi gbãtɔ hedo aʋaɣli sesĩe. Ðe dzɔla siwo le Yerixo ƒe glia dzi la susu be amedzidzedze ƒe mɔnu sagaa aɖee ɣlidodo sia nyea? Ne nenemae la, ke eteƒe medidi hafi wokpɔe be yewoda ƒu o. Gli kɔkɔ nyadri la te ʋuʋu le wo te. Efe, eye wòmu dze anyi gbloo! Ale ʋuʋu de dzi kɔtɔɔ. Esi ya me kɔ la, aƒe ɖeka aɖe ya gakpɔtɔ li dedie. Ɛ̃, Raxab ƒe aƒea ya memu o le xɔse si nɔ esi ta. Bu ale si wòanya se le eɖokui mee esi wòkpɔe be Yehowa kpɔ ye ta la ŋu kpɔ ko! * Eƒe ƒomea tsi agbe!Yosua 6:10, 16, 20, 21.

Yehowa ƒe amewo hã de bubu Raxab ŋu le eƒe xɔse ta. Esi wokpɔ be aƒe ɖeka ma koe gale te le gli gbagbãwo dome la, wonya enumake be Yehowa li kple nyɔnu sia. Woa kple eƒe ƒometɔwo tsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si Mawu he va du vɔ̃ɖi ma dzi la me. Esi aʋaa ke la, wona nɔƒe Raxab ɖe Israel ƒe asaɖa la xa. Emegbe Raxab ŋutɔ hã va zu Yuda dukɔa me tɔ. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Salmon ɖee wòzu srɔ̃a. Wodzi ŋutsuvi si ŋkɔe nye Boas si tsi va zu ame si si xɔse ɖedzesi le. Boas va ɖe Rut, Moabitɔ la. * (Rut 4:13, 22) Fia David kpakple Mesia la ŋutɔ, si nye Yesu Kristo, siaa do tso ƒome ɖedzesi ma me.Yosua 6:22-25; Mateo 1:5, 6, 16.

Raxab ƒe ŋutinyaa na míekpɔe be Yehowa dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Eléa ŋku ɖe mí katã ŋu, enya nu si le dzi me na mí, eye wòdoa dzidzɔ nɛ ne ekpɔe be xɔse le mía si abe Raxab ene. Eƒe xɔse ʋãe wòɖe afɔ. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, ‘wobu Raxab, ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me.’ (Yakobo 2:25) Aleke gbegbe wòanyoe nye esi be míasrɔ eƒe xɔse!

^ mm. 27 Eɖe dzesi ŋutɔ be Yehowa da asi ɖe nubabla si ŋkutsala eveawo wɔ kple Raxab la dzi.

^ mm. 28 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso Rut kple Boas ŋu le “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” ƒe nyati siwo dze le July 1 kple October 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me.